bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Job 6
Job 6
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 7 →
1
Tete Hiob do ŋu gblɔ bena:
2
Ne woaxada nye dziku, eye woatsɔ nye fukpekpe ade nudanu me kpakplii ɖe!
3
Ke azɔ la ele kpekpem wu ƒutake, eyata nye nyawo le mɔ tram ɖo.
4
Elabena ŋusẽkatãtɔ ƒe aŋutrɔ le nye lã me, eye nye gbɔgbɔ no eƒe aɖi; eye Mawu ƒe ŋɔdzidodowo kpe aʋa kplim.
5
Ɖe gbetedzi xlɔ̃na le gbe mumu gbɔa? Alo de nyitsu ɖea gbe le eƒe nuɖuɖu gbɔa?
6
Ɖe nu vɔvɔ nya ɖuna, ne womekpɔ dze oa? Alo ɖe vivi le azi ƒe ɣia mea?
7
Nye luʋɔ gbe asiɖeɖe eŋu: nuɖuɖu nyɔŋu wònye nam.
8
Oo, ɖe nye didi nava me, eye Mawu nawɔ nye mɔkpɔkpɔ dzi nam!
9
Ɖe wòadze Mawu ŋu, be wòagbãm gudugudu, wòaɖe ka eƒe esi, eye wòasẽ nye agbeka ɖa la!
10
Anye ne nye akɔ afa tso, be nyemesẽ nu le kɔkɔetɔ ƒe nyawo ŋu o, eye mati kpo le veve heliheli la me.
11
Nukae nye nye ŋusẽ, be maɖo dzi, eye nukae nye nye nuwuwu, be magbɔ dzi ɖi?
12
Nye ŋusẽ la, kpe ƒe ŋusẽ wònyea? Eye nye ŋutilã la, akɔbli wònyea?
13
Metsi ya me, eye woɖe nu ziɔɖeŋua ɖa le ŋunye.
14
Ne dzi ɖe le amea ɖe ƒo la, ele be, xɔlɔ̃wo nafa tu nɛ, nenye be, edzudzɔ ŋusẽkatãtɔ la vɔvɔ hã.
15
Nɔvinyewo wɔ alakpanu abe tɔsisi ene; woɖi ta, siwo gbagba go,
16
siwo tsi babla na woblu, eye sno ɣla ɖe wo me.
17
Ɣeyiɣi, si dzo ɖo wo me la, womiena, eye ne ŋdɔkutsu nu la, wohuna le wo teƒe.
18
Asihawo dze gbe to tagba, eye wotsrɔ̃.
19
Temamɔzɔhawo le afima kpɔm, eye Saha-sihawo le ŋu ɖom ɖe wo ŋu;
20
ke woƒe mɔkpɔkpɔ zu ŋukpe, eye esi wova afima la, woƒe mo tsi dã.
21
Alea miawo hã miele ɖeke mee o; miekpɔ ŋɔdzi, eye vɔvɔ̃ ɖo mi.
22
Ɖe megblɔ be: Mina num, eye mitsɔ miaƒe kesinɔnuwo wɔ nunanae nam,
23
miɖem tso ketɔ la si me, eye mixɔm le ŋlɔmitɔ si me loo?
24
Mifia num, eye mazi kpoo; eye mlɖe nusi me metra le la, me nam!
25
Aleke gbegbe ŋusẽ mehele nyateƒe ƒe nyawo mee o! Ke aleke miaƒe nya heɖeameŋuawo le?
26
Nya tɔe miebe, yewoaɖia? Amesi ɖo ɖikeke me nyawo la, yae wonye.
27
Nu ko wònye miele dzidzem ɖe tsyɔ̃eviwo dzi, eye mietsɔ mia xɔlɔ̃ le dzadzram.
28
Azɔ, ne mielɔ̃ la, mitrɔ ɖe ŋunye, nyemaka aʋatso le mia ŋku me akpɔ o.
29
Mitrɔ dzro, alakpa megana me o, mitrɔ, tɔnyee nye dzɔdzɔea kokoko!
30
Ɖe alakpa le nye aɖe dzia? Eye ɖe nye veme madze si nu vlo oa?
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 7 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42