bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Matthew 21
Matthew 21
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 20
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 22 →
1
Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo gogo Yerusalem, eye wova ɖo Betfage si le Amitoa ŋuti la, edɔ eƒe nusrɔ̃la eve
2
gblɔ na wo be: “Miyi ɖe kɔƒe si le mía ŋgɔ la me. Ne mieɖo teti ko la, miakpɔ tedzinɔ aɖe kple via le ka me. Miɖe ka wo ne miakplɔ wo vɛ nam.
3
Ne ame aɖe bia nya aɖe mi la, migblɔ be: ‘Aƒetɔ lae le wo hiãm,’ eye aɖe asi le wo ŋu na mi enumake.”
4
Esia dzɔ be nya siwo Mawu ƒe gbeƒãɖela ɖe gbeƒãe ɖi la nava eme be:
5
“Migblɔ na Zion-du la be: ‘Kpɔ ɖa, wò fia gbɔna gbɔwò ɖokuibɔbɔtɔe. Ele tedzi dzi gbɔna, eye wòle dɔwɔlã si nye tedzivi la dom.’ ”
6
Ale nusrɔ̃laawo yi, eye wowɔ abe ale si Yesu gblɔ na wo la ene.
7
Wokplɔ tedzinɔa kple via vɛ. Wotsɔ woƒe avɔwo ɖo ɖe wo dzi, eye Yesu bɔbɔ nɔ wo dzi.
8
Ame geɖewo tso ameawo dome keke woƒe avɔwo ɖe mɔa dzi, eye bubuwo ŋe atilɔwo ɖo ɖe mɔa dzi.
9
Tete ameha siwo nɔ Yesu ŋgɔ kple emegbe la do ɣli be: “Ɖe mí loo! David Viŋutsu. Woyra ame si gbɔna le Aƒetɔ la ŋkɔ me. Ɖeɖe wònye tso keke Mawu gbɔ ke!”
10
Esi Yesu ge ɖe Yerusalem la, du blibo la ƒo zi eye amewo bia be: “Ame kae nye esia?”
11
Ameha la ɖo eŋu be: “Mawu ƒe gbeƒãɖela Yesu, si tso Nazaret le Galilea lae!”
12
Yesu ge ɖe mawuƒe la me, eye wònya ame siwo katã nɔ nu dzram alo nɔ nu ƒlem la do goe. Emu gaɖɔlilawo ƒe kplɔ̃wo kple ahɔnɛdzralawo ƒe zikpuiwo ƒu anyi.
13
Egblɔ na wo be: “Woŋlɔ ɖi be: ‘Woayɔ nye aƒe be gbedoɖaƒe,’ ke miawo la, mietsɔe wɔ adzodalawo ƒe beɖoƒe.”
14
Azɔ ŋkuagbãtɔwo kple tekunɔwo va egbɔ le gbedoxɔ la me, eye wòda gbe le wo ŋu.
15
Ke esi nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kpɔ nukunu siwo wòwɔ kple ale si ɖeviwo nɔ ɣli dom nɔ gbɔgblɔm le gbedoxɔa me be: “Ɖe mí loo! David Viŋutsu” la, eku dzi na wo ŋutɔ.
16
Wobia Yesu be: “Èle nya si gblɔm ame siawo le la sema?” Eɖo eŋu na wo be: “Ẽ, alo ɖe miexlẽe be, ‘Vidzĩwo kple vi nonowo ƒe nu mee nèna kafukafu si de blibo doa go tsona’ la kpɔ oa?”
17
Le esia megbe la, Yesu gblẽ wo ɖi, eye wòdzo le dua me yi ɖe Betania ɖatsi afi ma dɔ.
18
Esi wòtrɔ yina ɖe dua me le ŋufɔke ŋdi la, dɔ nɔ ewum.
19
Ekpɔ gboti aɖe le mɔ to eye wòte ɖe eŋu, ke mekpɔ kutsetse aɖeke le edzi o, negbe aŋgbawo ko. Egblɔ na atia be: “Tso egbe heyi la, mègale ku tse ge akpɔ o.” Enumake atia yrɔ sũu.
20
Esi eƒe nusrɔ̃lawo kpɔe la, ewɔ nuku na wo, eye wobia be: “Ale ke wɔ atia yrɔ sũu kpata alea?”
21
Yesu ɖo eŋu be: “Nyateƒe tututu tom mele na mi be, ne miexɔ se, eye mieke ɖi kura o la, menye nu si mewɔ na ati sia ɖeɖe ko miawɔ o. Ne miegblɔ na to sia be: ‘Ho, nàyi ɖadze ƒu me’ la, ava eme.
22
Azɔ ne xɔse le mia si la, nu sia nu si miado gbe ɖa abia ko la, miaxɔe.”
23
Esi Yesu trɔ va mawuxɔa me hele nu fiam la, nunɔlagãwo kple dumegãwo va egbɔ, eye wobiae be: “Ame ka ƒe ŋusẽ nètsɔ le nu siawo wɔmee, eye ame kae ɖe mɔ na wò?”
24
Yesu ɖo eŋu na wo be: “Nye hã mabia nya ɖeka mi, eye ne mieɖo eŋu nam la, ekema nye hã magblɔ ŋusẽ si metsɔ le nu siawo wɔmee la na mi.
