bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Matthew 8
Matthew 8
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 9 →
1
Esi Yesu ɖi tso togbɛa dzi la, ameha gã aɖe dze eyome.
2
Tete ŋutsu kpodɔlela aɖe si va dze klo de ta agu nɛ la gblɔ be: “Aƒetɔ, ne èlɔ̃ la, àte ŋu ana ŋutinye nakɔ.”
3
Yesu do asi ɖa, ka asi eŋuti gblɔ be: “Melɔ̃, ŋutiwò nekɔ.” Enumake ame la ƒe dɔa vɔ nɛ.
4
Yesu gblɔ nɛ be: “Kpɔ nyuie, mègagblɔ nya aɖeke na ame aɖeke o, ke boŋ yi ɖe nunɔla gbɔ nàtsɔ ɖokuiwò afiae, eye nàna nu siwo Mose ƒe se la bia be woana la, atsɔ afia amewo be ŋutiwò kɔ.”
5
Esi Yesu ge ɖe Kapernaum-dua me la, Roma-ʋakplɔla aɖe te ɖe eŋu, eye wòɖe kuku nɛ be:
6
“Aƒetɔ, nye dɔla le dɔ lém, le aba dzi le aƒeme, eye wòle fu kpem ŋɔdzitɔe.”
7
Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Mava da gbe le eŋu.”
8
Ke aʋakplɔla la gblɔ be: “Aƒetɔ, nyemedze be nàge ɖe nye aƒeme o. Gblɔ nya ɖeka ko, nye dɔla ƒe lã me lasẽ;
9
elabe nye hã mele amegãwo te, eye asrafowo le nye hã tenye. Ne megblɔ na ame sia be, ‘Yi!’ la, eyina, eye ne megblɔ na bubu be, ‘Va!’ la, evana, eye ne megblɔ na nye dɔla be, ‘Wɔ esia!’ la, ewɔnɛ.”
10
Esi Yesu se nya siawo la, ewɔ nuku nɛ eye wògblɔ na ame siwo le eyome la be: “Le nyateƒe me la, nyemekpɔ xɔse sia tɔgbe le Israel-vidzidzi aɖeke me gɔ̃ hã kpɔ o.
11
Meka ɖe edzi na mi be ame geɖewo latso ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe, anɔ kplɔ̃ ŋuti akpe ɖe Abraham, Isak kple Yakob ŋuti le dziƒofiaɖuƒe la me,
12
ke woatsɔ dzidzimevi, siwo tɔ boŋ fiaɖuƒe la nye hafi ya la, aƒu gbe ɖe viviti si le egodo la me. Afi mae amewo afa avi, eye woaɖu aɖukli le.”
13
Esia yome la, Yesu gblɔ na aʋakplɔla la be: “Heyi! ava eme na wò, abe ale si nèxɔe se la ene.” Dɔla la ƒe lã me sẽ enumake.
14
Yesu yi ɖe Petro ƒeme. Ekpɔ Petro lɔ̃xo asrã lée, wòmlɔ anyi.
15
Yesu ka asi eƒe asi ŋu. Tete asrã la kɔ́ le edzi, eye wòtsi tsitre wɔ amedzro nɛ.
16
Esi fiẽsi ɖo la, wokplɔ ame geɖe, siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la va Yesu gbɔ. Yesu nya gbɔgbɔawo do go kple nya ɖeka ko, eye wòda gbe le ame siwo katã ƒe lã me gblẽ la ŋuti.
17
Ale wɔ nya si wogblɔ to Mawu ƒe gbeƒãɖela Yesaya dzi be: “Eyae tsɔ míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo, eye wòde ta míaƒe dɔlélewo te” la va eme.
18
Esi Yesu kpɔ ameha geɖe siwo ƒo xlãe la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be yewoatso ƒua ayi go kemɛ dzi.
19
Tete agbalẽfiala aɖe va egbɔ gblɔ nɛ be: “Nufiala, afi sia afi si nàyi la, manɔ yowòme.”
20
Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Abeiwo kpɔ do, be ɖe eme. Xeviwo hã kpɔ atɔ, le eme, ke Amegbetɔ Vi la ya la, nɔƒe aɖeke mele esi wòatsɔ ta aziɔ ɖo o!”
21
Nusrɔ̃laawo dome ame bubu gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, ɖe mɔ nam ne mayi aɖaɖi tɔ́nye gbɔ.”
22
Ke Yesu ɖo eŋu be: “Dze yonyeme, ɖe asi le ame siwo le abe ame kukuwo ene la ŋuti be woaɖi woawo ŋutɔ ƒe ame kukuwo.”
23
Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ge ɖe tɔdziʋu aɖe me.
24
Tete ahom sesẽ aɖe tu le ƒua dzi, ale be ƒutsotsoewo le ŋeŋém ɖe ʋua me. Ke Yesu ya nɔ alɔ̃ dɔm.
25
Nusrɔ̃laawo te ɖe eŋuti, nyɔe gblɔ be: “Aƒetɔ, ɖe mí! Míeku vɔ!”
26
Ke Yesu ɖo eŋu be: “Nu ka ta miele vɔvɔ̃m? Xɔseʋɛtɔwo!” Tete wòfɔ heblu ɖe ya la kple ƒua ta; enumake, ɖoɖoe zi toŋ!
27
Amewo ƒe nu ku, eye wobia be: “Ame ka ƒomevie nye esia? Yaƒoƒo kple ƒu gɔ̃ hã ɖoa toe!”
28
Esi Yesu ɖi go ɖe Gadara-nyigba dzi la, ame eve, siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la do go tso agado siwo me woɖia ame ɖo la me va kpee. Adã le mo na ame siawo ale gbegbe be ame aɖeke megate ŋu toa afi ma lɔƒo o.
29
Wodo ɣli be: “Wò Mawu Vi, nya kae le mía kple wò dome? Ɖe nèva be yeawɔ fu mí do ŋgɔ na ɣeyiɣi laa?”
30
Ke hawo ƒe hatsotso gã aɖe le nu ɖum le afi ma lɔƒo.
31
Gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖe kuku na Yesu be: “Ne ànya mí ado goe la, ekema ɖo mí ɖe hawo ƒe ha kemɛ ɖa me.”
32
Yesu gblɔ na wo be: “Midzo yi.” Ale wodo go, eye woge ɖe haawo me. Hawo ƒe hatsotso blibo la katã ƒu du, kplìkplikpli ɖi abu tso to la kɔgo dze ƒua me heku.
33
Ame siwo le haawo dzi kpɔm la sí yi dua me. Woɖaxlẽ nya si dzɔ ɖe ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃awo nɔ la kple haawo hã dzi la fia amewo.
34
Du blibo la ƒo zi, eye wodo va be yewoakpɔ Yesu. Esi wova ke ɖe eŋu la, woɖe kuku nɛ be wòadzo le yewoƒe nutoa me.
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 9 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28