bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Job 15
Job 15
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 14
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 16 →
1
Tete Elifaz, Temanitɔ la, ɖo eŋu gblɔ bena:
2
Ɖe nunyala atsɔ nya tofloko aɖo eŋu, eye ɣedzeƒeya ayɔ eƒe ɖɔmea?
3
Atsɔ nuƒoƒo, si mele ɖeke me o, kple nya, siwo maɖe ame o la, anɔ eɖokui ta ʋlimia?
4
Edzudzɔ mawuvɔvɔ̃, eye nèɖi gbɔ tamesusuwo le Mawu ŋku me.
5
Elabena wò vodada le nu fiam wò nu, eye nètia ayetɔwo ƒe aɖe.
6
Wò nue le fɔ, bum wò, menye nyee o, eye wò nuyiwoe nye ɖasefowo ɖe ŋuwò.
7
Wòe nye ame gbãtɔ wodzi loo? Wòe tredzɔdzɔ na togbɛwoa?
8
Ɖe nèse Mawu ƒe adaŋudede kple to, eye nèfi nunya na ɖokuiwòa?
9
Nuka nènya, eye míawo míenyae o? Nuka gɔme nèse, eye míawo míedze sii o?
10
Ta ɣi tɔwo kple amegã ɖeɖiwo le míawo hã dome, amesiwo ƒe ŋkeke sɔ gbɔ wu fofowò tɔ.
11
Ɖe Mawu ƒe akɔfanamewo kple nya bɔbɔe, si gblɔm wole na wò la, nye nu tsɛ na wòa?
12
Afika wò dzi le fluwòm yinae, eye nukaŋuti wò ŋku le totrom,
13
be nètrɔ wò dziku ɖe Mawu ŋu, eye wò nu le nyawo dudum le ƒoƒom ɖi?
14
Nuka nye amegbetɔ, be yeadza, kple nyɔnu tɔ dzidzia, be yeanye ame dzɔdzɔe?
15
Kpɔ ɖa, meɖoa dzi ɖe eƒe ame kɔkɔewo ŋu o, eye dziƒo medza le eŋku me o,
16
ʋuu eke, ne wòahayi ame nyɔŋu, ame gbegblẽ, amesi noa nu vlo wɔwɔ abe tsi ene la, nye ge?
17
Mele nya to ge na wò, lé to ɖe ŋunye! Eye nusi mekpe la, eya gblɔ ge mala:
18
nusi nunyalawo xlẽ fia le wo fofowo ŋu, eye womeɣlae o,
19
wo, amesiwo ɖeɖe wotsɔ anyigba la na, eye amedzroa ɖeke meto wo dome o.
20
Ŋɔdzi léa ame vlo le eƒe agbe me ŋkekewo katã me, eye ƒe geɖe siawo wotu ɖo na ŋutasẽla.
21
Ŋɔdzigbe ɖi le eƒe to me be: Adzoblasu le ƒoƒo ge ɖe edzi le ŋutifafaɣi me.
22
Mele mɔ kpɔm be, yeasi le viviti nu o, eye ɖe wotiae da ɖi hena yi.
23
Ele tsa glãla tsam le abolo ta be, afika ɖe le? Enyae be, vivitidogbe le klalo ɖe ye xa.
24
Ŋɔdzi kple hiã do dzikatsoƒoe na, wodze edzi abe fia, si dzra ɖo ɖe tadede aʋa me ŋu ene.
25
Elabena eɖo eƒe asi ɖe Mawu ŋu, eye wòdze aglã ɖe ŋusẽkatãtɔ ŋu;
26
eƒu ɖu ɖe edzi kple kɔ dzeti kpakple akpoxɔnu ƒe kpo titri la.
27
Eklã ɖe mo gbɔ, eye eƒe alime ɖa ami,
28
Ena du gbagbãwo kple xɔdowo me, siwo woɖo ɖi de anyiglãgozuzu ŋu.
29
Eyata makpɔ ho o, eƒe kesinɔnu mali ke o, eye mabi alɔ wòatɔ anyi o.
30
Masi le viviti nu o, dzoƒaɖe ana eƒe alɔwo naƒu, eye Mawu ƒe nu me ƒuƒu aɖee ɖa.
31
Megana ŋu ɖom ɖe yakanuwɔwɔ ŋu o, eɖokui flum wòle; elabena axɔ yakanu ɖe eteƒe.
32
Ava me hafi eƒe ɣeyiɣi naɖo dzi, eye eƒe deʋala made ama o.
33
Adudu, abe alesi weintsetse gboewo luluna le weinka ŋu ene, eye woadudu abe amiti ƒe seƒoƒo ene.
34
Elabena ame vlowo ƒe ha medzina ɖe dzi o, eye dzo afiã zãnuxɔlawo ƒe agbadɔ.
35
Wofɔ agbagbadzedze ƒe fu hetsɔ dzɔgbevɔ̃e dzi, eye alakpa tsi ɖe dɔ me na wo.
← Chapter 14
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 16 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42