bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Matthew 9
Matthew 9
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 10 →
1
Yesu ge ɖe tɔdziʋua me, eye wògbugbɔ gato ƒua dzi va eya ŋutɔ ƒe du me.
2
Ame aɖewo tsɔ lãmetututɔ aɖe ɖe aba dzi va egbɔ. Esi Yesu kpɔ woƒe xɔse la, egblɔ na lãmetututɔ la be: “Vinye, na wò dzi nadze eme! Wotsɔ wò nuvɔ̃wo ke wò.”
3
Tete agbalẽfialawo dometɔ aɖewo gblɔ le wo ɖokui me be: “Ame sia le busunya gblɔm!”
4
Yesu dze si nu si le susu me na wo, eya ta wògblɔ be: “Ale ke wɔ miele nuvɔ̃ɖiwo ŋuti bum?
5
Nya siawo dometɔ ka gbɔgblɔe le bɔbɔe wu? ‘Wotsɔ wò nuvɔ̃wo ke wò’ kple ‘Tsi tre nàzɔ azɔli’?
6
Azɔ la, be mianya be ŋusẽ le Amegbetɔ Vi la si le anyigba dzi be wòatsɔ nuvɔ̃ ake la,” egblɔ na lãmetututɔ la be: “Tsi tre, ŋlɔ wò aba, ne nàyi aƒeme.”
7
Ŋutsua fɔ ɖe tsitrenu hedzo yi aƒeme.
8
Esi amewo kpɔe la, vɔvɔ̃ ɖo wo, eye wokafu Mawu, ame si tsɔ ŋusẽ sia ƒomevi na amegbetɔwo.
9
Yesu dzo le teƒe ma, heɖo ta ŋgɔgbe. Ekpɔ ŋutsu aɖe, si ŋkɔe nye Mateo, wòbɔbɔ nɔ asidzɔƒe eye wògblɔ nɛ be: “Dze yonyeme.” Tete wòtso dze eyome.
10
Esi Yesu le nuɖuƒe le Mateo ƒeme la, nudzɔla geɖewo kple nuvɔ̃wɔla bubuwo va nɔ kplɔ̃ ŋuti kpe ɖe eya kple eƒe nusrɔ̃lawo ŋuti.
11
Farisitɔ aɖewo kpɔ esia, eye wobia eƒe nusrɔ̃lawo be: “Nu ka ta miaƒe nufiala ɖua nu kple nudzɔlawo kple nuvɔ̃wɔlawo?”
12
Yesu see eye wògblɔ be: “Lãmesesẽtɔwo mehiã gbedala o; ke boŋ dɔnɔwoe hiãe.
13
Miyi ɖadi nya si woŋlɔ ɖi be: ‘Nublanuikpɔkpɔ dim mele, menye vɔsa o’ la gɔme; elabe nyemeva be mayɔ ame dzɔdzɔewo o; nuvɔ̃wɔlawo boŋ yɔ ge meva.”
14
Nu siawo megbe la, Yohanes mawutsilenamela ƒe nusrɔ̃lawo va Yesu gbɔ, eye wobiae be: “Nu ka ta mía kple Farisitɔwo míetsia nu dɔna enuenu, gake wò nusrɔ̃lawo ya metsia nu dɔna o?”
15
Yesu ɖo eŋu be: “Ɖe miebuna be ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃wo afa konyi, ŋkeke ale si ŋugbetɔsrɔ̃ la gale wo gbɔa? Eme kɔ be womawɔ nenema o! Ke ɣeyiɣi li gbɔna, si me woaɖe ŋugbetɔsrɔ̃ la ɖa le wo gbɔ. Ɣe ma ɣi la, woatsi nu adɔ.
16
Ame aɖeke metsɔa avɔ yeye ƒe nuɖeɖi kaa awu xoxo o, elabe ne ewɔe la, avɔnuɖeɖi la así, eye wòahe avɔ xoxo la ɖe eɖokui ŋu avuvui, ale be vuvu yeyea awu tsãtɔ.
17
Nenema ke ame aɖeke metsɔa wain yeye dea lãgbalẽgolo xoxo me o, elabe ne ewɔe la, lãgbalẽgoloa lawó eye wain la aƒu gbe, eye lãgbalẽgoloa hã lagblẽ. Ke lãgbalẽgolo yeye mee wokɔa wain yeye ɖo. Ale wo kple eve la siaa nɔna dedie.”
