bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Matthew 20
Matthew 20
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 19
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 21 →
1
“Dziƒofiaɖuƒea le abe waingbledela aɖe, si do ŋdi kanya be yeaɖadi apatɔwo be woava wɔ dɔ na ye le yeƒe waingble me la ene.
2
Woƒo asi le dɔa ŋu, eye agbletɔa lɔ̃ be yeaxe klosaloga si nye ŋkeke ɖeka ƒe fetu la na wo, eye wòɖo wo ɖe waingblea me.
3
Egado go abe ga asieke me ene, eye wòkpɔ ame bubu siwo mekpɔ dɔ aɖeke awɔ o la le asi me.
4
Egblɔ na wo be: ‘Miawo hã miheyi ɖe waingblea me, eye maxe fe si dze la na mi.’ Ale woawo hã woyi.
5
Egado ake le ŋdɔ ga wui eve kple ɣetrɔ ga etɔ̃ me, eye wògawɔ nenema ke.
6
Le ga atɔ̃ me lɔƒo la, egado go, eye wòkpɔ ame bubu siwo le tsitre. Ebia wo be: ‘Nu ka ta miele tsitre ɖe afii ŋkeke bliboa dɔ aɖeke mawɔmawɔe?’
7
Woɖo eŋu nɛ be: ‘Ame aɖeke meva tsɔ mí o tae.’ Egblɔ na wo be: ‘Ekema miawo hã miheyi ɖe waingblea me.’
8
Esi fiẽsi ɖo la, agbletɔa gblɔ na eƒe agbledzikpɔla la be: ‘Yɔ dɔwɔlaawo eye nàxe fe na wo. Dze egɔme tso ame siwo va mamlɛa dzi va se ɖe ame siwo va gbã la dzi.’
9
Esi ame siwo va ɣetrɔ ga atɔ̃ me la va la, wo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ klosaloga ɖekaɖeka.
10
Ke esi ame siwo va gbã la va la, wobu be nu si yewoaxɔ la asɔ gbɔ wu, ke wo dometɔ ɖe sia ɖe hã xɔ klosaloga ɖeka ko.
11
Esi woxɔ ga sia la, wolĩ liʋiliʋĩ le agbletɔa ŋu
12
gblɔ be: ‘Ame siwo tsi megbe va la wɔ dɔ gaƒoƒo ɖeka pɛ ko. Evɔ la, míawo ya míewɔ dɔ ŋkeke bliboa katã, eye ŋdɔ ɖu mí, ke èxe fe sɔsɔe na mí katã!’
13
Eɖo eŋu gblɔ na wo dometɔ ɖeka be: ‘Kpɔe ɖa, xɔ̃, nyemeba wò o. Menye klosaloga ɖeka dzie mí ame evea míelɔ̃ ɖo oa?
14
Tsɔ nu si nye tɔwò nàdzo. Nye ŋutɔe ɖoe be maxe fe si mexe na wò la na ame mamlɛtɔ sia hã.
15
Ɖe nyemekpɔ mɔ awɔ nu si nye tɔnye la ŋudɔ, abe ale si melɔ̃ la ene oa? Alo dɔmenyo si mewɔ lae na wò ŋku biã ɖe ŋunyea?’
16
Eya ta ame mlɔetɔwo lazu gbãtɔwo, eye ame gbãtɔwo lazu mlɔetɔwo.”
17
Esi Yesu dze mɔ yina ɖe Yerusalem la, eyɔ nusrɔ̃la wui eveawo ɖe kpɔe, eye wògblɔ na wo le mɔa dzi be:
18
“Miɖo to ne miasee ɖa! Míeyina Yerusalem; woatsɔ Amegbetɔ Vi la ade asi na nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo. Woatso kufia nɛ,
19
eye woadee asi na ame siwo menye Yudatɔwo o la bene woaɖu fewu le eŋu. Woaƒoe ahaklãe ɖe ati ŋu, ke le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Mawu afɔe ɖe tsitre.”
20
Tete Zebedeo srɔ̃ kplɔ via ŋutsuvi eve va dze klo ɖe Yesu gbɔ henɔ nane biamee.
21
Ebia nyɔnua be: “Nu ka dim nèle?” Eɖo eŋu nɛ be: “Wɔe be vinye ŋutsuvi eve siawo dometɔ ɖeka nanɔ wò ɖusime, eye evelia hã nanɔ wò miame le wò fiaɖuƒea me.”
22
Ke Yesu ɖo eŋu gblɔ be: “Mienya nu si biam miele la o. Ɖe miate ŋu ano fukpekpekplu si no ge mala laa?” Woɖo eŋu nɛ be: “Míate ŋui.”
23
Yesu gblɔ na wo be: “Nyateƒee, mianoe baa, ke be mianɔ anyi ɖe nye ɖusime kple nye miame ya la, eya menye nyee aɖe mɔ le eŋuti o. Ame siwo Tɔ́nye dzrae ɖo ɖi na la ko tɔe.”
24
Esi nusrɔ̃la ewoawo se nya sia la, wokpɔ dziku ɖe nɔvi eveawo ŋuti.
25
Ke Yesu yɔ wo va eɖokui gbɔ gblɔ na wo be: “Mienya be ame siwo ɖua trɔ̃subɔlawo dzi la ɖua amegã ɖe wo dzi, eye woƒe kplɔlawo kpɔa ŋusẽ blibo ɖe wo dzi.
26
Migana wòanɔ nenema le miawo ya mia dome o, ke boŋ ame si di be yeanye amegã le mia dome la, nanye miaƒe subɔla.
27
Nenema ke ame si di be yeanye gbãtɔ le mia dome la, hã nanye miaƒe subɔla.
28
Nenema kee Amegbetɔ Vi la gɔ̃ hã meva be woasubɔ ye o, ke boŋ bene yeasubɔ amewo, eye be yeatsɔ yeƒe agbe ana atsɔ axɔ ame geɖe.”
29
Esi wodo go tso Yerixo-dua me yina la, ameha gã aɖe kplɔ wo ɖo.
30
Ŋkuagbãtɔ eve bɔbɔ nɔ anyi ɖe mɔa to, eye esi wose be Yesu va yina la, wodo ɣli gblɔ be: “Kpɔ nublanui na mí, David Vi!”
31
Ameha la blu ɖe wo ta be woazi ɖoɖoe, ke wogado ɣlia sesĩe wu be: “Ao, Aƒetɔ, David Vi, kpɔ nublanui na mí dzro la!”
32
Yesu tɔ, yɔ wo vɛ hebia wo be: “Nu ka dim miele be mawɔ na mi?”
33
Woɖo eŋu be: “Aƒetɔ, na be míaƒe ŋkuwo naʋu.”
34
Woƒe nu wɔ nublanui na Yesu. Eka asi woƒe ŋku ŋu. Tete woƒe ŋkuwo ʋu enumake, eye wodze Yesu yome.
← Chapter 19
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 21 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28