bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Matthew 27
Matthew 27
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 26
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 28 →
1
Esi ŋu ke ŋdi la, nunɔlagãwo kple dumegãwo katã de adaŋu be yewoawu Yesu.
2
Woblae, eye wokplɔe yi ɖade asi na Pilato, Roma-dziɖuɖua ƒe mɔ́mefia la.
3
Esi Yuda, ame si fia eyome mɔ la kpɔ be wotso kufia na Yesu la, evee, ale wògbugbɔ klosaloga bla etɔ̃ la yi na nunɔlagãwo kple dumegãwo
4
gblɔ be: “Mewɔ nuvɔ̃ elabe mena wokɔ ame maɖifɔ ƒe ʋu ɖi.” Ke woɖo eŋu be: “Ema meka mí o. Wò ŋutɔ wò nyae.”
5
Yuda tsɔ ga la ƒu gbe ɖe mawuxɔa me, eye wòdzo yi ɖade ka ve.
6
Nunɔlagãwo yi ɖatsɔ ga la, eye wogblɔ be: “Ʋuƒlegae, eya ta se meɖe mɔ be woatsɔe ade nudzɔdzɔ me o.”
7
Esia ta wode adaŋu le ga la ŋuti. Wotsɔe ƒle zemela ƒe anyigba be wòanye amedzrowo ɖiƒe.
8
Eya ta woyɔa anyigba ma be: “Ʋunyigba” va se ɖe egbe.
9
Ale Mawu ƒe gbeƒãɖela Yeremya ƒe gbeƒãɖeɖe va eme be: “Wotsɔ klosaloga bla etɔ̃ si woxe ɖe ame si ŋu Israel vi aɖewo do asi ɖo la,
10
ƒle zemela ƒe anyigba, abe ale si Aƒetɔ la di be mawɔe la ene.”
11
Yesu le tsitre ɖe mɔ́mefia la ŋkume. Tete mɔ́mefia la biae be: “Wòe nye Yudatɔwo ƒe fia laa?” Yesu ɖo eŋu be: “Ègblɔe ɖe eteƒe.”
12
Esi nunɔlagãwo kple dumegãwo nɔ eƒe fɔɖinyawo gblɔm nɛ la, meɖo nya aɖeke ŋu o.
13
Tete Pilato biae be: “Ɖe mèle ɖase si ɖim wole le ŋutiwò la sem oa?”
14
Ke meɖo nya ɖeka pɛ gɔ̃ hã ŋu nɛ o. Esia wɔ mo yaa na mɔ́mefia la ŋutɔ.
15
Le Paska ɖe sia ɖe dzi la, mɔ́mefia la ɖea asi le gamenɔla ɖeka aɖe, si amehawo di la ŋuti.
16
Ɣe ma ɣi la, gamenɔla aɖe, si ŋkɔe nye [Yesu] Baraba si amewo nya nyuie ɖe eƒe nu vlo wɔwɔ ta la le wo si.
17
Esi ameha la ƒo ƒu la, Pilato bia wo be: “Ame ka ŋu miedi be maɖe asi le na mi: [Yesu] Baraba loo, alo Yesu si woyɔna be Kristo la ma hã?”
18
Elabe Pilato dze sii be ŋuʋaʋã tae wode Yesu asi ɖo.
19
Esime wòbɔbɔ nɔ ʋɔnudrɔ̃zikpuia dzi la, srɔ̃a ɖo du ɖee be: “Mègawɔ naneke ame dzɔdzɔe ma o, elabe tsɔ ƒe zã la, mekpe fu geɖe le drɔ̃e me le eta.”
20
Nunɔlagãwo kple dumegãwo ƒoe ɖe amehaawo nu be woabia tso Pilato si be wòaɖe asi le Baraba ŋu, eye wòawu Yesu.
21
Mɔ́mefia la gabia wo be: “Ame eveawo dometɔ ka ŋue miedi be maɖe asi le na mi?” Woɖo eŋu be: “Baraba!”
22
Pilato bia wo be: “Ekema nu kae miedi be mawɔ Yesu, si woyɔna be Kristo la ma hã?” Wo katã wogblɔ be: “Na woaklãe ɖe ati ŋu!”
23
Ke Pilato bia be: “Nu vɔ̃ ka gɔ̃ wòwɔ?” Tete wode asi ɣlidodo me sesĩe be: “Na woaklãe ɖe ati ŋu!”
