bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Job 5
Job 5
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 6 →
1
Yɔ ame kpɔ, ɖe amea ɖe atɔ na wò hã? Eye kɔkɔetɔawo dometɔ ka ŋu nèbe, yeatrɔ ɖo?
2
Ke boŋ dziku wua bometsila, eye abunetɔ kuna ɖe ŋuʋaʋã me.
3
Mekpɔ bometsilaa ɖe do ke; tete wònyunyɔ ɖe enɔƒe enumake.
4
Ɖeɖe metso ɖe viawo gbo o, wofanya wo le agbo la me, eye xɔnametɔa ɖeke meli o.
5
Dɔwuitɔwo mi eƒe agblemenuwo, eye woɖahe wo tso keke ŋuvegoewo me ke, eye tsikɔwuitɔwo ɖa tsyo ɖe eƒe kesinɔnuwo ŋu.
6
Elabena dzɔgbevɔ̃e medona tsoa ke me o, eye hiãtuame metsoa anyigbatu me o,
7
ke boŋ wodzi amegbetɔ ɖe hiãtuame ŋu, abe alesi dzoxi dzena yia dzii ene.
8
Nyee wònyea, anye ne matrɔ ɖe Mawu ŋu, eye matsɔ nye nya ade asi na Mawu,
9
amesi wɔa nu gã, siwo me dzodzro meli o, kple nukunu, siwo mele xexlẽ me o,
10
amesi naa tsidzadza anyigba, eye woɖoa tsi ɖe lãnyiƒewo.
11
Edoa ame bɔbɔɖokuiwo de dzi, eye wòkplɔa dzɔgbenyuie ƒua nuxalawo.
12
Egblẽ ayetɔwo ƒe tameɖoɖo me, be woƒe asiwo magawɔ naneke wòaɖɔ aʋu o.
13
Eléa nunyalawo le woƒe ayenuwɔwɔ me, eye wònana ayedzelawo tsi klokloklo le woƒe adaŋudede me.
14
Viviti kpea wo le ŋkeke me, eye wonoa asi tsam le ŋdɔkutsu abe zã me ene.
15
Ke eɖea ame dahe tsoa yi nu, tsoa woƒe nu me, eye tsoa ŋusẽtɔ si me.
16
Mɔkpɔkpɔ li na hiãtɔ, eye nu vlo wɔwɔ amia nu.
17
Kpɔ ɖa, woayra amegbetɔ, si Mawu hea to na, eyata megado vlo ŋusẽkatãtɔ ƒe tohename o.
18
Elabena edea abi eme ŋu, eye wògablanɛ, eƒoa ame, eye eƒe asi daa gbe le eŋu.
19
Aɖe wò le fukpekpe ade me, eye le adadrelia me la vɔ̃a ɖeke maka esi ŋuwò o.
20
Le dɔŋɔli la aɖe wò tso ku me, eye le, aʋa me la aɖe wòtso yi nu.
21
Aɣla de adeɖiƒoame, eye ne gbegblẽ va la, mãvɔ o.
22
Àko gbegblẽ kple dɔwuame, eye mavɔ̃ anyigba dzi gbemelãwo o.
23
Elabena mia kple agble me kpewo miabla nu, eye gbemelãwo adze xɔlɔ̃ kpli wò.
24
Ekema adze sii be, wò agbadɔ ŋu fa, eye ne èɖe ŋku de nɔwòƒe la, naneke mahiã wò o.
25
Adze sii be, viwòwo sɔ gbɔ, eye wò dzidzimeviwo le abe gbe le anyigbã dzi ene.
26
Atsi aƒu ga, hafi ayi yɔ me, abe alesi wotsɔa lu bablawo va aƒee le woƒe ɣeyiɣi dzi ene.
27
Kpɔ ɖa, nusia me míedzro, eye ele eme alea; see eye nadzrae ɖo!
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 6 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42