bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Matthew 25
Matthew 25
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 24
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 26 →
1
“Dziƒofiaɖuƒea ɖi ɖetugbi ewo, siwo tsɔ woƒe akaɖiwo, eye wodo yi be yewoaɖakpe ŋugbetɔsrɔ̃.
2
Wo dometɔ atɔ̃ nye movitɔwo, ke atɔ̃ nye nunyalawo.
3
Esi movitɔawo tsɔ woƒe akaɖiawo la, wometsɔ ami kpe ɖe wo ŋuti o.
4
Ke nunyalawo ya tsɔ ami ɖe nugoewo me kpe ɖe woƒe akaɖiawo ŋu.
5
Ŋugbetɔsrɔ̃a meva ɖo kaba o, eya ta alɔ̃ tsɔ wo, eye wodɔ alɔ̃.
6
“Le zã titina la, ɣli ɖi be: ‘Mikpɔ ɖa, ŋugbetɔsrɔ̃a va ɖo vɔ! Mido yi ɖakpee loo!’
7
Tete ɖetugbi ewoawo fɔ kpla hesi woƒe akaɖiawo.
8
Movitɔawo gblɔ na nunyalaawo be: ‘Míaƒe akaɖiawo le tsitsim. Miku miaƒe amia ɖe na mí míade wo me.’
9
Ke nunyalaawo ɖo eŋu na wo be: ‘Ao, esi le mía si la, made mía kple miawo nu o. Miheyi ɖe edzralawo gbɔ boŋ ne miadzee.’
10
Ke esime woyi edzeƒe la, ŋugbetɔsrɔ̃a va. Ame siwo dzra ɖo la kpe ɖe ŋugbetɔsrɔ̃a ŋuti yi srɔ̃ɖeƒea, eye wotu ʋɔa.
11
Emegbe la, ɖetugbi atɔ̃ kemɛawo hã va le gbɔgblɔm be: ‘Aƒetɔ, Aƒetɔ, ʋu ʋɔa na mí!’
12
Ke egblɔ do ɖe wo be: ‘Nyemenya mi o.’
13
Eya ta minɔ ŋudzɔ elabe mienya ŋkeke la alo gaƒoƒo la o.”
14
“Dziƒofiaɖuƒea ɖi ŋutinya sia: ‘Ŋutsu aɖe le nugbe yim. Eyɔ eƒe dɔlawo, eye wòtsɔ eƒe nunɔamesiwo de wo si.
15
Ena sikaga akpe atɔ̃ ame ɖeka, ena akpe eve ame bubu, eye wòna akpe ɖeka ame etɔ̃lia; wo dometɔ ɖe sia ɖe ɖe eƒe ŋutete nu, eye wòdzo yi nua gbe.
16
Azɔ ame si xɔ sikaga akpe atɔ̃ la yi ɖatrɔ le ga la dzi eye wòɖe vi sikaga akpe atɔ̃.
17
Nenema ke ame si xɔ sikaga akpe eve la hã ɖe vi sikaga akpe eve.
18
Ke ame si xɔ sikaga akpe ɖeka la dzo yi ɖaɖe do hetsɔ eƒe aƒetɔ ƒe ga la ɣla ɖe eme.’
19
Le ɣeyiɣi didi aɖe megbe la, dɔla mawo ƒe aƒetɔa gbɔ va, eye wòwɔ akɔnta kpli wo.
20
Dɔla si xɔ sikaga akpe atɔ̃ la tsɔ akpe atɔ̃ bubu vɛ hegblɔ be: ‘Aƒetɔ, sikaga akpe atɔ̃e nètsɔ nam, ke meɖe vi akpe atɔ̃ bubu ɖe wo dzi.’
21
Eƒe aƒetɔa gblɔ nɛ be: ‘Ehɛ̃! Dɔla nyui nuteƒewɔla. Èwɔ nuteƒe le nu ʋɛwo me, eya ta matsɔ wò aɖo nu geɖe nu. Va ge ɖe nye dzidzɔ la me.’
22
Ame si xɔ sikaga akpe eve la hã va gblɔ be: ‘Aƒetɔ, sikaga akpe evee nètsɔ nam, ke meɖe vi akpe eve bubu ɖe wo dzi.’
23
Eƒe aƒetɔa gblɔ nɛ be: ‘Ehɛ̃! Dɔla nyui nuteƒewɔla. Èwɔ nuteƒe le nu ʋɛwo me, eya ta matsɔ wò aɖo nu geɖe nu. Va ge ɖe nye dzidzɔ la me.’
24
Tete ame si xɔ sikaga akpe ɖeka la hã va hegblɔ be: ‘Aƒetɔ, menya be ame sesẽ nènye. Èŋea nu le afi si mèƒã nu ɖo o, eye èƒoa nu ƒu le afi si mèwu nu ɖo o la.
