bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Matthew 24
Matthew 24
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 23
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 25 →
1
Esi Yesu do go tso mawuxɔ la me yina la, eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ be yewoafia ale si wotso mawuƒe blibo lae.
2
Ke egblɔ na wo be: “Miele nu siawo katã kpɔma? Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be womele kpeɖoɖo aɖeke gblẽ ge ɖe bubu dzi le afii si womakaka aƒu anyi o.”
3
Esi Yesu bɔbɔ nɔ anyi ɖe Amitoa dzi la, eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ dzaa hebiae be: “Ɣe ka ɣie nu sia ladzɔ? Gblɔe na mí. Nu kae anye dzesi be nègbɔna, eye be xexea me le enu wum?”
4
Yesu ɖo eŋu na wo be: “Mikpɔ nyuie be ame aɖeke nagakplɔ mi atrae o.
5
Elabe ame geɖewo atsɔ nye ŋkɔ ɖe nu ava gblɔ be: ‘Nyee nye Kristo la!’ Woakplɔ ame geɖewo atrae.
6
Miase aʋawɔwɔ kple aʋawɔwɔ ŋu nyawo. Ke nu siawo megatso dzika ƒo na mi o. Ele be esiawo nava eme godoo, ke womefia be xexea me ƒe nuwuwu la ɖo haɖe o.
7
Dukɔwo lawɔ aʋa kple wo nɔewo, eye fiaɖuƒewo latsi tre ɖe wo nɔewo ŋuti. Dɔ ato, eye anyigba aʋuʋu le teƒeteƒewo.
8
Nu siawo katã le ko abe fúɖuame ƒe gɔmedzedze ene.
9
“Le ɣeyiɣi mawo me la, woatsɔ mi ade asi be woawɔ funyafunya mi, eye woawu mi gɔ̃ hã. Amegbetɔƒomea alé fu mi le tanye.
10
Ame geɖewo aɖe asi le woƒe xɔse ŋu. Woafia wo nɔewo yome mɔ, eye woalé fu wo nɔewo.
11
Azɔ aʋatsogbeƒãɖela geɖewo ado, eye woakplɔ ame geɖewo atrae.
12
Nu vɔ̃ɖi wɔwɔ axɔ aƒe ɖe amewo me ale gbegbe be ame geɖewo ƒe lɔlɔ̃ nu atsi.
13
Ke ame si lado dzi va se ɖe nuwuwu la, woaxɔe ɖe agbe.
14
Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒea ƒe Nyanyui la ƒe ŋutinya le xexea me ƒe akpa sia akpa be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã. Esia megbe la, nuwuwu la aɖo azɔ.
15
“Ne miekpɔ ‘Aƒegbãnu dziŋɔ’ la si ŋuti Mawu ƒe gbeƒãɖela Daniɛl ƒo nu le la wòanɔ tsitre ɖe kɔkɔeƒea me la”, (Wò agbalẽxlẽla, se nya sia gɔme nyuie!)
16
“ekema mina ame siwo le Yudea la nasí ayi toawo dzi.
17
Ame si le xɔ ta la, megaɖi va be yeatsɔ naneke le yeƒe xɔ me o.
18
Nenema ke ame si le agble la hã megatrɔ va agbledzɔxɔ me be yeatsɔ yeƒe awu o.
19
Ke baba na funɔwo kple ame siwo le no nam wo viwo le ɣe ma ɣi me.
20
Mido gbe ɖa be miaƒe sisíɣi la nagadze vuvɔŋɔli alo Dzudzɔgbe dzi o!
21
Elabe fukpekpe dziŋɔ, si ava le ɣe ma ɣi me la le sesẽ ge wu ɖe sia ɖe ƒomevi si va kpɔ tso xexea me ƒe gɔmedzedze va se ɖe egbe. Le nyateƒe me la, etɔgbe hã megale vava ge akpɔ o.
22
Ne menye ɖe woɖe ɣeyiɣi ma dzi kpɔtɔ o la, anye ne womaxɔ amegbetɔ aɖeke ɖe agbe o. Ke le ame tiatiawo ta la, woatò ɣeyiɣia ɖe eme.
23
“Azɔ ne ame aɖe agblɔ na mi be: ‘Miva kpɔ ɖa, Kristo la le afii!’ alo ‘Ele afi mɛ ɖa!’ la, migaxɔe se o,
24
elabe aʋatsokristowo kple aʋatsogbeƒãɖelawo le dodo ge. Woawɔ dzesi kple nukunu gãwo be, ne anɔ bɔbɔe la, yewoaflu Mawu ƒe ame tiatiawo gɔ̃ hã.
25
Kpɔ ɖa, megblɔ nya siawo na mi do ŋgɔ.
