bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Job 24
Job 24
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 23
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 25 →
1
Nukaŋuti ŋusẽkatãtɔ meɖo nuxi ɣeyiɣiatvo o, eye xɔlɔ̃awo mekpɔa eƒe ŋkekewo o?
2
Wotrɔa liƒowo, eye woɖaa adzo lãhawo kple lãkplɔlawo.
3
Wokplɔa tsyɔ̃evi ƒe tedzi dzonɛ, eye wotsɔa ahosi ƒe nya ɖoa awɔbae;
4
wotua asi ame dahewo ɖa le mɔ dzi, eye anyigba dzi hiãtɔwo sina ɣlana.
5
Kpɔ ɖa, woyia woƒe dɔ dzi abe gbetedzi le gbedzi ene; wofɔna ŋdi kanya ɖe nuhaha ŋu, eye gbegbe naa nuɖuɖu wo hena wo viwo.
6
Woŋea nu le agble me le zã, eye wofɔa nu dzɔdzɔe le ame vɔ̃ɖi ƒe weingble me.
7
Womlɔa anyi amama le zã avɔ makpɔm eye nutsyɔtsyɔ mele wo si le vuvɔ me o.
8
Tsi gãwo ƒoa wo le towo dzi tea wo ŋu; wodoa akɔ na agakpewo, elabena bebeƒe meli na wo o.
9
Woɖaa adzo tsyɔ̃evi le dada ƒe akɔ, eye woxɔa awɔbanu le ame dahe si.
10
Wole yiyim amama, avɔ mele wo ŋu o, eye wole lu bablawo tsam domeɣeɣee.
11
Wole ami ɖam le woƒe gliwo domee, eye wole wein fiãm, gake tsikɔ le wo wum.
12
Kudɔƒolawo le ŋeŋem le duwo me, eye amesiwo woɖa nui la, le ɣli dom, gake Mawu melé ŋku ɖe nu gbegblẽ wɔwɔ la ŋu o.
13
Woawoe nye kekeli ƒe futɔwo, womedzea si eƒe mawo o, eye wometoa etoƒe o.
14
Ne ŋu le ɖeɖem le eme la, hlɔ̃ɖola tsona heƒoa ame dahe kple hiãtɔ ƒua anyi, eye le zã me la ewɔa nu abe fiafitɔ ene.
15
Ŋutsu ahasitɔ ƒe ŋku le zãɖoɖo ŋu wòle gbɔgblɔm be, ŋkua ɖeke mele ye kpɔ ge o, eye wòtsɔ nu tsyɔ ma.
16
Wodzea zã ɖe aƒewo ŋu; wodoã ʋɔ ɖe wo ɖokui nu le ŋkeke me, eye womenyaa keli o.
17
Elabena viviti tsiɖitsiɖi le na wo katã abe agudzedze ene, eye wodzea xɔlɔ̃ zãblukɔ ƒe ŋɔdzi.
18
Eɖia du le tɔ dzi, eye woaƒo fi ade eƒe domenyinu le anyigba dzi, be magato weingblemɔ o.
19
Tsiẽƒe kplɔa nuvɔwɔlawo dzonɛ, abe alesi kuɖiɖi kple ŋdɔ heliheli kplɔa sno yina ene.
20
Dadaa ƒe akɔ aŋlɔe be, avivi nyẽwo nu, eye womagaɖo ŋku edzi o; woaŋe ame vlo abe ati ene,
21
eya amesi ha konɔ, siwo medzi via ɖeke o, eye mewɔ dɔmenyo na ahosiwo o.
22
Etsɔa eƒe ŋusẽ léa ŋutasẽla ɖe asi didie, eye amesi megaɖo ŋu ɖe agbenɔnɔ ŋu o la, gafɔna ɖe tsitrenu.
23
Enana wònɔa dedie, eziɔna ɖe eŋu, eye eƒe ŋkuwo nɔa eƒe mawo ŋu.
24
Wodoa wo ɖe dzi, eteƒe didina vie ko wo nu va yina; woɖoa agu hekuna abe ame bubuwo ene, eye wolãa wo abe ahɔ̃liti ƒe tagbɔ ene,
25
Ne mele alea o la, amekae aɖe aʋatso nam, eye wòagblẽ nye nuƒoƒo me?
← Chapter 23
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 25 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42