bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Matthew 4
Matthew 4
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 5 →
1
Azɔ Gbɔgbɔ la kplɔ Yesu yi gbedadaƒo bene Abosam natee kpɔ.
2
Esi wòtsi nu dɔ ŋkeke bla ene zã bla ene megbe la, dɔ wui.
3
Tete Abosam te ɖe eŋu gblɔ be: “Nenye Mawu Vie nènye la, ekema ɖe gbe na kpe siawo bene woatrɔ azu abolo.”
4
Ke Yesu ɖo eŋu be: “Woŋlɔe ɖe mawunya me be, ‘Amegbetɔ menɔ agbe ɖe nuɖuɖu ko ŋu o, ke boŋ ɖe Mawu ƒe numenya ɖe sia ɖe nu.’ ”
5
Tete Abosam kplɔ eyama yi ɖe Yerusalem, du kɔkɔe la me, eye wòtsɔe ɖo gbedoxɔ ƒe tsuẽƒe.
6
Egblɔ nɛ be: “Nenye Mawu Vi nènye la, dzo tso afii nàyi anyigba, elabe woŋlɔ ɖi be: ‘Aɖe gbe na eƒe dɔlawo le tawò; be woaxe wò kple asi ale be màgaxlã afɔ ɖe kpe o.’ ”
7
Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Woŋlɔ ɖi hã be: ‘Mègate Aƒetɔ, wò Mawu la kpɔ o.’ ”
8
Azɔ Abosam gakplɔ Yesu yi to aɖe, si kɔ ŋutɔ la dzi, eye wòɖe xexea me fiaɖuƒewo katã kple woƒe kesinɔnuwo kpakple gãnyenye fiae
9
gblɔ be: “Matsɔ nu siawo katã ana wò, ne èdze klo de ta agu nam.”
10
Tete Yesu gblɔ nɛ be: “Te ɖa le gbɔnye, Satana, elabe woŋlɔ ɖi be: ‘Aƒetɔ, wò Mawu la nàde ta agu na, eye eya ɖeka ko nàsubɔ.’ ”
11
ùTete Abosam dzo le Yesu gbɔ, eye mawudɔlawo te ɖe eŋu va na kpekpeɖeŋui.
12
Esi Yesu se be wolé Yohanes la, edzo yi Galilea.
13
Eʋu tso Nazaret, eye wòyi ɖanɔ Kapernaum, du si le Galilea-ƒua to la me, le Zebulon kple Naftali nutowo me,
14
bene nya si Mawu ƒe gbeƒãɖela Yesaya gblɔ ɖi la nava eme be:
15
“Zebulon-nyigba kple Naftali-nyigba, Ƒutamɔ kple Yordan godo Mawu mavɔ̃lawo ƒe Galilea,
16
Dukɔ si nɔ viviti me la kpɔ kekeli gã aɖe, eye ame siwo nɔ anyigba si dzi ku ɖu fia le la, Kekeli klẽ na wo.”
17
Tso esia dzi la, Yesu de asi gbeƒãɖeɖe me be: “Mitrɔ dzime, elabe dziƒofiaɖuɖu la gogo!”
18
Esi Yesu zɔ to Galilea-ƒua nu yina la, ekpɔ nɔviŋutsu eve. Woawoe nye Simon, si woyɔna be Petro kple nɔvia Andrea, wonɔ asabu dam ɖe ƒua me elabe tɔƒodelawo wonye.
19
Yesu gblɔ na wo be: “Miva nɔ yonyeme, eye mawɔ mi miazu amegbetɔɖelawo.”
20
Enumake wogblẽ woƒe asabuawo ɖi, eye wodze eyome.
21
Yesu dzo le afi ma, eye wòyi ɖakpɔ nɔviŋutsu bubu eve, Yakobo kple Yohanes siwo nye Zebedeo viwo la. Wo kple wo tɔ́ wole tɔdziʋu me le woƒe asabuwo sam. Yesu yɔ wo,
22
eye enumake wogblẽ ʋua kple wo tɔ́ ɖi hedze eyome.
23
Yesu yi ɖatsa le Galilea-nuto blibo la me. Enɔ nu fiam amewo le woƒe ƒuƒoƒewo nɔ gbeƒã ɖem Mawu ƒe fiaɖuɖu ŋuti Nyanyui la, henɔ dɔléle kple lãmegbegblẽwo katã ɖem ɖa le dukɔa me.
24
Ale eŋkɔ ɖi hoo to Siria-nyigba blibo la me, eye amewo kplɔ ame siwo katã le dɔ vovovowo lém: fukpelawo, ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le, tsukunɔwo kple lãmetututɔwo va egbɔ, eye wòda gbe le wo ŋu.
25
Ameha gã aɖe tso Galilea, Dutaewoawo, Yerusalem, Yudea kple Yordan godo, va dze eyome.
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 5 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28