bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Matthew 26
Matthew 26
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 25
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 27 →
1
Esi Yesu gblɔ nya siawo katã vɔ la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be:
2
“Mienya be esusɔ ŋkeke eve ne Paskaa naɖo edzi. Ɣeyiɣi ma me woatsɔ Amegbetɔ Vi la ade asi, be woaklã ɖe ati ŋuti.”
3
Tete nunɔlagãwo kple dumegãwo va kpe ta ɖe nunɔlagã Kayafa ƒe fiasã me.
4
Wowɔ ɖoɖo be yewoalé Yesu le adza me ahawui.
5
Ke wogblɔ be: “Manɔ ŋkekenyui la dzi o, ne menye nenema o la, zi atɔ le dukɔa me.”
6
Yesu yi ɖe Simon kpodɔlela ƒeme le Betania.
7
Esi wònɔ nuɖukplɔ̃ ŋu la, nyɔnu aɖe tsɔ amigoe si wotsɔ kpe tɔxɛ aɖe wɔe, esi me ami ʋeʋẽe xɔasi aɖe le la ɖe asi vɛ, eye wòtrɔ amia kɔ ɖe tame na Yesu.
8
Ke esi nusrɔ̃laawo kpɔ esia la, wodo dɔmedzoe hebia be: “Nu ka tae wòagblẽ amia nenema?
9
Woate ŋu adzra ami sia ho gã aɖe, eye woatsɔ ga la ana ame dahewo ɖe!”
10
Yesu dze si nu si gblɔm wole, ale wògblɔ na wo be: “Nu ka ta miele fu ɖem na nyɔnua? Nu dzeame ŋutɔ wònye wòwɔ nam.
11
Ame dahewo le mia gbɔ ɖaa, ke nye la, nyemanɔ mia gbɔ ɖaa o.
12
Esi nyɔnu sia tsɔ ami ʋeʋẽe sia kɔ ɖe nye ŋutilã dzi la, edzram ɖo hena ɖiɖi.
13
Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be afi sia afi si woaɖe gbeƒã Nyanyui sia le, le xexea me la, woaƒo nu le nu si nyɔnu sia wɔ la hã ŋuti atsɔ aɖo ŋku edzii.”
14
Azɔ la, nusrɔ̃la wui eveawo dometɔ ɖeka si woyɔna be Yuda Iskariot la yi ɖe nunɔlagãwo gbɔ,
15
eye wòbia be: “Nu ka mianam, ne made Yesu asi na mi?” Woxe klosaloga bla etɔ̃ nɛ.
16
Tso ɣe ma ɣi dzi la, enɔ mɔnu dim be yeatsɔ Yesu ade asi.
17
Le Abolo Maʋamaʋã Ŋkeke Nyui la ɖuɣi ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, nusrɔ̃lawo va Yesu gbɔ biae be: “Afi ka nàdi be míadzra ɖo na wò, nàɖu Paskalẽvia le?”
18
Eɖo eŋu na wo be: “Miyi ɖe dua me, ŋutsu ale gbɔ, eye miagblɔ nɛ be: ‘Nufiala la be yeƒe ɣeyiɣia gogo vɔ, eya ta, ye kple yeƒe nusrɔ̃lawo yewoaɖu Paskalẽvia le aƒewò me.’ ”
19
Nusrɔ̃laawo wɔ abe ale si Yesu di tso wo si la ene, eye wodzra ɖo na Paskaa.
20
Esi fiẽsi ɖo la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo bɔbɔ nɔ anyi be yewoaɖu nu.
21
Le nua ɖuƒe la, egblɔ na wo be: “Nyateƒe tom mele na mi be mia dometɔ ɖeka ladem asi.”
22
Nusrɔ̃laawo xa nu ŋutɔ esi wose nya sia, eye wobiae ɖekaɖeka be: “Aƒetɔ, nyee loo?”
23
Yesu ɖo eŋu be: “Ame si ƒe asi le agba la me dem kple tɔnye lae ladem asi.
24
Amegbetɔ Vi la le kuku ge, abe ale si woŋlɔe ɖi le eŋuti la ene, ke baba na ame si lade Amegbetɔ Vi la asi. Ne ɖe womegaxa nenem me ma dzi o la, ne enyo nɛ wu!”
25
Yuda, ame si fia eyome mɔ la hã bia be: “Aƒetɔ, nyee loo?” Yesu ɖo eŋu be: “Wòe gblɔe.”
26
Esi wole nua ɖum la, Yesu tsɔ abolo, eye esi wòda akpe ɖe eta la, eŋe eme eye wòtsɔe na eƒe nusrɔ̃lawo hegblɔ be: “Mixɔe ɖu; esia nye nye ŋutilã.”
27
Esia yome la, etsɔ wainkplu, eye esi wòda akpe to gbedodoɖa me ɖe eta la, etsɔe na wo gblɔ be: “Mi katã minoe.
28
Esia nye nye ʋu. Nubabla ƒe ʋu si le kɔkɔ ge ɖe anyi ɖe ame geɖewo ta hena nuvɔ̃wo tsɔtsɔke.
