bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Job 16
Job 16
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 15
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 17 →
1
Tete Hiob ɖo ŋu gblɔ bena:
2
Mese nusiawo tɔgbe wòsɔ gbɔ azɔ; mi katã la akɔfala ƒuƒluwo mienye.
3
Nya toflokoawo va azɔa? Nukae ɖu lãme na wò, be nèɖo eŋu?
4
Nye hã mate ŋu aƒo nu abe miawo ene; ɖe wònye miawoe xa ɖe tenyeƒe la, anye ne matrɔ nyawo aƒo ɖe anyi ɖe mia ŋu, eye maʋuʋu ta ɖe mia ŋu;
5
anye ne matsɔ nye nu ade dzi ƒo na mi, eye nyemagbe nye nuyi tsɔtsɔ ado haha na mi o!
6
Ne meƒo nu la, nye veveawo dzi maka aɖe o, eye ne medzudzɔ hã la, ɖe woavɔ nama?
7
Ke azɔ la egbã lãme nam, eye nètsrɔ̃ nye aƒemetɔwo.
8
Elém, esia nye ɖase; eye nye ƒuɖiɖi tsi tre ɖe ŋunye hele ɖase ɖim ɖe mo nam kaŋ.
9
Eƒe dɔmedzoe vuvum, eye wòwɔ avu kplim; feɖu aɖukli ɖe ŋunye, eye wòklẽ ŋku ɖe ŋunye abe nye futɔ ene.
10
Woke woƒe nu ɖe ŋunye baa, woɖu fewu heƒo tome nam, eye wotso ha ɖe ŋunye.
11
Mawu gblẽm ɖe ɖevi vloewo si me, eye wòtsɔm ɖe asi na ame vlowo.
12
Meli bɔkɔɔ, tete wògbãm nyanyanya; elé kɔgbɔ nam, eye wòʋuʋum, eye wòtsɔm ɖo nudzidzea na eɖokui.
13
Eƒe aŋutrɔwo blam kɔtɔɔ, ete nye ayikuwo nublanui makpɔe, eye wòtrɔ nye vevegoe kɔ ɖe anyigba.
14
Ede abi ŋunye gadee de dzi, eye wòlũ de dzinye abe kalẽtɔ ene.
15
Metɔ akpanya ɖe nye ŋutigbalẽ ŋu, eye metsɔ nye dzo ɖe ke me.
16
Mefa avi, nye mo ɖo ʋusrã, eye ku ƒe vɔvɔli le nye aɖabawo dzi,
17
evɔ wònye nu madzɔmadzɔa ɖeke mele nye asiwo me o, eye alakpa mele nye gbedodoɖa me o hafi.
18
Anyigba, megatsyɔ nye nu dzi o, eye nye aʋadodo megakpɔ nɔƒea ɖeke o!
19
Kpɔ ɖa, nye ɖasefo le dziƒo fifia hã, eye tanyeʋlila le dzi!
20
Xɔ̃nyewo le fewu ɖum le ŋunye, eye nye ŋku le aɖatsi fam na Mawu,
21
be wòatso na ŋutsu la le eya kple Mawu dome, kple amegbetɔvi la le eya kple xɔlɔ̃a dome.
22
Elabena nye ƒe ʋeeawo le dedem, eye mayi demagbɔnugbe.
← Chapter 15
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 17 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42