25
Mevɔ̃, eya ta medzo yi ɖaɖi wò ga la ɖe do me. Kpɔ ɖa, xɔ wò nu.’
26
Eƒe aƒetɔa ɖo eŋu nɛ be: ‘Wò dɔla vɔ̃ɖi kuviatɔ! Ne ènyae be meŋea nu le afi si nyemeƒã nu ɖo o, eye meƒoa nu ƒu le afi si nyemewu nu ɖo o la,
27
ekema ɖe wòle be nàtsɔ nye ga la na gasitsalawo, ale be ne metrɔ gbɔ va la, maxɔ nye nu kple deme.
28
Aa! Mixɔ ga la le esi miatsɔ na ame si si sikaga akpe ewo le la.
29
Elabe ame sia ame si si nu le la, woatsɔ nu geɖe wu akpee nɛ, ne nu si le esi la nasɔ gbɔ fũu. Ke ame si si naneke mele o la, nu sue si le esi la hã, woaxɔe le esi.
30
Dɔla ɖigbɔ sia meganyo na naneke o. Eya ta mitsɔe ƒu gbe ɖe xexe ɖe viviti tsiɖitsiɖia me. Afi mae wòafa avi ahaɖu aɖukli le.’ ”
31
“Ne Amegbetɔ Vi la va do le eƒe ŋutikɔkɔe me, eye mawudɔlawo katã le eŋu la, abɔbɔ nɔ eƒe ŋutikɔkɔefiazikpuia dzi.
32
Aƒo dukɔwo katã nu ƒu ɖe eŋkume, eye wòama wo me tso wo nɔewo gbɔ, abe ale si alẽkplɔla maa alẽwo tso gbɔ̃wo gbɔe la ene.
33
Ana alẽawo nanɔ eƒe ɖusime, eye gbɔ̃awo nanɔ eƒe miame.
34
Fia la agblɔ na ame siwo le eƒe ɖusime la be: ‘Miva, mi ame siwo Tɔ́nye yra. Minyi fiaɖuƒe si wodzra ɖo ɖi na mi, tso keke xexea me ƒe gɔmedzeɣi la ƒe dome;
35
elabe dɔ wum, eye miena num meɖu. Tsikɔ wum, eye miena tsim meno. Menye amedzro dze mia gbɔ eye miexɔm atuu.
36
Menɔ amama, eye miena awum medo. Menɔ dɔ lém, eye mieva srãm kpɔ. Menɔ gaxɔ me, eye mieva kpɔm ɖa.’
37
Tete ame dzɔdzɔeawo aɖo eŋu abiae be: ‘Aƒetɔ, gbe ka gbee míekpɔ wò, dɔ nɔ wuwòm, eye míena nu wò nèɖu, alo tsikɔ nɔ wuwòm eye míena tsi wò?
38
Gbe ka gbee nènye amedzro dze mía gbɔ, eye míexɔ wò atuu, alo nèle amama, eye míena awu wò nèdo?
39
Gbe ka gbee nènɔ dɔ lém, eye míeva srã wò kpɔ, alo nèle gaxɔ me eye míeva kpɔ wò ɖaa?’
40
Tete Fia la aɖo eŋu na wo be: ‘Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be nu sia nu si miewɔ na nɔvinye sue siawo dometɔ ɖeka ko la, nyee miewɔe na.’
41
Ke Fia la agblɔ na ame siwo le eƒe miame la be: ‘Mite ɖa le gbɔnye, mi ame siwo woƒo fi de. Miyi ɖe dzo mavɔ, si wodzra ɖo ɖi na Abosam kple eƒe dɔlawo la me.
42
Elabe dɔ wum, ke miena nuɖuɖum o. Tsikɔ wum, ke miena tsim o.
43
Menye amedzro dze mia gbɔ, ke miexɔm o. Menɔ amama, ke miena awum medo o. Menɔ dɔ lém, ke mieva srãm kpɔ o. Menɔ gaxɔ me, ke mieva kpɔm ɖa o.’
44
Tete woawo hã woaɖo eŋu be: ‘Aƒetɔ, gbe ka gbee míekpɔ wò dɔ nɔ wuwòm, alo tsikɔ nɔ wuwòm, alo nènye amedzro dze mía gbɔ, alo nèle amama, alo nènɔ dɔ lém, alo nèle gaxɔ me, eye míekpe ɖe ŋuwò o mahã?’
45
Fia la aɖo eŋu na wo be: ‘Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be nu sia nu si miewɔ na nɔvinye sue siawo dometɔ ɖeka o ko la, nyee miewɔe na o.’
46
Ame siawo ayi ɖe fukpekpe mavɔ me, ke ame dzɔdzɔeawo ayi ɖe agbe mavɔ la me.”
← Chapter 24
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 26 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28