bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Matthew 14
Matthew 14
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 15 →
1
Ɣe ma ɣi la Herodes, ame si nye dziɖula le Galilea la se Yesu ŋkɔ.
2
Egblɔ na eƒe dɔwɔlawo be: “Yohanes mawutsilenamelae nye ame sia. Eyae wofɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eya ta ŋusẽdɔ siawo le eme vam to edzi ɖo.”
3
Do ŋgɔ na esia la, Herodes na wolé Yohanes bla hede gaxɔ me. Ewɔ esia le Herodia si nye nɔvia Filipo srɔ̃ la ta.
4
Nu si dzɔ lae nye be Yohanes mawutsilenamela gbe nya na Herodes gblɔ be: “Se meɖe mɔ be nàɖe Herodia o.”
5
Nya sia tae Herodes di be yeawu Yohanes ɖo, ke evɔ̃ Yudatɔwo elabe wobua Yohanes abe Mawu ƒe gbeƒãɖela ene.
6
Ke le Herodes ƒe dzigbeŋkeke dzi la, Herodia vinyɔnu va ɖu ɣe le amehawo katã ŋkume, eye eƒe ɣeɖuɖua nyakpɔ na Herodes ŋutɔ.
7
Eya ta wòka atam do ŋugbe na nyɔnuvia be nu sia nu si wòabia la, yeanae.
8
Nyɔnuvia nɔ na wòbia tso Herodes si be: “Tsɔ Yohanes mawutsilenamela ƒe ta de agba me nam fifi laa!”
9
Nya la ve fia la, ke le atam si wòka le bubume siwo le kplɔ̃a ŋu la ŋkume ta la, eɖe gbe be woawɔ eƒe didi la dzi nɛ.
10
Ale wòdɔ ame ɖa be woaɖatso ta le Yohanes nu le gaxɔa me.
11
Wotsɔ ameta la ɖe agba me vɛ, eye wotsɔe na nyɔnuvia, eye eya hã tsɔe yi na nɔa.
12
Ke Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo va kɔ eƒe kukua yi ɖaɖi, eye woyi ɖaka nya la ta na Yesu.
13
Esi Yesu se nya sia la, eɖo tɔdziʋu dzo le afi si wòle la heyi teƒe aɖe si mele ame dome o. Ke amehawo see, eye wozɔ afɔ tso woƒe duwo me kplɔe ɖo.
14
Esi Yesu ɖi go la, ekpɔ ameha gã la. Eƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋu, eye wòda gbe le woƒe dɔnɔwo ŋu.
15
Fiẽsi la, eƒe nusrɔ̃lawo te ɖe eŋu gblɔ nɛ be: “Teƒe sia tsò abo, eye zã hã do vɔ. Eya ta ɖe asi le ameha la ŋu be woayi ɖe kɔƒeawo me aɖaƒle nu aɖu.”
16
Yesu ɖo eŋu be: “Mehiã be woadzo o. Miawo midi nu na wo ne woaɖu!”
17
Woɖo eŋu be: “Naneke mele mía si le afi sia o, negbe abolo atɔ̃ kple kalãmi eve ko.”
18
Yesu gblɔ be: “Mitsɔ wo vɛ nam.”
19
Ebia tso ameawo si be woanɔ anyi ɖe gbe dzi le afi ma hena nuɖuɖu. Tete wòxɔ abolo atɔ̃ kple kalãmi eveawo, eye esi wòwu mo dzi kpɔ dziƒo la, eyra ɖe wo dzi. Emegbe la, eka aboloawo me tsɔ na eƒe nusrɔ̃lawo, eye woawo mae na ameawo.
20
Ame sia ame ɖu nu, ɖi ƒo nyuie. Esia megbe la, woƒo kakɛ siwo susɔ la nu ƒu ɖe kusi wui eve me, ɖe sia ɖe yɔ taŋ.
21
Ame siwo ɖu nua la ƒe xexlẽme anɔ ŋutsu akpe atɔ̃; womexlẽ nyɔnuwo kple ɖeviwo ya ɖe eme o.
22
Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woaɖo ʋu ado ŋgɔ ayi ɖe tá la ƒe go kemɛ dzi ne yeado mɔ ameha la.
23
Esi wòdo mɔ wo vɔ la, eya ɖeka yi ɖe togbɛa dzi be yeado gbe ɖa. Zã do azɔ, eye Yesu ɖeka susɔ ɖe afi ma.
24
Ɣe ma ɣi la, ʋua yi ŋgɔgbe ʋĩi. Ƒutsotsoewo nɔ ʋua nyamam, elabe ya ƒo va le ekpem.
25
Fɔŋli me la, Yesu le tsi dzi zɔm gbɔna eƒe nusrɔ̃lawo gbɔ.
26
Esi wokpɔe wònɔ tsia dzi zɔm gbɔna la, dzika tso wo ƒo, eye wogblɔ be: “Ŋɔlie!” hedo vɔvɔ̃ɣli sesĩe.
27
Enumake Yesu ƒo nu na wo gblɔ be: “Miaƒe dzi nedze eme. Migavɔ̃ o. Nyee.”
28
Petro gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, nenye wòe la, na mazɔ tsia dzi ava gbɔwò.”
29
Yesu gblɔ nɛ be: “Va!” Ale Petro do go le ʋua me, eye wòzɔ tsia dzi ɖo ta Yesu gbɔ.
30
Ke esi wòkpɔ ale si ya le ƒoƒomee la, evɔ̃, eye wòde asi toyiyi me. Petro do ɣli be: “Aƒetɔ, xɔ nam!”
31
Enumake Yesu do asi ɖa lée hegblɔ nɛ be: “Xɔseʋɛtɔ! Nu ka ta nèke ɖi ɖo?”
32
Esi woge ɖe ʋua me la, yaƒoƒo la dzudzɔ.
33
Tete ʋua me nɔlawo dze klo subɔ Yesu, eye wogblɔ be: “Nyateƒee, Mawu Vi nènye!”
34
Esi wotso ƒua heɖi go ɖe Genezaret-nyigba dzi la,
35
amewo kpɔ Yesu dze sii le afi ma, eye woyi ɖakplɔ dɔnɔ siwo katã le nutoa me la va egbɔe.
36
Woɖe kuku na Yesu be wòaɖe mɔ be dɔnɔawo naka asi eƒe awu to pɛ ko. Ame siwo katã ka asi eŋu la ƒe lã me sẽ.
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 15 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28