18
Esime Yesu le nu ƒom na wo alea la, Yudatɔwo ƒe amegã aɖe va egbɔ, dze klo ɖe eŋkume, gblɔ be: “Vinye nyɔnuvi ku fifi laa, gake va nàda asi ɖe edzi bene wòagbɔ agbe.”
19
Ale Yesu tso dze eyome; eƒe nusrɔ̃lawo le eŋuti.
20
Nyɔnu aɖe, si le ʋusísidɔ lém ƒe wui eve sɔŋ la to megbe na Yesu, eye wòka asi eƒe awu to.
21
Ewɔ esia elabe egblɔ le eɖokui me be: “Ne menyaka asi eƒe awu ŋu ko la, mahaya.”
22
Yesu trɔ, eye wòkpɔe. Egblɔ nɛ be: “Vinye nyɔnuvi, wò dzi nedze eme! Wò xɔse da gbe le ŋuwò.” Enumake nyɔnua ƒe lã me sẽ!
23
Azɔ Yesu yi ɖe amegã la ƒe aƒeme, eye esi wòkpɔ dzekulawo kple ameha siwo le konyi fam kple ɣli hoo la,
24
egblɔ be: “Midzo yi, elabe nyɔnuvia meku o, ke boŋ alɔ̃ dɔm wòle!” Ke ɖeko wokoe.
25
Azɔ esi wonya amehawo do goe la, Yesu yi ɖe nyɔnuvia gbɔ le xɔa me. Elé eƒe alɔnu, eye wòfɔ agbagbee.
26
Nyadzɔdzɔ sia ɖi, kaka ɖe anyigba la ƒe akpa ma godoo.
27
Esi Yesu dzo le afi ma va tso eme yina la, ŋutsu ŋkuagbãtɔ eve kplɔe ɖo, hele ɣli dom sesĩe be: “David vi, kpɔ mía nublanui!”
28
Esi Yesu ge ɖe aƒea me la, ŋkuagbãtɔawo va egbɔ. Ebia wo be: “Miexɔe se be mate ŋu ada gbe le mia ŋutia?” Woɖo eŋu be: “Ẽ, Aƒetɔ!”
29
Ale Yesu ka asi woƒe ŋkuwo dzi gblɔ be: “Neva eme na mi, abe ale si miexɔe se ene!”
30
Tete woƒe ŋkuwo ʋu. Ke Yesu gbe nya na wo vevie gblɔ be: “Kpɔ ɖa, migana ame aɖeke nasee o!”
31
Ke esi wodzo le afi ma ko la, woyi ɖakaka nya sia le Yesu ŋu le anyigba ma ƒe nutoawo katã me.
32
Esime ame siawo dzo yina la, ame aɖewo kplɔ aɖetututɔ aɖe, si me gbɔgbɔ vɔ̃ le la va Yesu gbɔ.
33
Enya gbɔgbɔ vɔ̃a do goe, eye aɖetututɔa ƒo nu. Amehawo ƒe mo wɔ yaa, eye wogblɔ be: “Míekpɔ esia tɔgbe le Israel kpɔ gbeɖe o.”
34
Ke Farisitɔwo gblɔ be: “Gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fiae na ŋusẽe wòtsɔ le gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam do goe.”
35
Yesu yi ɖatsa le duwo kple kɔƒewo me. Efia nu le ƒuƒoƒewo, gblɔ fiaɖuƒea ŋu Nyanyui la fia, eye wòda gbe le dɔléla kple lãmegbegblẽtɔ ɖe sia ɖe ƒomevi ŋu.
36
Ke esi wòkpɔ amehaa la, eƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋuti, elabe nu té wo ŋu, eye wotsi asi abe alẽha si kplɔla meli na o la ene.
37
Eya ta wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Nuku si ŋe ge woala la sɔ gbɔ, ke dɔwɔlawo mesɔ gbɔ o.
38
Eya ta miɖe kuku na Aƒetɔ la, ame si ƒe nuku ŋe ge woala la, bene wòadɔ dɔwɔlawo ɖa, ne woayi aɖaŋe nuku la.”
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 10 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28