bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Matthew 22
Matthew 22
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 21
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 23 →
1
Yesu gaƒo nu na wo le lododowo me. Egblɔ be:
2
“Dziƒofiaɖuƒea ɖi fia aɖe, si ɖu srɔ̃ɖe ŋkekenyui na via ŋutsuvi.
3
Edɔ eƒe dɔlawo ɖo ɖa be woayi aɖayɔ ame siwo wokpe la ava srɔ̃ɖe ŋkekenyuia ɖuƒee, ke ame kpekpeawo gbe vava.
4
Ke egadɔ dɔla bubuwo ɖo ɖe ameawo gblɔ be: ‘Nuɖuɖua sɔ gbe vɔ. Wowu nye nyitsu kple nyivi damiwo, eye wodzra nu sia nu ɖo da ɖi. Miva srɔ̃ɖe ŋkekenyuia ɖuƒe.’
5
Ke ame siwo wokpe la mebu eƒe nya la kura o, eye wodzo yi woƒe dɔ vovovowo wɔƒe. Ame ɖeka dzo yi agble, eye ame evelia dzo yi asi.
6
Ame mamlɛawo lé eƒe dɔlawo, do ŋukpe wo, eye wowu wo.
7
Fia la do dɔmedzoe ale gbegbe be wòdɔ eƒe asrafowo ɖo ɖa woyi ɖawu hlɔ̃dola siawo, eye wotɔ dzo woƒe dua.
8
Esia megbe la, egblɔ na eƒe dɔlawo be: ‘Srɔ̃ɖe ŋkekenyui nuɖuɖua sɔ gbe, ke ame siwo mekpe la, medze o.
9
Eya ta fifia la, miyi ɖe dua ƒe ablɔ gãwo dzi ne miayɔ ame sia ame si miekpɔ la va srɔ̃ɖe ŋkekenyuia ɖuƒee.’
10
Ale dɔlaawo do go yi ɖe ablɔ kple mɔdodo veviwo dzi, eye woyɔ ame sia ame si wokpɔ la ko: ame ɖɔʋuwo kple yakamewo siaa, ale amewo yɔ srɔ̃ɖeƒea taŋ.
11
“Ke esi fia la va be yeakpɔ ame kpekpeawo ɖa la, ekpɔ ŋutsu aɖe si medo srɔ̃ɖewu o.
12
Tete fia la biae be: ‘Xɔ̃, ale wɔ mèdo srɔ̃ɖewu hafi va afi sia o?’ Ke ŋutsua ƒe nu ku.
13
Tete fia la ɖe gbe na dɔlawo be: ‘Miblae asi kple afɔ, ne miatsɔe aƒu gbe ɖe viviti tsiɖitsiɖi, si le aƒea godo la me. Afi ma amewo afa avi, eye woaɖu aɖukli le.’
14
Woyɔ ame geɖewo, ke ame ʋɛ aɖewo ko wotia.”
15
Azɔ la, Farisitɔwo yi ɖawɔ ɖoɖo le ale si woawɔ atsɔ Yesu ŋutɔ ƒe nyagbɔgblɔ alée la ŋuti.
16
Wodɔ woƒe nusrɔ̃la aɖewo kple Herodes-habɔbɔmenɔlawo dometɔ aɖewo ɖo ɖe egbɔ gblɔ be: “Nufiala, míenya be nyateƒetɔ nènye, eye nèle Mawu ƒe mɔa fiam le nyateƒe me. Mètsɔa ɖeke le nu si amewo gblɔna la me o elabe mèkpɔa ame ŋkume o.
17
Eya ta gblɔ wò susu na mí. Ele se nu be míadzɔ duga na Roma Fiagã loo, alo mele se nu o?”
18
Ke Yesu dze si susu vɔ̃ɖi, si wowɔ la, eye wògblɔ na wo be: “Mikpɔ alakpatɔwo ɖa! Nu ka ta miele teyem kpɔ?
19
Mitsɔ ga si ŋudɔ miewɔna la vɛ makpɔ.” Wotsɔ ga la vɛ nɛ.
20
Yesu bia wo be: “Ame ka ƒe nɔnɔmetata kple nuŋɔŋlɔe nye esia le edzi?”