24
Esi Pilato kpɔ be wɔna aɖeke megali o, ke boŋ zi di be yeatɔ la, etsɔ tsi klɔ asi le ameha la ŋkume gblɔ be: “Nye asi mele ŋutsu sia wuwu me o.”
25
Ameawo katã ɖo eŋu hoo be: “Eƒe ʋu neva mí kple mía viwo dzi!”
26
Tete Pilato ɖe asi le Baraba ŋu na wo. Ke esi wòna woƒo Yesu vɔ la, eɖe asi le eŋu be woaklãe ɖe ati ŋu.
27
Tete mɔ́mefia la ƒe asrafowo kplɔ Yesu yi ɖe akpata la me, eye asrafoha blibo la ƒo ƒu ɖe eŋuti.
28
Woɖe eƒe awuwo le eŋu, eye wotsɔ awu ʋlaya dzĩ do nɛ.
29
Wotsɔ ŋuka lɔ̃ fiakuku ɖɔ nɛ, eye wotsɔ ati aɖe nɛ wòlé ɖe nuɖusi. Wodze klo ɖe eŋkume, ɖu fewu le eŋu gblɔ be: “Yudatɔwo ƒe fia la nenɔ agbe tegbee.”
30
Woɖe ta ɖe eŋu eye woxɔ atia le esi ƒo tame nɛ.
31
Esi woɖu fewu le eŋuti vɔ la, woɖe awu dzĩ la le eŋu, eye wotsɔ eya ŋutɔ ƒe awuawo gado nɛ. Wokplɔe do goe be woaɖaklãe ɖe ati ŋuti.
32
Esi wodo yina la, wodo go ŋutsu aɖe, si ŋkɔe nye Simon. Etso Kirene. Asrafoawo zi ŋutsu sia dzi be wòatsɔ Yesu ƒe atitsoga la.
33
Wova ɖo teƒe aɖe, si ŋkɔe nye Ametakoliƒe. Woyɔnɛ le Hela-gbe me be Golgata.
34
Wotsɔ wain si wotɔtɔ kple veve la nɛ be wòano. Ke esi wòɖɔe kpɔ la, egbe be yemanoe o.
35
Esi woklãe ɖe ati ŋu vɔ la, wodzidze nu ɖe eƒe awuwo dzi eye woma wo ɖe wo nɔewo dome. [Esia wu Mawu ƒe gbeƒãɖela ƒe nya nu be: “Woma nye nudodo ɖe wo nɔewo dome eye wodzidze nu ɖe nye awu dzi.”]
36
Esia megbe la, wobɔbɔ nɔ anyi henɔ eŋu dzɔm.
37
Woŋlɔ eƒe nutsonya ɖe etame be: “YESU, YUDATƆWO ƑE FIA LAE NYE ESI.”
38
Woklã adzodala eve hã ɖe ati ŋu kpe ɖe Yesu ŋu. Ɖeka le eƒe ɖusime, eye evelia le eƒe miame.
39
Ame siwo va le afi ma tom le yiyim la, le feŋu ɖum le eŋu, le edzum, le ta ʋuʋum le gbɔgblɔm be:
40
“Wò ame si gblɔ be yeagbã mawuxɔ la agagbugbɔ atu le ŋkeke etɔ̃ mea, wòe nye esia? Ɖe ɖokuiwò! Nenye Mawu Vi nènye la, ɖi le atitsoga la ŋu.”
41
Nunɔlagãwo, agbalẽfialawo kple dumegãwo hã ɖu fewu le eŋuti nenema ke gblɔ be:
42
“Exɔ ame bubuwo ɖe agbe, ke mate ŋu axɔ na eɖokui o. Nenye Israel-fia wònye la, ekema neɖi le atitsoga la ŋu fifia ne míaxɔ edzi ase.
43
Eɖoa dzi ɖe Mawu ŋu elabe egblɔ be Mawu Vi yenye. Nenye be Mawu lɔ̃e nyateƒe la, neva xɔ nɛ azɔ.”
44
Nenema ke adzodala siwo woklã ɖe ati ŋu kpe ɖe eŋuti la hã dzui.
45
Tso ŋdɔ ga wui eve me la, viviti do ɖe xexea me katã va se ɖe ɣetrɔ ga etɔ̃ me.
