bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Matthew 19
Matthew 19
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 18
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 20 →
1
Esi Yesu gblɔ nya siawo vɔ la, edzo le Galilea eye wòva Yudea-nutowo me le Yordan-tɔsisi la godo.
2
Ameha gã aɖe kplɔe ɖo, eye wòda gbe le wo ŋu le afi ma.
3
Azɔ Farisitɔ aɖewo va egbɔ le etem kpɔ hebiae be: “Ɖe se ɖe mɔ na ŋutsu be wòagbe srɔ̃a le nya sia nya taa?”
4
Yesu ɖo eŋu na wo be: “Miexlẽe kpɔ be ame si wɔ ame le gɔmedzedzea me la, atsu kple asie wòwɔ woe oa?
5
Tete amea be, ‘Eya ta ame agblẽ tɔ́a kple nɔa ɖi, alé ɖe srɔ̃a ŋuti, eye wo kple evea woazu ame ɖeka.’
6
Elabe tso esia dzi yina la, womeganye ame eve o, ke boŋ wozu ɖeka. Eya ta nu si Mawu bla ɖekae la, migana ame nama eme o.”
7
Farisitɔawo biae be: “Ke nu ka tae Mose ya ɖe mɔ be woana srɔ̃gbegbalẽe, eye woaɖe asi le eŋuti?”
8
Yesu ɖo eŋu na wo be: “Miaƒe tosesẽ tae Mose ɖe mɔ na mi be miagbe mia srɔ̃wo ɖo, ke le gɔmedzedzea me la, menɔ nenema o.
9
Ke mele egblɔm na mi be ŋutsu si gbe srɔ̃a, ne menye le ahasiwɔwɔ ta o, eye wòɖe nyɔnu bubu aɖe la, ewɔ ahasi.”
10
Eƒe nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ be: “Ne ŋutsu kple srɔ̃a domenya le alea la, ekema menyo be woaɖe srɔ̃ o.”
11
Yesu gblɔ na wo be: “Menye ame sia amee ate ŋu ase nya sia gɔme o, negbe ame siwo wona la ko.
12
Elabe ame tata aɖewo li siwo wodzi nenema; ame tata bubu aɖewo hã li siwo wota, eye bubuwo hã gali ame siwo ŋutɔ ta wo ɖokuiwo ɖe dziƒofiaɖuƒea ta. Ame si ate ŋu axɔ nufiafia sia la, nexɔe.”
13
Wotsɔ ɖeviwo va Yesu gbɔe bene wòada asi ɖe wo dzi, eye wòado gbe ɖa ɖe wo ta. Nusrɔ̃laawo he nya ɖe ameawo ŋu,
14
ke Yesu gblɔ be: “Mina ɖeviawo nava gbɔnye; migaxe mɔ na wo o, elabe ame siawo ƒomevi tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la.”
15
Tete wòda asi ɖe wo dzi, eye wodzo le afi ma.
16
Ŋutsu aɖe va Yesu gbɔ gbe ɖeka hebiae be: “Nufiala, nu nyui ka wòle be mawɔ bene makpɔ agbe mavɔ?”
17
Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Nu ka ta nèle nya biamem tso nu nyui ŋuti? Ame ɖeka pɛ koe nye ame nyui. Ke ne èdi be yeayi ɖe agbe la me la, lé seawo me ɖe asi.”
18
Ebia be: “Kawoe?” Yesu ɖo eŋu be: “Mègawu ame o; mègawɔ ahasi o; mègafi fi o; mègaɖi aʋatsoɖase o;
19
bu tɔ́wò kple nɔwò kple lɔ̃ hawòvi, abe ale si nèlɔ̃ ɖokuiwò la ene.”
20
Ɖekakpuia gblɔ nɛ be: “Mewɔ se siawo katã dzi. Nane gasusɔ si hiã be mawɔa?”
21
Yesu gblɔ nɛ be: “Ne èdi be yeade blibo la, trɔ yi nàdzra nu siwo katã le asiwò la, eye nàtsɔ ga la ana ame dahewo. Ne èwɔ esia la, kesinɔnu anɔ asiwò le dziƒo, eye nàtrɔ ava nɔ yonyeme.”
22
Esi ɖekakpuia se esia la, etrɔ dzo kple nuxaxa, elabe kesinɔnu geɖe le esi.
23
Tete Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Mele egblɔm na mi be, asesẽ na kesinɔtɔ be wòayi ɖe dziƒofiaɖuƒea me.
24
Megale egblɔm na mi hã be ele bɔbɔe na kposɔ be wòato abi ƒe vo me, wu be kesinɔtɔ nage ɖe Mawu ƒe fiaɖuƒe la me.”
25
Esi nusrɔ̃laawo se esia la, ewɔ nuku na wo ŋutɔ, eye wobia be: “Ekem ɖe, ame ka gɔ̃e woate ŋu axɔ ɖe agbe?”
26
Yesu kpɔ wo dũu, eye wògblɔ na wo be: “Le amegbetɔwo gome la, womate ŋu awɔ esia o, ke Mawu ya te ŋu wɔa nu sia nu.”
27
Azɔ Petro biae be: “Kpɔ ɖa, esi míawo míegblẽ míaƒe nuwo katã ɖi hele yowòme fifia ɖe, nu ka gɔ̃ lava nye mía tɔ?”
28
Yesu gblɔ na wo be: “Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, ne Amegbetɔ Vi la bɔbɔ nɔ eƒe ŋutikɔkɔefiazikpuia dzi, le xexe yeyea me la, mi ame siwo dze yonyeme la, miawo hã mianɔ fiazikpui wui eve dzi ahadrɔ̃ ʋɔnu Israel-ƒome wui eveawo.
29
Eya ta ame sia ame si gblẽ xɔwo, viwo alo anyigbawo ɖi le tanye la, Mawu aɖo eteƒe nɛ zi alafa, eye wòanyi agbe mavɔ la dome.
30
Ke ame geɖe siwo nye gbãtɔwo la lazu mlɔetɔwo, eye mlɔetɔwo lava zu gbãtɔwo.
← Chapter 18
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 20 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28