bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Matthew 18
Matthew 18
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 17
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 19 →
1
Ɣe ma ɣi me la, nusrɔ̃laawo va Yesu gbɔ biae be: “Ame kae nye ame vevitɔ le dziƒofiaɖuƒe la me?”
2
Yesu yɔ ɖevi sue aɖe va wo titina
3
eye wògblɔ na wo be: “Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, ne mietrɔ zu abe ɖeviwo ene o la, miele dziƒofiaɖuƒea me yi ge akpɔ o.
4
Ame si nye ame vevitɔ le dziƒofiaɖuƒea me lae nye ame si bɔbɔ eɖokui, eye wòtrɔ zu abe ɖevi sue sia ene.
5
“Ame si anyo dɔme na ɖevi siawo tɔgbe ɖeka le tanye la, nyee wònyo dɔme na.
6
“Nenye be ame aɖe akplɔ nenem ɖevi sue siawo, siwo xɔ dzinye se la dometɔ aɖe ade nuvɔ̃ me la, anyo nɛ wu be woatsɔ té gã aɖe atsi ɖe kɔ nɛ, eye woanyrɔe ɖe ƒu ƒe gogloƒe, wòano tsi aku.
7
“Baba na xexea me tɔwo le nu siwo hea ame dea nuvɔ̃ me la ŋuti. Ele be tetekpɔwo nava kokoko ya, ke baba na ame si dzi nuɖiaɖia ato ava!
8
Ne wò asi alo wò afɔ ana be nàwɔ nuvɔ̃ la, lãe ɖa, eye nàtsɔe ƒu gbe! Enyo na wò be nàyi ɖe agbe la me kple abɔ ɖeka alo afɔ ɖeka, wu be abɔ eve alo afɔ eve nanɔ asiwò, eye woatsɔ wò aƒu gbe ɖe dzo mavɔ la me.
9
Nenema ke ne wò ŋku ana be nàwɔ nuvɔ̃ la, hoe le eto me eye nàtsɔe ƒu gbe! Enyo na wò be nàyi ɖe agbe la me kple ŋku ɖeka, wu be ŋku eve nanɔ asiwò, eye woatsɔ wò aƒu gbe ɖe dzo mavɔ la me.
10
“Mikpɔ nyuie bene miagado vlo nenem ŋusẽmanɔŋutɔ siawo dometɔ aɖeke o. Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be woƒe mawudɔlawo le dziƒo le Tɔ́nye si le dziƒo la ƒe ŋkume kpɔm ɖaa. [
11
Elabe ame siwo bu lae Amegbetɔ Vi la va be yeaxɔ ɖe agbe. ]
12
“Mibu esia ŋu kpɔ. Nenye be alẽ alafa ɖeka le ame aɖe si, eye wo dometɔ ɖeka bu la, ɖe megblẽa bla asieke vɔ asieke la ɖe toawo dzi, eye wòyina ɖadia ɖeka si bu la oa?
13
Nyateƒee, ne ekpɔe la, ekpɔa dzidzɔ ŋutɔ le ɖeka ma ŋu sãa wu le bla asieke vɔ asieke, siwo mebu o la ŋuti.
14
Nenema ke mia Tɔ́ si le dziƒo la medi be nenem ŋusẽmanɔŋutɔ siawo dometɔ aɖeke natsrɔ̃ o.
15
“Ne nɔviwò wɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò la, yi egbɔ nàɖe nu si wòwɔ ɖe ŋuwò la fiae be nya la natsi mi ame evea ko dome. Ne ese egɔme na wò la, èɖe nɔviwò.
16
Ke ne mese egɔme na wò o la, di ame ɖeka alo eve kpe ɖe ɖokuiwò ŋu miayi egbɔ, ale be le ame eve alo etɔ̃ ƒe ɖaseɖiɖi nu la, woaɖo kpe nya sia nya dzi.
