bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Job 41
Job 41
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 40
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 42 →
1
Kpɔ ɖa, eƒe mɔkpɔkpɔ azu dzodzro: ne ekpɔe tete ko la, aɖo baba ɖe anyi.
2
Amea ɖeke meɖoa nu tamee, be wòaʋuʋui o; eye ameka ate ŋu anɔ te ɖe nunya?
3
Ameka tre nu nanam, ne maɖo eteƒe nɛ? Nusiwo le dziƒo blibo la te la, tɔnye wonye.
4
Nyemazi ɖoɖoe le eƒe ŋutinuwo, eƒe ŋusẽ gbogboawo kple eƒe nɔnɔme dzeani la ŋu o.
5
Ameka aklo ava le eŋu, eye ameka aɖo eƒe aɖuwo domee?
6
Ameka aʋu eƒe ŋku me ʋɔtruwo? Ŋɔdzi ƒo xlã eƒe aɖuwo.
7
Eƒe akpoxɔnu trikpawo nye adegbeƒonu, eye wolè ɖe wo nɔewo ŋu kpaɖikpãɖi.
8
Womimi ɖe wo nɔewo ŋu, ale be ya metoa wo domee o.
9
Ɖesiaɖe ku ɖe nɔvia ŋu, eye wode alɔ wo nɔewo me, ale be womate ŋu amã o.
10
Eƒe nyenyẽ kea dzo, eye eƒe ŋkuwo le abe agudzedze ƒe aɖabawo ene.
11
Kakati bibiwo dona tsoa eƒe nu me, eye dzoxiwo hlẽna ŋeŋeŋe.
12
Dzudzɔ dona tsoa eƒe ŋɔti me, abe alesi wòdona tsoa ze, si te wotsɔ keti do dzo ɖo wòle fiefiẽm la me ene.
13
Ne egbɔ la, akawo léa dzo, eye dzoƒaɖewo dona tsoa eƒe nu me.
14
Ŋusẽ le eƒe kɔ me, eye ŋɔdzi le ɣe ɖum le eŋgɔ.
15
Eƒe dɔyi medzɔ gblɔyi o, ke boŋ edo akpa ɖe eŋu kpaɖikpaɖi.
16
Eƒe dzi do akpa abe kpe ene, edo akpa abe te ene,
17
Ne etso la, dzidzi ƒoa ŋusẽtɔwo, eye ŋɔdzi nana woluluna.
18
Ne wotsɔ lãnu ɖe eŋu, eɖanye yi alo akplɔ o, eɖanye fiavi alo aŋutrɔ o la, exɔa akpo.
19
Ebua ga yibɔ abe gbe ƒuƒu ene kple akɔbli abe ati nyunyɔ ene.
20
Aŋutrɔ menyãnɛ o, eye akafokpewo nɔna nɛ ahe ahɔ̃liti ene.
21
Ebua kpoviakpoe abe ahɔ̃liti ene, eye ne akplɔ le ʋɔ lũm la, eɖia kokoe nɛ.
22
Eƒe dɔmegbɔ nye sonugaglɛ ɖaɖɛwo, eye wòɖena ɖe ba me abe luƒotasiaɖam ene.
23
Enana tɔ gɔme fiẽna wlɔwlɔwlɔ abe nuɖaze me ene, eye wòblua atsiaƒu abe amiɖaze me ene.
24
Eyome dea mumutsi, eye tɔa dzi funa tii.
25
Etɔgbea ɖeke mele anyigba dzi o; nuwɔwɔ, si ŋɔ medzina o la, wònye.
26
Eklẽa ŋku ɖe nu gãwo katã; eya nye fia ɖe lã ɖaɖadzratvo katã dzi.
← Chapter 40
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 42 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42