29
Mele egblɔm na mi be: nyemegale waintsetse sia me tsi no ge akpɔ o, va se ɖe gbe si gbe nye kple miawo míano wain yeye le Tɔ́nye ƒe fiaɖuƒea me.”
30
Esi wodzi akpedaha vɔ la, wodo go yi Amito la dzi.
31
Yesu gblɔ na wo be: “Le zã sia me la, mazu nuɖiaɖia na mi eye mi katã miade megbe le ŋunye elabe woŋlɔ ɖi be: ‘Mele alẽkplɔla la wu ge, eye alẽawo katã laka ahlẽ.’
32
Gake ne wofɔm ɖe tsitre agbagbee la, madze mia ŋgɔ ayi Galilea.”
33
Petro gblɔ nɛ be: “Ne mía tɔwo katã akpɔ nuɖiaɖia le ŋuwò ahasí adzo hã la, nye ya nyemagblẽ wò ɖi akpɔ o!”
34
Yesu gblɔ nɛ be: “Mele egblɔm na wò le nyateƒe me be, le zã sia me, hafi koklo naku atɔ la, èle nu gbe ge le gbɔnye zigbɔzi etɔ̃.”
35
Petro gblɔ be: “Ne ahiã be maku kpli wò gɔ̃ hã la, nyemagbe nu le gbɔwò akpɔ o!” Nusrɔ̃la bubuawo katã hã gblɔ nenema ke.
36
Azɔ la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo yi ɖe teƒe aɖe, si woyɔna be Getsemane. Egblɔ na wo be: “Mibɔbɔ nɔ afii ne maɖado gbe ɖa le afi mɛ ɖa.”
37
Ekplɔ Petro kple Zebedeo vi eveawo ɖe asi. Sẽe la, ede asi nuxaxa me, eye wònɔ dzodzom nyanyanya.
38
Egblɔ na wo be: “Nuxaxa yɔ nye ame blibo la me ale gbegbe be mebe maku gɔ̃. Minɔ afi sia, eye minɔ ŋudzɔ kplim.”
39
Esi wòzɔ yi ŋgɔ ʋɛ la, etsyɔ mo anyi hedo gbe ɖa gblɔ be: “Tɔ́nye, ne anyawɔ la, ekema na fukpekpekplu sia nato ŋunye ayi. Ke menye abe ale si medi la ene o, ke boŋ abe ale si wò ŋutɔ nèdi la ene.”
40
Etrɔ va nusrɔ̃laawo gbɔ, eye esi wòkpɔ wo wonɔ alɔ̃ dɔm la, egblɔ na Petro be: “Ko miete ŋu nɔ ŋudzɔ kplim gaƒoƒo ɖeka pɛ hã oa?
41
Minɔ ŋudzɔ, eye mido gbe ɖa bene miagadze tetekpɔ me o. Gbɔgbɔ la le klalo, ke ŋutilã la ya gbɔdzɔ.”
42
Yesu gayi zi evelia, eye wògado gbe ɖa gblɔ be: “Tɔ́nye, nenye be fukpekpekplu sia mate ŋu ato ŋunye ayi gbeɖe o, wònye ɖeko mano emenu godoo la, ekema nu si nèdi nam la neva eme.”
43
Esi wògatrɔ va nusrɔ̃laawo gbɔ la, ekpɔ be wogale alɔ̃ me ko elabe alɔ̃ bla woƒe ŋkuwo.
44
Yesu gagblẽ wo ɖi, eye wòyi ɖado gbe ɖa zi etɔ̃lia gagblɔ nya mawo ke.
45
Azɔ etrɔ va nusrɔ̃laawo gbɔ, eye wògblɔ na wo be: “Alɔ̃dɔdɔ dzi ko miegale le ɖiɖim ɖe emea? Mikpɔ ɖa, ɣeyiɣia de be woatsɔ Amegbetɔ Vi la ade asi na nuvɔ̃wɔlawo azɔ.
46
Mifɔ, mina mídzo. Kpɔ ɖa, ame si le yonyeme mɔ fiam la gogo!”
47
Esime wòganɔ nu ƒom la, Yuda si nye ame wui eveawo dometɔ ɖeka la va do. Ameha gã aɖe, si tso nunɔlagã kple dumegãwo gbɔ la le eyome. Wotsɔ yi kple kpo ɖe asi.
48
Ame si tsɔe de asi la ɖo dzesi aɖe da ɖi na ameawo be: “Ame si ƒe nu magbugbɔ lae nye ame la. Milée.”
49
Yuda zɔ va Yesu gbɔ enumake hegblɔ be: “Nufiala, fiẽ na wò!”, eye wògbugbɔ nu nɛ.
50
Yesu biae be: “Xɔ̃, nu si wɔ ge nèva la, wɔe kaba.” Tete ameha la te tu Yesu, eye wolée.
51
Ke ame siwo le Yesu gbɔ la dometɔ ɖeka ɖe eƒe yi le aku me hedza nunɔlagã la ƒe dɔla, eye wòkpa to nɛ.
