bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Job 10
Job 10
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 11 →
1
Nye agbe le ŋu nyɔm na nye luʋɔ, eyata mana konyifafa naɖo bababa, eye maƒo nu le nye luʋɔ ƒe vevesesewo me.
2
Megblɔ na Mawu be: Megabu fam o; na manya nusi la nele avu wɔm kplim ɖo!
3
Ɖe wòle nuwò vivim be, nète ame ɖe anyi, eye nètsɔ nye, wò asinudɔwɔwɔ la, ƒu gbe, eye nèklẽ ɖe ame vlo ƒe adaŋudede dzia?
4
Ŋutilãŋkue le tawòa? alo ɖe nèkpɔa nu, abe alesi amegbetɔ kpɔa nui enea?
5
Ɖe wò ŋkekewo le abe amegbetɔ ƒe ŋkekewo enea? Eye wò ƒewo le abe ŋutsu ƒe ƒewo enea?
6
Hafi nèle nye vodadawo gɔme dim, eye nèle nye nuvɔ̃wo ta biam le sesem,
7
eya wònye ènyae be, nyemeɖi fɔ o hafi, eye amea ɖeke mate ŋu axɔ ame le asiwò me o.
8
Wò asie mem, eye néwɔ nye afisiafi pɛpɛpɛ tso, hafi natsrɔ̃m mahã?
9
Ɖo ŋui be, tsue nètsɔ wɔm, eye ɖe nèbe, magatrɔ zu anyia?
10
Ɖe mèkɔm ɖe anyi abe notsi ene, eye nèna mebla abe notsi kpekẽ ene oa?
11
Efa ŋutigbalẽ kple lã ɖe ŋunye, eye nède ƒu kple lãmeka menye.
12
Ena agbe kple amenuvevem, eye wò ametakpɔkpɔ dzra nye gbɔgbɔ ɖo.
13
Nusia nèɣla ɖe wò dzi me, menyae be, èɖo esia ɖe tame.
14
Ne mewɔ nuvɔ̃ la, èle ŋudzɔ nam hã, eye mètso nam le vodada me o.
15
Ne meɖi fɔ la, haha nam! Eye ne tɔnye dzɔ la, nyemafɔ ta dzi o, nye amesi nye ŋukpego, eye mele nye hiã leƒe kpɔm.
16
Eye ne mefɔe ɖe dzi le, ekema àyɔm ɖe nu abe dzata ene, eye àgawɔ nukunuwo ɖe ŋunye atraɖii.
17
Aɖo ɖasefo bubuwo ɖe ŋunye ɖaa, àdzi wò dziku ɖe dzi ɖe ŋunye, eye aʋakɔwo anɔ li ɖɔm wo nɔewo atraɖii ɖe ŋunye.
18
Nukaŋuti nèna medo tso danye ƒe dɔ me ɖo? Ɖe wònye ɖe metso me la, anye ne ŋkua ɖeke mekpɔm o;
19
anye ne nyemeli o, eye anye ne wotsɔm tso danye ƒe dɔme hede yɔ me.
20
Ɖe nye ŋkekewo mele ʋee ko oa? Nedzudzɔ, eye wòate ɖa le ŋunye, ne magbɔ ɖe eme vie,
21
hafi mayi, eye nyemagatrɔ agbɔ o, mayi viviti kple blukɔ ƒe anyigba dzi,
22
anyigba, si dzi viviti do ɖo kpekpekpe, eye wòtɔtɔ hɔlɔhɔlɔ, eye ne ŋu ke la, ele abe blukɔ ene.
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 11 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42