26
“Eya ta ne ame aɖe agblɔ na mi be: ‘Mikpɔ ɖa, ele gbedadaƒo!’ la, migayi afi ma o. Nenema ke ne wogblɔ be: ‘Mikpɔ ɖa, ele xɔgãme!’ la, migaxɔe se o,
27
elabe Amegbetɔ Vi la ƒe vava anɔ abe ale si dzi kea dzo mìa le ɣedzeƒe, eye wòklẽna ɖe ɣetoɖoƒe ene.
28
“Afi si nu kuku le la, afi mae akagawo ƒoa ƒu ɖo.
29
“Ne fuwɔame ɣeyiɣi sesẽ ma va yi vɔ teti ko la, ɣe ado viviti eye ɣleti magaɖi o. Ɣletiviwo age tso dziƒo eye ŋusẽ siwo le dziƒowo la aʋuʋu.
30
Tete Amegbetɔ Vi la ƒe dzesi ado ɖe dziŋgɔli me, eye anyigbadzitɔwo katã afa konyi nenye be wokpɔ Amegbetɔ Vi la le alilikpowo dzi, wògbɔna kple ŋusẽ kpakple ŋutikɔkɔe blibo.
31
Azɔ la, ana kpẽ gã aɖe naɖi sesĩe, eye wòadɔ eƒe dɔlawo aɖo ɖe xexea me ƒe dzogoe eneawo dzi be woaƒo eƒe ame tiatiawo nu ƒu tso xexea me ƒe go ɖeka dzi yi bubu dzi.
32
“Misrɔ̃ nu tso gboti ƒe alɔdzedze ŋuti. Ne edze alɔ fɛ̃wo eye wòɖe ɖɔ heto aŋgba ko la, ekema miedzea sii be dzomeŋɔli tu aƒe.
33
Nenema ke ne miawo hã miekpɔ nenem nu siawo katã la, midze sii be egogo agboa nu vɔ.
34
Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be dzidzime sia nu mele yiyi ge, va se ɖe esime nu siawo katã nava eme o.
35
Dziƒo kple anyigba nu ava ayi, gake nye nyawo ya nu mava yi akpɔ o.
36
“Ke ŋkeke ma alo gaƒoƒo ma la, ame aɖeke menyae o. Mawudɔla siwo le dziƒo hã menyae o. Vi la ŋutɔ gɔ̃ hã menyae o, Tɔ́ la dzaa koe nyae.
37
Amegbetɔ Vi la ƒe vavaɣi anɔ abe nu si dzɔ le Noa ŋɔli la ene.
38
Le ŋkeke siwo do ŋgɔ na tsiɖɔɖɔ me la, amewo nɔ nu ɖum, nɔ nu nom henɔ srɔ̃ ɖem eye wonɔ amewo tsɔm na be woaɖe hã, ke womenya nu si nɔ dzɔdzɔm o, va se ɖe esime Noa ge ɖe aɖakaʋua me, eye tsiɖɔɖɔa va do hekplɔ wo katã dzoe. Alea pɛ Amegbetɔ Vi la ƒe vava le nɔnɔ ge.
40
Le ɣeyiɣi ma me la, ame eve anɔ dɔ wɔm le agble me, woaxɔ ɖeka, agblẽ ɖeka ɖi.
41
Nyɔnu eve anɔ wɔ tum le teƒo, woaxɔ ɖeka, agblẽ ɖeka ɖi.
42
“Eya ta minɔ ŋudzɔ, elabe mienya ŋkeke si dzi miaƒe Aƒetɔ la le vava ge o.
43
Ke minyae be ɖe aƒea tɔ anya zã ƒe gaƒoƒo si dzi fiafitɔa ava la, anɔ ŋudzɔ ale be mana mɔ fiafitɔa be wòato afi aɖeke age ɖe aƒea me o.
44
Eya ta ele be miawo hã mianɔ ŋudzɔ elabe Amegbetɔ Vi la le vava ge le ɣeyiɣi si me miele mɔ kpɔm nɛ o la me.
45
“Azɔ la, ame kae nye dɔla nuteƒewɔla kple nunyala? Eyae nye ame si si eƒe aƒetɔ ɖo eƒe aƒemetɔwo nu be wòana nuɖuɖu wo le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.
46
Woyra dɔla ma si eƒe aƒetɔ la ava tu wòanɔ dɔ si wòɖo nɛ la wɔm.
47
Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be atsɔ dɔla ma aɖo eƒe nunɔamesiwo katã nu.
48
Ke nenye be dɔla vɔ̃ɖi la gblɔ le eɖokui me be, ‘Nye aƒetɔ la magbɔ fifia o’,
49
eye wòde asi ehati subɔla bubuwo ƒoƒo me, eye wòaɖu nu ahano nu kple ahamulawo la,
50
eƒe aƒetɔ ava le ŋkeke si dzi mele mɔ kpɔm nɛ o kple ɣeyiɣi si menya o la me.
51
Ahe to nɛ vevie, eye wòana wòakpɔ gome kple alakpatɔwo. Afi mae amewo afa avi ahaɖu aɖukli le.”
← Chapter 23
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 25 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28