46
Le ɣetrɔ ga etɔ̃ me lɔƒo la, Yesu do ɣli sesĩe be: “Nye Mawu, nye Mawu, nu ka ta nègblẽm ɖi?” Le wo degbe me la, wogblɔnɛ be: “Eli, Eli, lama sabaxtani?”
47
Esi ame siwo tsi tsitre ɖe afi ma la dometɔ aɖewo se eƒe nyawo la, wogblɔ be: “Ŋutsu sia le Eliya yɔm.”
48
Enumake wo dometɔ ɖeka ƒu du yi ɖatsɔ tsilɔnu, kɔ wain veve ɖe eme fũu, tɔe ɖe ati nu heɖo nu nɛ be wòano.
49
Ke ame bubuwo gblɔ be: “Milala. Mina míakpɔe ɖa be Eliya ava xɔe ɖe agbe mahã?”
50
Yesu gado ɣli sesĩe, eye wòmia nu.
51
Tete mawuxɔmetsovɔ la ma ɖe eve siã, tso etame va se ɖe egɔme. Anyigba ʋuʋu, eye agakpewo wó.
52
Agado siwo me woɖia ame ɖo la hã ʋu, eye wofɔ ame kɔkɔe geɖe siwo ku la ɖe tsitre.
53
Esi Yesu fɔ tso ame kukuwo dome vɔ megbe la, ame kɔkɔeawo do go le agadoawo me yi ɖe Yerusalem, du kɔkɔe la me, ɖaɖe wo ɖokui fia ame geɖe.
54
Ke esi asrafoawo dzikpɔla kple ame siwo kpe ɖe eŋuti hele Yesu ŋu dzɔm la kpɔ ale si anyigba ʋuʋui kple nu si va dzɔ la, vɔvɔ̃ ɖo wo, eye wogblɔ be: “Nyateƒee, Mawu Vie nye ame sia!”
55
Nyɔnu geɖe siwo dze Yesu yome tso Galilea henɔ esubɔm la hã nɔ afi ma, nɔ adzɔge ke, hele nu kpɔm.
56
Nyɔnu siawo dometɔ aɖewo nye: Maria Magdalatɔ, Maria, si nye Yakobo kple Yosef nɔ kple Zebedeo srɔ̃.
57
Le fiẽ me la, ŋutsu kesinɔtɔ aɖe, si ŋkɔe nye Yosef, tso Arimatia, ame si hã nye Yesu ƒe nusrɔ̃la aɖe la, va do.
58
Eyi Pilato gbɔ ɖabiae Yesu ƒe kukua. Tete Pilato ɖe gbe be woatsɔe nɛ.
59
Yosef xɔ ame kukua, eye wòtsɔ aklala si fu tititi la xatsa ɖe eŋu.
60
Ekɔe yi ɖaɖi ɖe eƒe ameɖiƒe ɖe eya ŋutɔ ƒe yɔdo yeye, si wòɖe ɖe agakpe aɖe me la me. Emli kpe gã aɖe tu agadoa nu, eye wòdzo.
61
Maria Magdalatɔ kple Maria kemɛ wobɔbɔ nɔ afi ma hedze ŋgɔ yɔdo la.
62
Le Dzadzraɖoŋkeke ƒe ŋufɔke la, nunɔlagãwo kple Farisitɔwo kpe ta ɖe Pilato gbɔ.
63
Wogblɔ be: “Amegã, míeɖo ŋku edzi be esi ameblela ma le agbe la, egblɔ be: ‘Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, matsi tsitre.’
64
Eya ta na be woadzɔ yɔdoa ŋu va se ɖe ŋkeke etɔ̃a gbe. Ne míewɔ esia o la, eƒe nusrɔ̃lawo ava fii adzoe aɖagblɔ na amewo be: ‘Etsi tsitre tso ame kukuwo dome.’ Ne edzɔ alea la, aʋatso si woaka la, avɔ̃ɖi wu esi woka do ŋgɔ.”
65
Pilato gblɔ na wo be: “Dzɔlawo nye ekem; midzɔ eŋu ale si miate ŋui.”
66
Ale wodzo yi ɖatre kpea ɖe yɔdoa nu sesĩe, eye woda dzɔlawo ɖe afi ma.
← Chapter 26
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 28 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28