52
Yesu gblɔ nɛ be: “Gbugbɔ wò yi la de eteƒe, elabe ame siwo katã tsɔa yi ɖe ame ŋu la, yi nue woatsi.
53
Ɖe nèbu be nyemate ŋu aɖe kuku na Tɔ́nye, ne wòaɖo eƒe dɔlawo ƒe aʋakɔwo wu wui eve gɔ̃ hã ɖem fifi laa oa?
54
Ke ne edzɔ nenema ɖe, ale ke lawɔ nu siwo woŋlɔ ɖi be woava adzɔ alea la lava emee?”
55
Azɔ la, Yesu trɔ ɖe ameha la ŋu gblɔ na wo be: “Ŋunyee mietso ɖo kple yi kple kpo be yewoava lé abe adzodala enea? Gbe sia gbe mebɔbɔ nɔ mawuxɔa me nɔ nu fiam, ke mielém kpɔ o.
56
Nu siawo katã dzɔ be woawu Mawu ƒe gbeƒãɖelawo ƒe nuŋɔŋlɔawo nu.” Tete nusrɔ̃laawo katã gblẽe ɖi, eye wosí dzo.
57
Azɔ ame siwo lé Yesu la kplɔe yi nunɔlagã Kayafa gbɔ, afi si agbalẽfialawo kple dumegãwo kpe ta ɖo.
58
Petro dze eyome, le adzɔge ʋĩi, zɔ ʋuu va ɖo nunɔlagã la ƒe akpata me. Ege ɖe eme, eye wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe dzɔlawo gbɔ be yeakpɔ nu si dzɔ la ƒe nuwuwu.
59
Azɔ nunɔlagãwo kple ʋɔnudrɔ̃lawo katã di ame siwo ava ɖi aʋatsoɖase ɖe Yesu ŋuti, ne yewoawui.
60
Togbɔ be aʋatsoɖaseɖila geɖewo do va hã la, womekpɔ nya aɖeke le eŋu o. Mlɔeba la, ame eve va
61
gblɔ be: “Ame sia gblɔ be: ‘Mate ŋu agbã mawuxɔ la, agagbugbɔe atu le ŋkeke etɔ̃ me.’ ”
62
Nunɔlagã la tsi tsitre bia Yesu be: “Nya si ame siawo tsɔ ɖe ŋuwò ɖe, màɖe ɖokuiwò nu oa?”
63
Ke Yesu zi kpi. Nunɔlagã la gblɔ nɛ be: “Metà Mawu gbagbe la na wò be nàgblɔe na mí, nenye wòe nye Kristo, Mawu Vi la.”
64
Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Ègblɔe ɖe eteƒe. Ke mele egblɔm na mi be tso fifia dzi heyina la, miakpɔ Amegbetɔ Vi la wòabɔbɔ nɔ Ŋusẽtɔ la ƒe ɖusime. Miakpɔe wòagbɔna le dziƒolilikpowo dzi.”
65
Tete nunɔlagã la dze eƒe awu gblɔ be: “Ŋutsu sia gblɔ busunya! Ɖasefo aɖe gahiã le nya sia mea? Miese eƒe busunya la.
66
Nu kae nye miaƒe nyametsotso?” Woɖo eŋu be: “Edze na ku.”
67
Tete woɖe ta ɖe mo nɛ, tu kɔe, eye ame bubuwo hã ƒo to me nɛ
68
gblɔ be: “Wò Kristo la, ame kae ƒo wò? Yɔe na mí!”
69
Ke Petro bɔbɔ nɔ anyi ɖe gota le akpata la me. Tete nyɔnudɔla aɖe va egbɔ gblɔ nɛ be: “Wò hã ènɔ Yesu, Galileatɔ la gbɔ.”
70
Ke esẽ nu le wo katã ŋkume gblɔ be: “Nyemenya naneke tso nu si gblɔm nèle la ŋu o.”
71
Esi wòdo to agboa nu yina la, nyɔnudɔla bubu aɖe hã kpɔe, eye wògblɔ na ame siwo le afi ma la be: “Ŋutsu sia nɔ Yesu, Nazaretetɔ la ŋu kpɔ.”
72
Petro gasẽ nu ka atam gblɔ be: “Nyemenya ŋutsu la o!”
73
Esia megbe ʋɛ la, ame siwo le tsitre ɖe afi ma la va gblɔ na Petro be: “Nyateƒee, wo dometɔ ɖeka wò hã nènye, elabe wò nuƒo le ha ɖem wò.”
74
Tete Petro de asi fiƒodenyawo gbɔgblɔ me heka atam ƒu edzi gblɔ be: “Ne menya ŋutsu sia fĩi!” Enumake koklo ku atɔ.
75
Tete Petro ɖo ŋku nya si Yesu gblɔ nɛ be: “Hafi koklo naku atɔ la, àgbe nu le gbɔnye zigbɔzi etɔ̃” la dzi. Edo yi xexe, eye wòfa avi vevie.
← Chapter 25
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 27 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28