bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Matthew 2
Matthew 2
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 3 →
1
Esi wodzi Yesu le Betlehem-dua me le Yudea le fia Herodes ŋɔli la, ɣletivimenunyala aɖewo tso ɣedzeƒe va Yerusalem,
2
eye wobia be: “Afi ka wodzi Yudatɔwo ƒe fia la le? Eƒe ɣletivi do le ɣedzeƒe míekpɔ, eya ta míeva be míasubɔe.”
3
Esi Herodes se esia la, dzika tso eya kple Yerusalemnɔlawo katã ƒo.
4
Eyɔ dukɔa ƒe amegãwo kple agbalẽfialawo katã ƒo ƒu hebia wo be: “Afi ka woadzi Kristo la le?”
5
Woɖo eŋu be: “Woadzii le Betlehem-dua me le Yudea, elabe woŋlɔe ɖi to Mawu ƒe gbeƒãɖela la dzi be:
6
‘Wò Betlehem, le Yuda-nyigba dzi, menye du gblɔe nènye kura le Yuda ƒe fiaduwo dome o, elabe mewòe dziɖula si aɖu nye dukɔ Israel dzi la lado atso.’ ”
7
Esia megbe la, Herodes yɔ nunyalaawo ɖeɖe dzaa, eye wòbia ɣeyiɣi si tututu ɣletivi la do wokpɔ la wo tsitotsito.
8
Tete wòɖo wo ɖe Betlehem kple nya siawo be: “Miheyi ɖadi ɖevia nyuie, eye ne mieke ɖe eŋu la, miva na nyanyam, ale be nye hã mayi aɖasubɔe.”
9
Ke woawo la, esi wose fia la ƒe nya la, wotɔ edzi heyi. Kasia ɣletivi si wokpɔ le ɣedzeƒe lae nye esi. Ezɔ wo ŋgɔ laa kekeke yi ɖatɔ ɖe aƒe si me ɖevi la le la tame.
10
Esi wokpɔ ɣletivia la, dzi dzɔ wo ŋutɔŋutɔ.
11
Woge ɖe aƒea me, eye esi wokpɔ ɖevia kple nɔa Maria la, wodze klo hesubɔe. Woʋu woƒe kesinɔnuwo nu, eye wotsɔ nunana siwo nye sika, kotoklobo kple lifi la nɛ.
12
Mawu gbe nya na wo le drɔ̃eƒe be womegagbugbɔ yi Herodes gbɔ o, ale woto mɔ bubu dzo yi wo de.
13
Esi nunyalaawo dzo yi vɔ la, Aƒetɔ ƒe dɔla ɖe eɖokui fia Yosef le drɔ̃eƒe, eye wògblɔ nɛ be: “Fɔ nàkplɔ ɖevia kple nɔa, ne miasí ayi Egipte, elabe Herodes le ɖevia di ge be yeawu. Minɔ afi ma va se ɖe esime magblɔe na wò.”
14
Yosef fɔ eye wòkplɔ ɖevia kple dadaa le zã me heyi Egipte.
15
Enɔ afi ma va se ɖe esime Herodes ku. Esia dzɔ be Aƒetɔ ƒe nya si wògblɔ to eƒe gbeƒãɖela la dzi la nava eme be: “Tso keke Egipte kee meyɔ vinye la tsoe.”
16
Esi Herodes kpɔ be nunyalaawo flu ye la, edze agbo ŋutɔ, eye wòdɔ amewo ɖa be woayi aɖawu viŋutsuvi siwo katã xɔ va se ɖe ƒe eve le Betlehem kple eƒe nutowo katã me. Eɖo ƒe eve sia, ɖe nya si nunyalaawo gblɔ nɛ, esime wòbia gbe wo la nu.
17
Ale wɔ Mawu ƒe gbeƒãɖela Yeremya ƒe nya si wògblɔ ɖi la va eme. Ebe:
18
“Ɣli ɖi le Rama. Aviɣli kple konyifafa ye! Raxel ye le avi fam na viawo, eye mele lɔlɔ̃m be woafa akɔ na ye o, elabe viawo tsrɔ̃.”
19
Le Herodes ƒe ku megbe la, mawudɔla ɖe eɖokui fia Yosef le drɔ̃eƒe le Egipte, eye wògblɔ nɛ be:
20
“Tso nàgbugbɔ ɖevia kple nɔa ayi ɖe Israel-nyigba dzi, elabe ame siwo le ɖevia ƒe ku dim la, woku.”
21
Ale Yosef dze mɔ, eye wòkplɔ ɖevia kple nɔa va Israel-nyigba dzii.
22
Ke esi wòse be Arxelao ye wotsɔ ɖo fiae le Yudea, ɖe tɔ́a Herodes teƒe la, evɔ̃ afi ma yiyi. Wogafia mɔe le drɔ̃eƒe, ale wòdzo yi Galilea-nutowo me.
23
Eyi ɖanɔ du aɖe, si woyɔna be Nazaret la me, bene nya si wogblɔ to Mawu ƒe gbeƒãɖelawo dzi be: “Woayɔe be Nazaretetɔ” la, nava eme.
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 3 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28