bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Job 19
Job 19
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 18
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 20 →
1
Eye Hiob ɖo ŋu gblɔ bena:
2
Ɣekaɣi mianɔ nuxaxa dom na nyee luʋɔ, eye miatsɔ nyawo agbãm nyanyanya ase ɖo?
3
Zi ewo sɔŋ enye si mieɖo vlom, eye ŋu mele mia kpem, be míele funyafunya wɔmem o!
4
Eye nenye vavãe metra la, ekema nye tatra la le nye ɖeka dzinye.
5
Nenyo vavãe míebe, yewoawɔ mia ɖokui ga ɖe ŋunye, eye miafia nye ŋukpem la,
6
ekema minyae be, Mawu wɔ nu madzɔmadzɔ ɖe ŋunye, eye wòda ɖɔ ɖe ŋunye godoo va kpe.
7
Kpɔ ɖa, meyɔ ame le ŋutasesẽ ta, gake wometɔ nam o; meɖo ɣli le xɔname ŋuti, ke wometso nam o.
8
Etɔ kpɔ ɖe nye mɔ dzi, efɔflɔ meli o, eye wòlɔ viviti ƒo ɖe nye afɔtoƒewo.
9
Eklo nye bubu ɖa le ŋunye, eye wòɖe fiakuku le ta nam.
10
Egbãm keŋkeŋ, eye nyemegali o, eye wòho nye mɔkpɔkpɔ abe ati ene.
11
Ena eƒe dɔmedzoe bi ɖe ŋunye, eye wòbum abe eƒe futɔwo ene.
12
Tete eƒe adzohawo ɖo, woɖe mɔ ɖe ŋunye, eye woƒu asaɖa anyi ɖe nye agbaɖɔ ŋu godoo va kpe.
13
Eɖe nɔvinyeŋutsuwo ɖa le ŋunye, eye xɔ̃nyewo trɔ bubui ɖem keŋ.
14
Nye ƒometɔwo gbe nye nya, eye nye ame nyanyɛwo ŋlɔm be.
15
Nye aƒemetɔwo kple nye dɔlanyɔnuwo le buyem amedzroe, eye mezu ame tutɔ le woƒe ŋku me.
16
Meyɔ nye dɔlaŋutsu, metɔ o, eye ele nam be, matsɔ nye nu aƒo koko nɛ.
17
Nye nume le ʋeʋẽm ɖe srɔ̃nye, eye mele ya ɖem ɖe nye alimeviwo.
18
Ɖeviwo ke ha le vlo domem, eye ne mebe, metso la, wonɔa nu ƒom le ŋunye.
19
Xɔ̃nye veviwo le ŋunyɔmem, eye amesiwo melɔ̃na la, tso ɖe ŋunye.
20
Nye ŋutigbalẽ kple nye ŋutilã le ɖe nye ƒu ŋu, negbe nye nye koe kpɔtɔ.
21
Mive nunye, xɔ̃nyewo, mive nunye! Elabena Mawu ƒe asi ƒoni.
22
Nukaŋuti miele yonyeme tim abe Mawu ene, eye nye ŋutilã meɖi ƒo na mi kpɔ oa?
23
Oo, ɖe woaŋlɔ nye nyawo ɖi, eye woade wo agbalẽ me,
24
woatsɔ ganuŋlɔnu aɖe wo ɖe agakpe dzi, eye woade wo me, kple tsumi!
25
Ke nyea menyae be, nye xɔnametɔ le agbe, eye mlɔe ke la ado ɖe anyigba me.
26
Eye ne nye ŋutilã vuvu yaʋayaʋa, eye nye ŋutilã megali o la, makpɔ Mawu.
27
Makpɔe na ɖokuinye, nye ŋutɔ nye ŋkuwo akpɔe, eye menye ame bubu o. Ele nye ayikuwo dzrom le dɔ me.
28
Ne miegblɔ be, aleke míawɔ ati eyome? eye be: nya la ƒe agunu le gbɔnye la,
29
ekema yi netso dzika ƒo na mi; elabena yi wotsɔna hea to na vodada sia tɔgbe; ne mianyae be, ʋɔnudɔdrɔ̃ li.
← Chapter 18
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 20 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42