bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Job 37
Job 37
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 36
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 38 →
1
Ẽ, esia na nye dzi lã kpokpokpo, eye wòbu ɖe dɔ me nam.
2
Oo, mise eƒe gbeɖeɖe hoo kple bublu, si dona tsoa eƒe nu me la ɖa!
3
Eɖea asi eŋu ɖona ɖe dziƒo blibo la te, eye eƒe dzikedzo dea anyigba ƒe mlɔeanu.
4
Emegbe wòxlɔ̃na, eye wòɖea gbe fiatɔe, naneke mexea mɔ nɛ o, ke boŋ wosea eƒe gbe.
5
Mawu ɖea gbe nukutɔe, ewɔa nu gã, si mele nyanya me o.
6
Elabena egblɔna na sno bena: Dza ɖe anyigba dzi! eye na tsidzadza gã be: Ɖuɖu yoo!
7
Enana amewo katã dea asi asitɛ me, ne amegbetɔwo katã nadze si eƒe nuwɔwɔ.
8
Gbemelã yia bebeƒe, eye wògbɔna ɖe eme le emlɔƒe.
9
Ahom tsoa dziehe, eye vuvɔ tsoa anyiehe.
10
Mawu ƒe ƒuƒu nana tsi blana, eye tɔ kekewo ƒoa ƒu ɖeka.
11
Etsɔa tsi ɖoa agba na alilikpowo, eye eƒe dzikedzo kakaa alilikpowo me,
12
eye wòtrɔna ƒoa xlã godoo le eƒe kpɔkplɔ nu, ne wòawɔ nusiwo katã woɖo nɛ la le anyigba bliboa dzi.
13
Enana wòvana, ne wòatsɔe ahe to na anyigba dzi nɔlawo loo, alo ne wòawɔ dɔmenyo na woe.
14
Hiob, lé to de esia ŋu, zi ɖoɖoe, eye nalé ŋku de Mawu ƒe nukunuwo ŋu!
15
Enya alesi Mawu dɔa dɔwoe, eye wònana kekeli dona tsoa eƒe alilikpowo mea?
16
Ɖe enya alesi alilikpowo nɔa agba sami, nusi nye nunyala ŋutɔŋutɔ ƒe nukunuwɔwɔa?
17
Wo, amesi ƒe awuwo xɔa dzo, nenye be, dzieheya na anyigba ɖo ho anyi la,
18
mi kpakpliie xa dziŋgɔli, si le abe ahuhɔ̃e, si wokɔ ene la gobaa?
19
To nusi míaɖagblɔ nɛ la, na mi! Elabena míate ŋu ahe nyaa ɖeke ayi eŋku mee o le míaƒe viviti la ta.
20
Ɖe woaɖagblɔ nɛ be, mele nu ƒo gea? Alo ɖe amea ɖe bi be, woatsrɔ̃ea?
21
Eye azɔ womele kekeli, si le keklẽm le alilikpowo me la, kpɔm o; ke ne ya ƒo to edzi la, eŋu kɔna.
22
Sika tsoa anyiehe, eye atsyɔ̃ɖoɖo, si dzia ŋɔ la, le Mawu ŋu.
23
Ŋusẽkatãtɔ la, amea ɖeke matui o, eƒe ŋusẽ tri akɔ, ke metea se kple dzɔdzɔenyenye blibo ɖe to o.
24
Eyata amegbetɔ navɔ̃e. Meléa ŋku ɖe amesiwo katã bua wo ɖokui nunyalawoe la ŋu o.
← Chapter 36
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 38 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42