bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Job 12
Job 12
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 11
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 13 →
1
Eye Hiob ɖo du gblɔ bena:
2
Nyateƒee! Miawo koe nye amewo, eye ne mieku la, ekema nunya ku.
3
Nye hã nunya le asinye ahe miawo ke ene, eye mia kpli miawo miele kpo ɖeka dzi. Amekae menye nusiawo tɔgbe oa?
4
Ame ŋutɔ xɔlɔ̃wo ƒe alɔmeɖenu menye tsã, nye amesi yɔa Mawu, eye wòɖoa toe, nye ame dzɔdzɔe kple mawuvɔ̃la anye alɔmeɖenu!
5
Amesi le dedie buna be, yeado vlo dzɔgbevɔ̃e, eye yeatu nu amesi ƒe afɔ mele te dzi o la.
6
Adzoblasuwo ƒe agbadɔwo le ŋutifafa me, eye amesiwo le dedie do dziku na Mawu, eye woƒe kɔŋɔŋlɔ nye mawu na wo.
7
Ke bia lãwo se, eye woafia nu wò, kple dziƒoxewo: eye woagblɔe na wo,
8
kpakple anyigba dzi nutatawo, eye woafia nu wò, eye ƒumelãwo atoe na wò.
9
Amekae medze sii le nusiawo katã ŋu be, Yehowa ƒe asie wɔ nusiawo oa?
10
Eya, amesi si me nu gbagbewo katã ƒe luʋɔ kple amegbelɔwo katã ƒe ŋutilã ƒe gbɔgbɔ le!
11
Ɖe to medoa nya kpɔna, abe alesi veme ɖɔa nuɖuɖu kpɔna ene oa?
12
Ɖe nunya le amegã ɖeɖiwo si, eye tagbɔ kɔkɔ li na ame tsitsiwoa?
13
Eya si ko nunya kple ŋusẽ, aɖaŋuɖoɖo kple tagbɔ kɔkɔ le.
14
Kpɔ ɖa, ne egbã nane la, amea ɖeke megatunɛ o, eye ne ede ame xɔ la, amea ɖeke meʋunɛ o.
15
Kpɔ da, ne exa mɔ na tɔwo la, womiena; ne eɖe asi le wo ŋu la, wowuwlua anyigba.
16
Eya si me ŋusẽ kple nunya vavãtɔ le, eye etɔ enye mɔtrelawo kple amesiwo kplɔa amewo tre mɔe.
17
Eɖea aboyo adaŋumegãwo amamae, eye wòdoa tsu ʋɔnudrɔ̃lawo.
18
Edea fiawo ƒe dzizizi ɖa, eye wòdoa ka ali na wo.
19
Eɖea aboyo nunɔlawo amamae, eye wòlãa amesiwo ƒo kè ɖe to la, ƒu anyi.
20
Exɔa nuƒoƒo nyui le nuƒolawio si, eye wòɖea nunya le tagbɔ na amegã ɖeɖiwo.
21
Etrɔa vlododo kɔna ɖe amegãwo dzi, eye wodoe agblɔ ŋusẽtɔwo ƒe alidziblanu me.
22
Ekloa nu le nusi ɣia nigbinigbi la dzi tso viviti me, eye wòhea blukɔ vaa kekeli nui.
23
Enana duwo dzina ɖe dzi, eye wòtsrɔa wo; enana dukɔwo kekea ta, eye wògakplɔa wo dzonɛ.
24
Egblẽa tagbɔ na anyigba dzi dukɔwo ƒe tatɔwo, eye wònana wotsaa tsa glãla le gbegbe, si mɔa ɖeke mele o.
25
Wotsaa asi le viviti me akaɖia ɖeke menɔa wo si o, eye wònana wotsaa tsa glãla abe ahamulawo ene.
← Chapter 11
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 13 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42