bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Matthew 3
Matthew 3
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 4 →
1
Le ŋkeke mawo me la, Yohanes mawutsilenamela va do, hele mawunya gblɔm le Yudea-gbedzi be:
2
“Mitrɔ dzime, elabe Mawu ƒe fiaɖuɖu la gogo.”
3
Yohanes sia nye ame si ŋuti woƒo nu le to Mawu ƒe gbeƒãɖela Yesaya dzi be: “Ame aɖe le ɣli dom bobobo le gbedadaƒo. Ebe, ‘Midzra Aƒetɔ la ƒe mɔ la ɖo. Midzɔ eƒe afɔmɔwo!’ ”
4
Yohanes do kposɔfuwu ƒlatsa eye wòbla edzi kple lãgbalẽlidziblanu. Ʋetsuvi kple gbemenyitsi nye eƒe nuɖuɖu.
5
Amewo tso Yerusalem-du, Yudea-nyigba bliboa kple Yordan-nutowo katã me godoo va egbɔ.
6
Woʋu woƒe nuvɔ̃wo me, eye wòle mawutsi ta na wo le Yordan-tɔsisia me.
7
Esi Yohanes kpɔ Farisitɔ kple Zadukitɔ geɖe, siwo va egbɔ be wòale mawutsi na yewo la, egblɔ na wo be: “Mi da ƒe dzidzimeviwo, ame kae ɖo aɖaŋu na mi be miasí le dɔmedzoe si gbɔna la nu?
8
Miwɔ nu si fia be mietrɔ dzime tso miaƒe nuvɔ̃wo me,
9
eye migabu xaa le miaɖokuiwo me be Abraham nye yewo tɔ́ o. Misee nyuie be Mawu ate ŋu ana viwo nado tso kpe siawo me na Abraham!
10
Fifi gɔ̃ hã la, wotsɔ fía ɖo atiwo ƒe ke dzi xoxo. Ati sia ati, si metse ku nyui o la, woatsoe, eye woatsɔe ade dzo me.
11
Nye ya, tsie metsɔ le mawutsi lem na mi bene miatrɔ dzime. Gake ame aɖe le yonyeme gbɔna. Eya la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe kple dzo wòatsɔ ale mawutsi na mi. Eyama tri akɔ wum, eye nye medze be maɖe eƒe afɔkpawo gɔ̃ hã o.
12
Elé eƒe lugbɔnu ɖe asi. Akplɔ eƒe lugbɔƒe keŋkeŋ, aƒo eƒe lu nu ƒu alɔ ɖe ava me. Ke tsroa ya la, atɔ dzoe kple dzo matsimatsi.”
13
Ɣe ma ɣi la, Yesu tso Galilea va Yohanes gbɔ le Yordan-tɔsisi la to be wòale mawutsi na ye.
14
Ke Yohanes melɔ̃ ɖe edzi nɛ gbã o. Egblɔ nɛ be: “Nye boŋ wòhiã be wò nàle mawutsi na. Ale ke wɔ wò boŋ nèva gbɔnye?”
15
Yesu ɖo eŋu nɛ gblɔ be: “Lɔ̃ nàwɔe nam fifia, elabe edzè be míawɔ nu dzɔdzɔewo katã ɖe woteƒewoteƒe.” Ale Yohanes lɔ̃ ɖe edzi nɛ.
16
Esi wole mawutsi na Yesu vɔ, eye wòdo go le tsia me teti ko la, dziƒowo nu ʋu [nɛ], eye wòkpɔ Mawu ƒe Gbɔgbɔ le ɖiɖim abe ahɔnɛ ene heva dze ɖe edzi.
17
Kasia gbe ɖi tso dziƒo be: “Ame sia nye Vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o; mekpɔ ŋudzedze blibo le eŋu.”
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 4 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28