17
Ne egbe be yemaɖo to woawo hã o la, yi ɖagblɔ nya la na hame la, ke ne egbe be yemaɖo to hamea hã o la, bui abe dzimaxɔsetɔ kple nudzɔla ene.
18
“Ke mele egblɔm na mi le nyateƒe me be nu sia nu si miabla le anyigba dzi la, le babla le dziƒo, eye nu sia nu si miatu le anyigba dzi la, le tutu le dziƒo.
19
Azɔ megale egblɔm na mi hã be, ne mia dome ame eve wɔ ɖeka le nane ŋuti le anyigba dzi hebiae la, Tɔ́nye si le dziƒo la awɔe na wo godoo,
20
elabe afi si ame eve alo etɔ̃ ƒo ƒu ɖo le nye ŋkɔ me la, mele wo titina.”
21
Petro va Yesu gbɔ biae be: “Aƒetɔ, zi nenie nɔvinye awɔ nuvɔ̃ ɖe ŋunye matsɔe akee? Va se ɖe zi adrẽ loo?”
22
Yesu ɖo eŋu be: “Nyemegblɔ na wò be zi adrẽ o, ke boŋ va se ɖe zi bla adrẽ teƒe adrẽ.”
23
“Eya ta wotsɔ dziƒofiaɖuƒea sɔ kple fia aɖe, si di be yeawɔ akɔnta kple yeƒe dɔlawo.
24
Esi wòdze egɔme teti la, wokplɔ ame aɖe, si nyi sikaga akpe ewo ƒe fe le eŋu la va egbɔe.
25
Naneke mele esi wòatsɔ axe fe lae o, eya ta eƒe aƒetɔa ɖe gbe be woadzra eya ŋutɔ, srɔ̃a kple viawo kpakple nu siwo katã le esi la atsɔ axe fe lae.
26
Ale dɔla la dze klo, ɖe kuku na fia la vevie gblɔ be: ‘Nye aƒetɔ, gbɔ dzi ɖi nam blewuu ko. Mele nu sia nu xe ge na wò.’
27
Eƒe nu wɔ nublanui na eƒe aƒetɔ la, ale wòɖe asi le eŋu, hetsɔ fe si wònyi la katã kee.
28
Ke esi dɔla sia do go dzo la, eyi ɖatu ehati, subɔla bubu si nyi klosaloga alafa ɖeka ƒe fe le eŋu. Elée, lé ve nɛ sesĩe gblɔ nɛ be: ‘Xe fe si nènyi le ŋunye la nam!’
29
Ehati subɔla la dze klo, ɖe kuku nɛ gblɔ be: ‘Gbɔ dzi ɖi nam blewuu ko! Mele exe ge na wò.’
30
Ke melɔ̃ o, eye wòna wode ehati subɔla la gaxɔ me va se ɖe esime wòaxe fe si wònyi la.
31
Ke esi dɔla bubuawo kpɔ nu si va dzɔ la, eve wo ŋutɔ, eye woyi ɖagblɔ nu si dzɔ la na woƒe aƒetɔa tsitotsito.
32
Tete eƒe aƒetɔa yɔe va eɖokui gbɔ hegblɔ nɛ be: ‘Dɔla vɔ̃ɖi! Esi nèɖe kuku nam la, metsɔ fe gbogbo ma ke wò.
33
Ɖe mele be wò hã nàkpɔ nublanui na hawòti subɔla la, abe ale si nye hã mekpɔ nublanui na wò la ene oa?’
34
Tete eƒe aƒetɔa do dɔmedzoe, eye wòtsɔe de asi na ŋutasẽlawo va se ɖe esime wòaxe fe siwo katã wònyi la.
35
Alea ye Tɔ́nye si le dziƒo la hã awɔ mia dometɔ ɖe sia ɖe, ne metsɔ nu ke nɔvia tso eƒe dzime ke o.”
← Chapter 17
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 19 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28