21
Woɖo eŋu be: “Roma Fiagã la tɔwoe.” Azɔ Yesu gblɔ na wo be: “Ekema mitsɔ nu siwo nye Roma Fiagã tɔ la na Roma Fiagã, eye mitsɔ nu siwo nye Mawu tɔ la hã na Mawu.”
22
Esi wose esia la, womeganya nya si woagblɔ o, eye wogblẽe ɖi hedzo.
23
Gbe ma gbe ke la, Zadukitɔ siwo gblɔna be tsitretsitsi tso ame kukuwo dome meli o la, dometɔ aɖewo va Yesu gbɔ biae
24
be: “Nufiala, Mose gblɔ be ne ŋutsu aɖe, si si vi aɖeke mele o la ku la, ele be nɔvia ŋutsu naɖe eƒe ahosia bene wòadzi vi ahado ƒome ɖi nɛ.
25
Azɔ nɔviŋutsu adrẽ aɖewo nɔ mía dome kpɔ le afi sia. Woƒe tsitsitɔ ɖe srɔ̃, ke medzi vi aɖeke hafi ku o, ale wògblẽ ahosia ɖi na eyometɔ.
26
Nu sia kee dzɔ ɖe nɔvia ŋutsu evelia kple etɔ̃lia va se ɖe adrẽlia dzi.
27
Le nu siawo katã megbe la, nyɔnua hã va ku.
28
Azɔ esi wo katã woɖee kpɔ ɖe, wo dometɔ ka srɔ̃ wòanye ne ame kukuwo tsi tsitre?”
29
Yesu ɖo eŋu na wo be: “Mietra, elabe mienya mawunyaawo kple ŋusẽ si le Mawu si la o.
30
Ne ame kukuwo tsi tsitre la, womaɖe srɔ̃ o eye womatsɔ nyɔnu ana atsu hã o, ke boŋ wo katã woanɔ abe mawudɔla siwo le dziƒo ene.
31
Ke ɖe miexlẽ nu si Mawu gblɔ na mi le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋuti kpɔ oa? Egblɔ be:
32
‘Nyee nye Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu.’ Menye ame kukuwo ƒe Mawu wònye o, ke boŋ agbagbeawo tɔe wònye.”
33
Esi amehaawo se esia la, woƒe mo wɔ yaa le eƒe nufiafia la ŋuti.
34
Esi Farisitɔwo se be Yesu de ga nu na Zadukitɔwo la, wova ƒo ƒu
35
eye wo dometɔ ɖeka si nye sefiala la nɔ etem kpɔ biae be:
36
“Nufiala, Mose ƒe se kae nye vevitɔ wu?”
37
Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Lɔ̃ Aƒetɔ wò Mawu kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò susu katã.
38
Esiae nye sedede gbãtɔ kple vevitɔ.
39
Sedede si ɖii lae nye: ‘Lɔ̃ hawòvi abe ale si nèlɔ̃ ɖokuiwò ene.’
40
Se eve siawo dzie wotu Mose ƒe seawo kple Mawu ƒe gbeƒãɖelawo ƒe nufiafia katã ɖo.”
41
Azɔ esi Farisitɔwo ƒo ƒu ale la, Yesu bia wo be:
42
“Ale kee nye miaƒe susu le Kristo la ŋu? Ame ka Vie wònye?” Woɖo eŋu be: “David Vie.”
43
Yesu bia be: “Ke ale ke wɔ gbɔgbɔ la na David yɔe be: ‘Aƒetɔ’? Egblɔ be:
44
‘Aƒetɔ la gblɔ na nye Aƒetɔ be, Bɔbɔ nɔ anyi ɖe nye ɖusime va se ɖe esime matsɔ wò ketɔwo ade wò afɔ te.’
45
Azɔ ne David yɔ Kristo la be ‘Aƒetɔ’ la, ale ke wɔ wòganye Via?”
46
Ame aɖeke mete ŋu ɖo nya la ŋu nɛ alo te ŋu do dzi gabia nya bubu aɖee tso gbe ma gbe dzi kpɔ o.
← Chapter 21
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 23 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28