25
Ame ka gbɔ Yohanes xɔ ŋusẽ tsoe hele mawutsi na amewo? Mawu gbɔ ye wòxɔe tsoe loo, alo amewo gbɔ yea?” Woda nya la kpɔ le wo nɔewo dome be: “Ne míegblɔ be: ‘Mawu gbɔe wòxɔe tsoe’ la, abia mí be: ‘Ekema nu ka ta miexɔ edzi se o?’
26
Ke ne míegblɔ be: ‘Amewo gbɔe wòxɔe tsoe’ hã menyo o; míele vɔvɔ̃m na ameha la elabe wo katã woxɔe se be Yohanes nye Mawu ƒe gbeƒãɖela.”
27
Ale woɖo eŋu na Yesu be: “Míenya o.” Egblɔ na wo be: “Ekema nye hã nyemagblɔ afi si mexɔ ŋusẽ tsoe hele nu siawo wɔmee la na mi o.”
28
“Mibu esia ŋu kpɔ. Vi eve le ame aɖe si. Eyi ɖe gbãtɔ gbɔ ɖagblɔ nɛ be: ‘Vinye, yi nàwɔ dɔ le nye waingble me egbea.’
29
Eɖo eŋu be: ‘Nyemayi o.’ Ke emegbe la, edze sii be yeda vo, ale wòyi agblea.
30
Eyi ɖe evelia gbɔ gagblɔ nya mawo ke na eya hã. Eya ɖo eŋu be: ‘Yoo, tɔ́nye, mayi.’ Ke mede o.
31
Vi eve siawo dometɔ kae wɔ wo tɔ́a ƒe lɔlɔ̃nu?” Woɖo eŋu be: “Gbatɔ̃ lae.” Yesu gblɔ na wo be: “Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be nudzɔlawo kple ahasiwɔlawo tre mawufiaɖuƒea me yiyi na mi.
32
Elabe Yohanes va mia gbɔ be yeafia mɔ dzɔdzɔe, si dzi miato la mi, gake miexɔ edzi se o. Nudzɔlawo kple ahasiwɔlawo boŋ xɔ edzi se. Esi miekpɔ esia dze sii kɔtɛe gɔ̃ hã la, mietrɔ susu emegbe be yewoaxɔ edzi ase o.”
33
Yesu gblɔ na wo be: “Migase lododo bubu. Agbledela aɖe de waingble, tɔ kpɔ ƒo xlãe. Etu wainfiãnu kple agbledzɔxɔe ɖe eme. Emegbe la, etsɔe de asi na ame siwo wɔa dɔ le waingble me, eye wòdzo yi du bubu aɖe me.
34
Esi kutsetseawo gbeɣi ɖo la, edɔ eƒe dɔlawo ɖo ɖe waingblea dzikpɔlawo be woaxɔ ye tɔ gome vɛ na ye.
35
Ke agblea dzikpɔlawo lé eƒe dɔlaawo. Woƒo ame ɖeka, wu ame ɖeka eye woƒu kpe etɔ̃lia.
36
Le esia megbe la, egadɔ dɔla bubu siwo sɔ gbɔ wu esiwo yi gbã la, ke agblea dzikpɔlawo gawɔ woawo hã nenema ke.
37
Mlɔeba la, edɔ eya ŋutɔ via ɖo ɖe wo gbɔ gblɔ be: ‘Ɖewohĩ woasi vinye ŋkume ɖa.’
38
Ke esi agblea dzikpɔlawo kpɔ via la, wogblɔ na wo nɔewo be: ‘Ame si gbɔna doa me nyi ge lae nye esi. Miva ne míawui bene eƒe domenyinu la nazu mía tɔ!’
39
Tete wolée, hee do goe tso waingblea me, eye wowui.
40
Azɔ ne waingbletɔa va ɖe, nu ka wòawɔ waingbledzikpɔla siawo?”
41
Woɖo eŋu be: “Le nyateƒe me la, atsrɔ̃ ame vlo siawo eye wòatsɔ waingblea ade asi na agbledzikpɔla bubu, siwo atsɔ etɔ gome vɛ nɛ ɖe ɣeyiɣi dzi tututu le nuŋeɣi.”
42
Yesu gblɔ na wo be: “Ɖe miexlẽ esia le mawunya me kpɔ oa? Woŋlɔ ɖi be: ‘Kpe si xɔtulawo gbe la, eya kee va zu dzogoedzikpe. Aƒetɔ lae wɔ esia. Ewɔ nuku na mí ale gbegbe.’
43
“Eya ta mele egblɔm na mi be woaxɔ mawufiaɖuƒea le mia si, eye woatsɔe ana dukɔ si tse ku la.” [
44
“Ame si ke dze kpe sia dzi la, aŋe klíklikli, ke ame si ke dzi wòadze ya la, agbãe nyányanya.” ]
45
Azɔ esi nunɔlagãwo kple Farisitɔwo se eƒe lododoawo la, eme kɔ na wo be yewo ŋutie wòdo wo ɖo.
46
Eya ta wodi be yewoalée, ke wovɔ̃ na ameha la elabe ameawo bu Yesu abe Mawu ƒe gbeƒãɖela ene.
← Chapter 20
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 22 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28