bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Matthew 7
Matthew 7
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 8 →
1
“Migadrɔ̃ ʋɔnu ame bubuwo ne Mawu hã nadrɔ̃ ʋɔnu mi o.
2
Elabe ale si mietso nya me le ame bubuwo ŋui la, nenema ke woatso nya me le mia ŋui, eye nudzidzenu si mietsɔ dzidze nui na amewo la, eya ke woatsɔ adzidzee na miawo hã.
3
Ale ke wɔ nèle ati fefee sue, si ɖo nɔviwò ƒe ŋkume la kpɔm, ke atikpo si le wò ŋutɔ wò ŋku dzi la ya, mele dzedzem na wò kura gɔ̃ hã o?
4
Ale ke wɔ nàte ŋu agblɔ na nɔviwò be: ‘Taflatsɛ, nà maɖe ati fefee la le ŋkume na wò.’ Evɔ atikpo blibo le wò ya wò ŋku dzi!
5
Wò, alakpatɔ! Ɖe atikpo si le wò ŋutɔ wò ŋku dzi la ɖa gbã, ekema àte ŋu akpɔ nu nyuie, be nàɖe ati fefee sue la ɖa le nɔviwò ƒe ŋku dzi.”
6
“Migatsɔ nu siwo le kɔkɔe la da ɖe ame siwo le abe avuwo ene la gbɔ o, elabe ɖeko woatrɔ ava vuvu mi. Nenema ke migatsɔ nu siwo nye nu xɔasi na mi abe dzonu nyuitɔ ene la kɔ ɖi na ame siwo le abe hawo ene o; elabe ɖeko woatu afɔ wo dzi ahatugu wo.”
7
“Mibia nu eye woana mi; midi nu, eye miakpɔe; miƒo ʋɔ, eye woaʋui na mi.
8
Elabe ame sia ame si biaa nu la, wonanɛ, eye ame sia ame si dia nu la, ekpɔnɛ, eye ame sia ame si ƒo ʋɔ la, woaʋui nɛ.
9
Mia dome ame kae li, ne via bia aboloe la, wòatsɔ kpe ade esi?
10
Alo ne ebia kalãmii la, wòatsɔ da ade esi?
11
Ne mi, ame vɔ̃ɖiwo mienya ale si miana nunana nyuiwo mia viwo la, ɖe mia Tɔ́ si le dziƒowo la mana nu nyuiwo ame siwo bianɛ la wu sãa oa?
12
“Eya ta nu sia nu si miedina be amewo nawɔ na yewo la, miawo hã miwɔ nu ma ke na wo. Esia ko gblɔm Mose ƒe se la kple Mawu ƒe gbeƒãɖelawo ƒe nufiafia la le.”
13
“Mito agbo suetɔ la nu; elabe agboa keke, mɔa dzi zɔzɔ le bɔbɔe, eye wòɖo ta tsɔtsrɔ̃ me; ame geɖe ŋutɔ ye toa edzi.
14
Ke agbo la le sue, mɔa dzi toto sesẽ, eye wòɖo ta agbe la me; ame ʋɛ aɖewo koe dzea sii.”
15
“Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le alakpagbeƒãɖelawo ŋuti. Wovaa mia gbɔ, eye wodzena le gota gome abe alẽ ko ene, ke le wo me la, wonye amegãxi nyanyrawo.
16
Miadze si wo to woƒe nuwɔna me. Aŋɔka mate ŋu atse wainkpowo o, eye srẽ mate ŋu atse gbo o.
17
Ale ati nyui sia ati nyui tsea ku nyui, eye ati manyomanyo tsea ku manyomanyo.
18
Ati nyui mate ŋu atse ku manyomanyo o, eye ati manyomanyo hã mate ŋu atse ku nyui o.
19
Ke ati si metsea ku nyui o la, wotsonɛ ƒua anyi, eye wotsɔnɛ dea dzo me.
20
Ale alakpatɔ siwo ɖea gbeƒã Mawu ƒe gbedeasi la ƒe nuwɔnawo miatsɔ adze si woe.”
21
“Menye ame sia ame si le yɔyem be, ‘Aƒetɔ, Aƒetɔ’ lae ayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o. Ke boŋ ame si le Tɔ́nye si le dziƒowo la ƒe lɔlɔ̃nu wɔm lae ayi.
22
Ne ŋkekea ɖo edzi la, ame geɖewo layɔm be, ‘Aƒetɔ, Aƒetɔ’, ahabiam be, ‘Menye wò ŋkɔ mee míeɖe gbeƒã wò gbedeasi le oa? Menye wò ŋusẽ mee míenya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le oa? Alo menye wò ŋkɔ dzi míeto wɔ nukunu geɖewo oa?’
23
Ekema magblɔ na wo be, ‘Nyemenya mi kura o. Nu madzɔmadzɔ wɔlawo, mite ɖa le gbɔnye!’ ”
24
“Ale ame sia ame si sea nye nyawo, eye wòwɔa wo dzi la le abe ame nyanu, si tu eƒe xɔ ɖe kpe dzi la ene.
25
Tsi dza, tɔwo ɖɔ eye ahom tu va lɔ xɔa sesĩe. Gake memu o, elabe woɖo egɔme anyi ɖe kpe gbadza dzi.
26
Ke ame sia ame si se nye nyawo, eye mewɔa wo dzi o la, le abe ame manyanu, si tu eƒe xɔ ɖe ke me la ene.
27
Tsi dza, tɔwo ɖɔ, eye ya sesẽwo ƒo va lɔ xɔ la. Tete xɔa mu dze anyi gbloo!”
28
Esi Yesu wu nya siawo gbɔgblɔ nu la, ameha la ɖi vo le ale si wòfia nui la ta.
29
Elabe efia nu abe ame si si ŋusẽ le la ene, ke menye abe woƒe agbalẽfialawo ene o.
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 8 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28