bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Matthew 17
Matthew 17
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 16
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 18 →
1
Ŋkeke ade le esiawo megbe la, Yesu yɔ Petro, Yakobo kple nɔvia Yohanes, eye wòkplɔ woawo ɖeɖe yi ɖe to kɔkɔ aɖe dzi.
2
Esi wole afi ma la, Yesu ƒe dzedzeme trɔ le wo ŋkume. Eƒe mo klẽ abe ɣe ene, eye eƒe awuwo fu tititi abe kekeli ene.
3
Tete nusrɔ̃la etɔ̃awo kpɔ Mose kple Eliya wonɔ dze ɖom kple Yesu.
4
Tete Petro gblɔ na Yesu be: “Aƒetɔ, enye dzidzɔ na mí ŋutɔ be míeva afii! Ne èlɔ̃ la, matu agbadɔ etɔ̃ ɖe afii; tɔwò ɖeka, Mose tɔ ɖeka, eye Eliya hã tɔ ɖeka.”
5
Esime wògale nu ƒom la, alilikpo keklẽ aɖe do vɔvɔli ɖe wo dzi, eye gbe ɖi tso alilikpo la me be: “Vinyee nye ame sia! Nyemelɔ̃a nu le egbɔ o; mekpɔ ŋudzedze blibo le eŋu. Miɖo toe!”
6
Esi nusrɔ̃lawo se gbe sia la, vɔvɔ̃ lé wo, eye wotsyɔ mo anyi.
7
Yesu te ɖe wo ŋu, ka asi wo ŋu hegblɔ na wo be: “Mifɔ! Migavɔ̃ o!”
8
Esi wofɔ mo dzi la, womegakpɔ ame aɖeke le afi ma o, negbe Yesu ɖeka ko.
9
Esi woɖi tso toa dzi gbɔna la, Yesu de se na wo be: “Migaƒo nu le nu si woɖe fia mi la ŋuti na ame aɖeke o, va se ɖe esime wofɔ Amegbetɔ Vi la ɖe tsitre tso ku me.”
10
Azɔ nusrɔ̃laawo bia Yesu be: “Nu ka tae agbalẽfialawo gblɔna be ele be Eliya nava do ŋgɔ?”
11
Yesu ɖo eŋu na wo be: “Nyateƒee, ele be Eliya nava do ŋgɔ be woaɖɔ nu sia nu ɖo.
12
Ke mele egblɔm na mi be Eliya va xoxo, evɔ amewo medze sii o, eye wowɔ nu si dze wo ŋu la ɖe eŋu. Nenema kee wole fu wɔ ge Amegbetɔ Vi la hãe.”
13
Ale nusrɔ̃laawo nya be Yohanes mawutsilenamela ŋue wògblɔ nya la le na yewo.
14
Esi Yesu kple nusrɔ̃la etɔ̃awo va ɖo ameha la gbɔ la, ŋutsu aɖe va dze klo ɖe eŋgɔ
15
hegblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, kpɔ nublanui na vinye ŋutsuvi! Kpeŋuidɔ le eŋu, eye wòle fu wɔmee ŋɔdzitɔe. Zi geɖe la, edzea dzo me, alo tsi me.
16
Mekplɔe va wò nusrɔ̃lawo gbɔe, ke womete ŋu da gbe le eŋu o.”
17
Yesu gblɔ be: “O, dzidzime maxɔse totro kpaɖikpaɖi! Ɖe manɔ mia gbɔ ɖaa? Va se ɖe ɣe ka ɣi mado dzi ahe mi aɖase ɖo? Mikplɔ ɖevia va afii.”
18
Tete Yesu blu ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ la ta, eye wòdo go le ŋutsuvia me. Ale ŋutsuvia ƒe lã me sẽ enumake.
19
Ke nusrɔ̃laawo va Yesu gbɔ le adzame hebiae be: “Ale ke wɔ míawo ya míete ŋu nya gbɔgbɔ vɔ̃a do goe o?”
20
Yesu ɖo eŋu na wo be: “Elabe miaƒe xɔse mesɔ gbɔ o. Nyateƒe tututu tom mele na mi be, ne miaƒe xɔse le abe atiku suetɔ kekeake ene hã la, miate ŋu agblɔ na to sia be: ‘Ho tso afii nàyi ɖe afi mɛ ɖa!’ eye wòaho ayi. Naneke wɔwɔ maglo mi o.” [
21
Ne menye to gbedodoɖa kple nutsitsidɔ me o la, gbɔgbɔ vɔ̃ sia tɔgbe mado akpɔ o. ]
22
Esi wova ƒo ƒu le Galilea la, Yesu gblɔ na wo be: “Wole Amegbetɔ Vi la de ge asi na amewo.
23
Woawui gake le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Mawu afɔe ɖe tsitre.” Nusrɔ̃laawo xa nu ŋutɔ.
24
Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va Kapernaum. Ame siwo xɔa adzɔ si amewo nana ɖe gbedoxɔa ta la va bia Petro be: “Ɖe miaƒe nufiala la naa adzɔa?”
25
Petro ɖo eŋu be: “Ẽ.” Esi Petro yi aƒeme la, Yesu do ŋgɔ biae be: “Simon, nu kae nye wò susu? Ame kawo tɔgbe si xexemefiawo xɔa adzɔ alo nudzɔdzɔ le? Deviwo si woxɔnɛ le loo, alo amedzrowo si yea?”
26
Petro ɖo eŋu be: “Amedzrowo sie.” Yesu gblɔ be: “Enyo. Ekem deviawo voe!
27
Ke nyemedi be míaɖia wo nu o, eya ta yi ɖe tá la nu, eye nàda ƒu ɖe eme. Lã gbãtɔ si nàɖe la, lée nàke nu me nɛ. Èle ga aɖe kpɔ ge si ade na nye kpli wò ƒe adzɔ la. Tsɔe yi ɖana ɖe nye kpli wò nu.”
← Chapter 16
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 18 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28