bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Job 20
Job 20
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 19
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 21 →
1
Tete Naamalɔ Zofar do ŋu gblɔ bena:
2
Esi metsi dzi le ɖokuinye me la, eyata nye susuwo ɖo eŋu nam.
3
Manɔ nya heɖeameŋu, si nye nye dzu la sem, eye wòatsɔ nya toflokowo anɔ eŋu ɖom nam.
4
Ɖe menya nusi li tso tititi ke, esime woɖo amegbetɔwo anyigba dzi la o be:
5
Ame vlowo ƒe aseyetsotso nu mesena yina o, eye ame vɔ̃ɖi ƒe dzidzɔ nɔa anyi aɖabaƒoƒo ɖeka koa?
6
Ne eƒe gãnyenye de dziƒo, eye eƒe ta ɖatɔ alilikpo la,
7
aɖo agu ɖikaa abe eƒe mi ene; eye amesiwo kpee la, abia be: Afika eyama le?
8
Enu ayi abe drɔ̃ekuku ene, eye womagakpɔe o, eye wòabu abe zã me ŋutega ene.
9
Ŋku, si kpɔe la, magakpɔe akpɔ o; eye enɔƒe hã magakpɔe o.
10
Viawo anyo dɔme na ame dahewo, eye woƒe asi agbugbɔ eƒe kesinɔnuwo ana.
11
Ŋusẽ dzodzo nɔ eƒe ƒuwo ŋu, ke woa kplii womlɔ ke me.
12
Ne nu vɔ̃ɖi vivi le nu me nɛ, eye wòɣlae ɖe eƒe aɖe te,
13
eɖo nuxi, meɖe asi le eŋu o, eye wògblẽe ɖe eƒe veme la,
14
ekema eƒe nuɖuɖu atrɔ le eƒe dɔkaviwo me azu da kpui ƒe veve ɖe dɔme nɛ.
15
Emi kesinɔnu, eye ele nɛ be, wòadzɔe; Mawu aɖee atso eƒe ɖɔ me.
16
Eno da kpui ƒe aɖi, eye ƒli ƒe aɖi wui,
17
Makpɔ dzidzɔ le tɔʋuwo kple tɔsisiwo, esiwo me anyitsi kple notsi kpekẽ le sisim la la ŋu o.
18
Egbugbɔ nusi wòwɔ ɖɔ kpɔ la na, eye memii o; eye mekpɔ dzidzɔ le nusi wòɖɔ li la ŋu o.
19
Elabena ete ame dahe ɖe anyi, eye wògblẽe ɖi; exɔ xɔ, si metu o la sesẽe.
20
Elabena atsi dzodzodzoe le eɖokui me, ke matsɔ eƒe nu veviwo aɖe eɖokuii o.
21
Naneke mekpɔtɔ o le eƒe nutsuɖuɖu la, eyata eƒe dzɔgbenyuie matɔ ɖi o.
22
Ne nu bɔ ɖe esi kpaŋ la, ŋɔdzi alée be, hiãtɔwo ƒe asiwo katã le ye dzi va ge.
23
Esime wòle eƒe ƒoɖo yɔm kple nuɖuɖu la, eɖe ga eƒe dɔmedzoe heliheli la ɖe eŋu, eye wòna wòdza ɖe edzi le nuaɖuƒe.
24
Ne esi le ga yibɔ lãnu nu la, ekema akɔblida aƒo ɖee.
25
Ehoe wòdo le eƒe lã me, eye esi ga dadzo la ɖo tso eƒe vevegoe me la, ŋɔdzi lée.
26
Wodzra vivitiwo katã ɖo ɖi ɖe eƒe kesinɔnuwo ŋu; dzo, si womeƒlɔ ɖo o la, fiãe, eye wòɖuɖɔ nusi kpɔtɔ ɖe eƒe agbaɖɔ me la ƒiaƒiaƒia!
27
Dziƒo aklo nu le eƒe vodada dzi, eye anyigba atso ɖe eŋu.
28
Wòalɔ eƒe me gblemenuwo adzoe, eye wòado dzodzo yayaya le Mawu ƒe dɔmedzoe ŋkeke la dzi.
29
Esia nye ame vlo ƒe gome tso Mawu gbɔ kpakple domenyinu, si woɖo ɖi nɛ tso Mawu gbɔ.
← Chapter 19
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 21 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42