bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Matthew 28
Matthew 28
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 27
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
1
Le Dzudzɔgbe ƒe ŋufɔke, si nye kwasiɖa la ƒe ŋkeke gbãtɔ ƒe fɔŋli la, Maria Magdalatɔ la kple Maria kemɛ yi yɔdoa kpɔ ge ɖa.
2
Tete anyigba ʋuʋu elabe Aƒetɔ ƒe dɔla ɖi tso dziƒo va mli kpea ɖa le yɔdoa nu hebɔbɔ nɔ edzi.
3
Eƒe dzedzeme le abe dzikedzo ene, eye eƒe awu fu tititi abe aklala ene.
4
Dzɔlawo vɔ̃ henɔ dzodzom nyanyanya. Wotrɔ zu abe ame kukuwo ene.
5
Mawudɔla la gblɔ na nyɔnuawo be: “Migavɔ̃ o! Menyae be Yesu, ame si woklã ɖe ati ŋu la dim miele.
6
Mele afi sia o elabe etsi tsitre, abe ale si wògblɔe ɖi ene. Miva kpɔ afi si wòmlɔ la ɖa.
7
Azɔ la, miɖe abla yi ɖagblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be etsi tsitre tso ame kukuwo dome. Edze mia ŋgɔ yina Galilea. Miakpɔe le afi ma. Kpɔ ɖa, metoe na mi!”
8
Wodzo le yɔdoa gbɔ enumake. Wotsɔ vɔvɔ̃ kple dzidzɔ ƒu du be yewoaɖaka eta na eƒe nusrɔ̃lawo.
9
Sẽe la, Yesu va kpe wo gblɔ be: “Miɖo aƒe loo!” Wote ɖe eŋu, lé eƒe afɔ hede ta agu nɛ.
10
Yesu gblɔ na wo be: “Migavɔ̃ o. Miyi ɖagblɔ na nɔvinyeawo be woneyi Galilea. Woakpɔm le afi ma.”
11
Esime nyɔnuawo dzo yina la, dzɔlaawo dometɔ aɖewo yi ɖe dua me, eye wogblɔ nu siwo katã va dzɔ la na nunɔlagãwo.
12
Esi nunɔlagãwo kple dumegãwo kpe ta la, wode adaŋu, eye wotsɔ ga home aɖe na asrafoawo.
13
Wogblɔ na wo be: “Migblɔ be: ‘Esime míedɔ alɔ̃ le zã me la, eƒe nusrɔ̃lawo va fii dzoe.’
14
Ale be ne nya sia va ɖi mɔ́mefia la se gɔ̃ hã la, míalé nya la nu bene miagage ɖe nya me o.”
15
Togbɔ be dzɔlaawo xɔ ga la hewɔ ɖe nu si wogblɔ na wo la dzi hã la, nya la kaka ɖe Yudatɔwo dome va se ɖe egbe.
16
Azɔ nusrɔ̃la wuiɖekɛawo yi Galilea ɖe to, si Yesu fia wo da ɖi la dzi.
17
Esi wokpɔe la, wodze klo nɛ, ke ɖikeke nɔ wo dometɔ aɖewo me.
18
Yesu te va wo gbɔ, ƒo nu na wo gblɔ be: “Mawu tsɔ ŋusẽ si le dziƒo kple anyigba dzi la katã de asi nam.
19
Eya ta miheyi ɖawɔ dukɔwo katã woazu nye nusrɔ̃lawo. Miale mawutsi na wo ɖe Tɔ́ la kple Vi la kpakple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋkɔ me.
20
Mifia wo bene woawɔ nu siwo katã meɖo na mi la dzi. Mikpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ɣe sia ɣi va se ɖe xexea me ƒe nuwuwu.”
← Chapter 27
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28