bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Matthew 23
Matthew 23
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 22
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 24 →
1
Azɔ la, Yesu ƒo nu na amehaawo kple eƒe nusrɔ̃lawo gblɔ be:
2
“Agbalẽfialawo kple Farisitɔwo sie ŋusẽ le be woaɖe Mose ƒe se la gɔme.
3
Eya ta miwɔ nu sia nu si wogblɔ na mi la, eye milé wo me ɖe asi, ke migakpɔ woƒe nuwɔna miawɔ o, elabe womenɔa agbe ɖe nu si wofiana la nu o.
4
Wodoa agba kpekpe siwo manyatsɔ o la ɖoa ta na ame be wòatsɔ, ke woawo ŋutɔ melɔ̃na be yewoado asibidɛ ɖeka teti hã ɖa akpe ɖe agbatsɔla la ŋu o.
5
Wowɔa nu sia nu be amewo nakpɔ ko. Woƒe ŋkuɖodzinuwo keke, eye wowɔa adza didiwo ɖe woƒe awu ʋlayawo to.
6
Ne wokpe wo yi nuɖuƒe la, bubuteƒenɔnɔ vivia wo nu, eye ne woyi ƒuƒoƒewo la, wolɔ̃a zikpui nyuitɔwo dzi nɔnɔ.
7
Wodina be amewo nado gbe na yewo bubutɔe le asi me, eye be woayɔ yewo be ‘Nufiala bubutɔ.’
8
Ke miawo la, migana woayɔ mi be ‘Nufiala’ o, elabe nufiala ɖeka koe le mia si, eye mi katã mienye nɔviwo.
9
Nenema ke migayɔ ame aɖeke le anyigba dzi be mia ‘Tɔ́’ o, elabe Tɔ́ ɖeka koe le dziƒo na mi.
10
Mlɔeba la migana woayɔ mi be ‘Kplɔla’ o, elabe ame ɖeka koe nye mia kplɔla; eyae nye Kristo la.
11
Ame si nye amegã le mia dome la nanye miaƒe subɔla.
12
Ame sia ame si do eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi, eye ame sia ame si bɔbɔ eɖokui ɖe anyi la, woadoe ɖe dzi.
13
“Ke baba na mi, Agbalẽfialawo kple Farisitɔwo! Alakpatɔwo! Mietu dziƒofiaɖuƒea ƒe ʋɔwo ɖe amewo nu wotsi gota. Evɔ la, miawo ŋutɔ miede yiyi ge ɖe eme do kpo. Miegbe be yewomaɖe mɔ na ame siwo le agbagba dzem be yewoayi ɖe eme la hã o. [
14
Baba na mi, Agbalẽfialawo kple Farisitɔwo! Alakpatɔwo! Miexɔa ahosiwo ƒe aƒewo le wo si, eye miedoa gbe didi ɖa hetsɔna flua amewoe. Eya ta miaƒe fɔbubu kple tohehe asesẽ wu. ]
15
Baba na mi, Agbalẽfialawo kple Farisitɔwo! Alakpatɔwo! Miezɔ ƒu dzi, zɔ anyigba dzi le trɔ̃subɔla ɖeka pɛ dim be yewoatrɔ wòazu Yudatɔ. Ke ne mietrɔ ame sia la, miewɔnɛ wòzua dzomavɔʋemenɔla zigbɔzi eve wu miawo ŋutɔ gɔ̃ hã!”
16
“Baba na mi, kplɔla ŋkuagbãtɔ siwo gblɔna be: ‘Ne ame aɖe tà mawuƒea la, megblẽ naneke o; ke ame si tà sika si le mawuƒea me la, edze be wòawɔ ŋugbe si wòdo la dzi godoo.’
17
Ŋkuagbãtɔ movitɔwo! Kae le vevie wu: sika la loo, alo mawuƒe si na sika la ŋu kɔ?
18
Miawo kee gafia hã be: ‘Ne ame aɖe tà vɔsamlekpuia dzi la, edze be wòawɔ ŋugbe si wòdo la dzi.’
19
Ŋkuagbãtɔwo! Kae dze bubu wu: nunana la loo, alo vɔsamlekpui si na nunana la ŋu kɔ la yea?
20
Eya ta ame si ke tà vɔsamlekpuia la, età vɔsamlekpuia kple nunana siwo katã le edzi la hã.
21
Ne età mawuƒea la, età mawuƒea kple Mawu, ame si le afi ma la hã.
22
Nenema ke ame si tà dziƒo la, età Mawu ƒe fiazikpui kple Mawu ŋutɔ, ame si bɔbɔ nɔ edzi la hã.
