bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Job 7
Job 7
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 8 →
1
Ɖe menye aʋa mee amegbetɔ le le anyigba dzi oa? Eye ɖe eƒe ŋkekewo mele abe agbatedɔwɔla ƒe ŋkekewo ene oa?
2
Alesi kluvi ƒe ŋku blãna ɖe vɔvɔli ŋu, eye alesi agbaledɔwɔla nɔa eƒe fetu dzɔmee la,
3
nenema nyea mexɔ hiãɣletiwoe, eye wotso fuzãwo nam.
4
Ne memlɔ anyi la, ekema mebuna be: Ɣekaɣi mele fɔfɔ ge? Fiẽ gbɔ hã metsɔ o; eye meƒoa togogoe wòtiam, vaseɖe esime ŋu ɖena le eme.
5
Nye ŋutilã dze nyẽ, eye wòƒo anyi; nye ŋutigbalẽ lé akpɔ, eye wògagbã tsi,
6
Nye ŋkekewo ɖia ɖu wu avɔlɔ̃ʋu, eye wo nu yina mɔkpɔkpɔ manɔmee.
7
Mibu eme kpɔ, ƒuƒu enye nye agbe, eye nye ŋku magakpɔ dzɔgbenyule o.
8
Amesiwo ƒe ŋku le ŋunye la, womagakpɔm o; eye ne wò ŋkuwo dim la, nyemaganɔ anyi o.
9
Alilikpo buna, eye enu yina; nenema ke, ne amea ɖe yi tsiẽ la, megagbɔna o,
10
megatrɔna va eƒe me o, eye enɔƒe megadzea si eyama o.
11
Eyata nye hã nyemaxe mɔ na nye nu o; maƒo nu, esi nye dzi ɖo ŋɔdzi me, eye mafa konyi le nye luʋɔ ƒe vevesese me.
12
Atsiaƒue menyea, alo bosoe menye, be nèɖe ŋudzɔlawo ɖo ŋunyea?
13
Ne megblɔ be: Nye aba nefa akɔ nam, eye nye dɔƒe nexɔ nye hlãwo tso nam ti la,
14
ekema ètsɔa drɔ̃e doa vɔvɔ̃ nam, eye nètsɔa ŋutega ɖoa ŋɔdzi nam,
15
ale be nye luʋɔ di be, gbɔgbɔtsixe natsi ye ƒo, eye wòlɔ̃ ku wu ƒuɖiɖi glaŋglaŋ sia.
16
Etim azɔ, nyemebe, manɔ agbe tegbee o. Ɖe asi le ŋunye, elabena ƒuƒu enye nye ŋkekewo.
17
Nuka nye amegbelɔ be, nèɖo kɔkɔe, eye be, nétsɔ wò tame ɖo eŋu?
18
Eɖoa teƒe nɛ ŋdi sia ŋdi, eye nèdonɛ kpɔna aɖabaƒoƒo sia aɖabaƒoƒo.
19
Ɣekaɣi naɖe kɔ ɖa le ŋunye, eye naɖe asi le ŋunye, be mami ta tetee?
20
Ne mewɔ nuvɔ̃ la, nuka wonye mewɔ wò, wò amegbetɔwo ŋn dzɔla? Nukaŋuti nètsɔm ɖo nu dzidzea na ɖokuiwò, be metrɔ zu agba na ɖokuinye?
21
Nukaŋuti mẽtsɔ nye dzidadawo ke o, eye mèna nye vodadawo nu yi o? Elabena azɔ mele ke me mlɔ ge, eye ne èdim la, nyemaganɔ anyi o.
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 8 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42