bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Job 9
Job 9
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 10 →
1
Hiob ɖo ŋu gblɔ bena:
2
Nyateƒe, menyae be, ele alea; eye aleke amegbetɔ ƒe nya adzɔ le Mawu gbɔa?
3
Ne edze eŋu wòbe, yeahe nya kplii la, mate ŋu aɖo akpe ƒe ɖeka ŋu o.
4
Dzi nyanu le esi, eye eƒe ŋusẽ kako. Ameka tsi tre ɖe eŋu, eye megbe kpɔdodoe o?
5
Emli towo ɖa, ke womenyae o; etrɔ wo bu anyi le eƒe dɔmedzoe me.
6
Eʋuʋu anyigba le enɔƒe, ale be eƒe sɔtiwo na.
7
Ede se na ɣe, eye medze o, eye wòtu nu ɖe ɣletiviwo nu.
8
Eya ɖeka keke dziŋgɔli me, eye wòzɔ ƒu dzeagbo dzi.
9
Ewɔ koklovinɔ, avũ kple avũtɔ kple atifieŋu kpakple dzieheɣletiviwo.
10
Ewɔ nu gã, si me dzodzro meli o, kple nukunu, siwo melexexlẽ me o.
11
Kpɔ ɖa, eto ŋunye yi, eye nyiemekpɔe o; esa agbe va yi, eye nyemedze sii o.
12
Kpɔ ɖa, ehoa nu kple ke, ameka axe mɔ na? Ameka agblɔ nɛ be: Nuka wɔm nèle?
13
Mawu mefaa eƒe dziku nu o, eye Raxab ƒe xɔnametɔwo abɔbɔ ɖe ete.
14
Aleke nyea mahe nya kplii, eye afika makpɔ ava dzɔdzɔe le le eƒe ŋkume?
15
Ne tɔnye dza ʋuu keke hã la, nyemate ŋu aɖo ŋu nɛ o, koko boŋ maƒo na nyia ʋɔnudrɔ̃la la.
16
Ne meyɔe, eye wòtɔ nam hã, nyemaxɔe ase be, ele to ɖe nye gbe ŋu o.
17
Edze dzinye le ahom me, eye wòdzi nye abiwo ɖe dzi naneke mawɔmawɔe.
18
Mede mɔ nam be, magbɔ o, ke boŋ ena vevesesewo ɖi ƒo nam.
19
Ne eɖi ŋusẽ nu la, kpɔ ɖa, ŋusẽtɔ enye si; eye nenye ʋɔnudɔdrɔ̃ la, ameka akplɔm ayii?
20
Ne tanye dzɔ la, nye nu abu fɔm, eye ne nyemeɖi fɔ o hã la, abum bubui.
21
Nyemeɖi fɔ o! Nyemedze si ɖokuinye o, eye megbe nye agbe!
22
Wo katã le ɖeka! Eyata mebe: Ame maɖifɔ kple fɔɖila siaa wotsrɔ̃na.
23
Ne atam de asi amewuwu me ɖe vo me ta, ekema eɖea alɔme te ame maɖifɔwo ƒe vevesese ŋu.
24
Wotsɔ anyigba de asi na nu vlo wɔlawo, eye wòtsyɔ nu mo na woƒe ʋɔnudrɔ̃lawo. Ne menye eyae o la, ekema amekae wɔe?
25
Nye ŋkekewo le abla dem wu duƒula; wosi, eye womekpɔ dzɔgbenyuiea ɖeke o.
26
Woyi mii abe aƒlaʋu ene, eye abe alesi hɔ̃ dea agba anyi ɖe nuɖuɖu dzi ene.
27
Ne mebu be: maŋlɔ nye konyifafa be, madzudzɔ adãɖoɖo, eye makɔ mo la,
28
ekema nye veveseseawo katã doa vɔvɔ̃ nam, elabena menyae be, mèle tsotso ge nam o.
29
Fɔɖila menye tso, nukata manɔ agbagba dzem dzodzro ɖo?
30
Ne mele snotsi, eye meklɔ nye asi de adzalẽtsi me la,
31
ekema anyrɔm ɖe ba me, eye manyɔ ŋu na nye awuwo.
32
Elabena menye ame wònye abe nye ene, ne maɖo ŋu nɛ be: na míayi ʋɔnu o.
33
Nyametsolaa ɖeke mele mía dome, ne wòado asi mí ame eve la dzi o.
34
Ne eɖe eƒe ameƒoti la ɖa le ŋunye, eve eƒe ŋɔdzi megaɖo vɔvɔ̃ nam o la,
35
ekema maƒo nu, eye nyemavɔ̃e o; elabena menye alea mele o.
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 10 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42