23
“Baba na mi, Agbalẽfialawo kple Farisitɔwo! Alakpatɔwo! Mienaa kalɛ̃, ahaliwɔe kple tsyo ƒe akpa ewolia pɛpɛpɛ, ke miegblẽ sea ƒe nufiafia vevitɔ, siwo nye nu dzɔdzɔe wɔwɔ, nublanuikpɔkpɔ kple xɔse ya boŋ ɖi. Nu siawo wòdze be miawɔ gbã ahatsɔ ekemɛawo wɔwɔ akpe ɖe wo ŋu hafi.
24
Kplɔla ŋkuagbãtɔwo! Mietsyɔa nudzodzoewo le aha ŋgɔ, ke kposɔ blibo miemina!
25
“Baba na mi, Agbalẽfialawo kple Farisitɔwo! Alakpatɔwo! Mieklɔa miaƒe nunonuwo kple nuɖugbawo godo pɛpɛpɛ, ke wo me yɔ fũu kple nu siwo mieda adzoe kple nu siwo mieklẽ ŋu xɔ la sɔŋ.
26
Wò Farisitɔ ŋkuagbãtɔ, klɔ nunonu la kple nuɖugba la me gbã ekema egodo hã aɖi.
27
“Baba na mi, Agbalẽfialawo kple Farisitɔwo! Alakpatɔwo! Miele abe yɔdo siwo ŋuti wosi akalo ɖo nyuie, eye wonyale kpɔkpɔm la ene. Evɔ la, wo me yɔ fũu kple ameƒuwo kple ŋunyɔnu geɖe.
28
Nenema ke miawo hã miedzena ame dzɔdzɔewoe le gota, le amewo ŋkume, ke alakpadada kple nuvɔ̃ɖi wɔwɔ yɔ mia me taŋ.
29
“Baba na mi, Agbalẽfialawo kple Farisitɔwo! Alakpatɔwo mienye! Miedzraa Mawu ƒe gbeƒãɖelawo ƒe yɔdowo ɖo, eye mieɖoa atsyɔ̃ na ame dzɔdzɔewo ƒe yɔdodzikpewo,
30
eye miegblɔna be, ‘Ɖe míenɔ anyi le mía tɔgbuiwo ŋɔli la, anye ne mímawɔ ɖeka kpli wo awu Mawu ƒe gbeƒãɖelawo gbeɖe o.’
31
Ale wɔ mieɖi ɖase le mia ɖokui ŋuti be yewoe nye ame siwo wu Mawu ƒe gbeƒãɖelawo la ƒe dzidzimeviwo!
32
Fifia la, miyi edzi ne miaƒo mia tɔgbuiwo ƒe nuvɔ̃ wɔwɔwo katã ta.
33
Mi da kple da ƒe dzidzimeviwo! Ɖe miebu be yewoate ŋu así adzo, ne womagabu fɔ mi aɖo ɖe dzomavɔʋea me oa?
34
Eya ta medɔ Mawu ƒe gbeƒãɖelawo, nunyalawo kple agbalẽfialawo ɖo ɖe mi. Miawu wo dometɔ aɖewo, miaklã ɖewo ɖe ati ŋuti, miaƒo ɖewo le miaƒe ƒuƒoƒewo, eye miati bubuwo yome tso du me yi du me.
35
Le nuwɔna siawo ta la, ame dzɔdzɔewo katã ƒe ʋu, si wokɔ ɖe anyi kpɔ la, ava mia dzi. Adze egɔme tso ame dzɔdzɔe Abel ƒe ʋu dzi va se ɖe Zaxarya, Baraxya vi, ame si miewu le mawuxɔ la kple vɔsamlekpuia dome ƒe ʋu dzi.
36
Mele egblɔm na mi be, nu siawo katã ava mi dzidzi sia dzi.
37
“Yerusalem, ao, Yerusalem! Wòe wu Mawu ƒe gbeƒãɖelawo eye nèƒua kpe ame siwo Mawu dɔ ɖo ɖe gbɔwò! Medi zi geɖe be maƒo viwòwo nu ƒu ɖe gbɔnye, abe ale si koklonɔ ƒoa viawo nu ƒu ɖe eƒe aʋala te la ene, gake nègbe.
38
Kpɔ ɖa, wogblẽ wò aƒe ɖi wòzu aƒedo.
39
Magblɔe na mi, miegale kpɔ ye ge azɔ o, va se ɖe esime ɣeyiɣia nade miagblɔ be, ‘Woyra ame si gbɔna le Aƒetɔ la ŋkɔ me.’ ”
← Chapter 22
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 24 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28