bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Job 40
Job 40
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 39
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 41 →
1
Eye Yehowa ɖo ŋu na Hiob gblɔ bena:
2
Ɖe nyaheɖeameŋula ahe nya kple ŋusẽkatãtɔa? Amesi fia nyanyɛ Mawu la, neɖo eŋu!
3
Tete Hiob ɖo ŋu na Yehowa gblɔ bena:
4
Kpɔ ɖa, nyemele ɖeke me o nya ka matsɔ aɖo eŋu na wò? Maɖo asi nu.
5
Meƒo nu zi ɖeka, eye meɖe nu le eme; meƒo evevea, eye nyemagawɔe azɔ o.
6
Tete Yehowa ɖo ŋu na Hiob le dziya me gblɔ bena:
7
Sa ava ɖe ali abe ŋutsu ene, mabia nya wò, eye nafia num!
8
Ɖe nagblẽ nye afiatsotso me, eye nabu fɔm be, tɔwòe nye dzɔdzɔea?
9
Ɖe abɔ le asiwò abe Mawu ene, eye nate ŋu aɖe gbe abe eya enea?
10
Ekema tsɔ bubu kple gãnyenye ɖo atsyɔ̃e, eye naɖo fianyenye kple ŋutikɔkɔe!
11
Trɔ wò dɔmedzoe ƒo ɖe anyi duu, fɔ ŋku ɖe dadalawo katã dzi, eye nabɔbɔ wo ɖe anyi!
12
Lé ŋku ɖe dadalawo katã dzi, te wo ɖe anyi, eye naho ame vɔ̃ɖiwo ɖa le wo teƒe!
13
Ɖi wo katã ɖe ke me, eye nam nu ɖe woƒe mo nu ɖe blukɔ me!
14
Ekema nye hã makatu wò be, wò nuɖusi xɔ na wò.
15
Kpɔ tɔmenyi, si mewɔ kpe ɖe ŋuwò ɖa! Eɖua gbe abe nyi ene.
16
Kpɔ ɖa, eƒe ŋusẽ le eƒe ali me, eye eƒe ŋusẽ le eƒe ƒodokawo me.
17
Eli eƒe asike ɖe dzi abe sederti ene, eye eƒe atagbo me kawo ɖo wo nɔewo me kunyakunya.
18
Eƒe ƒuwo le abe akɔbliyetiwo ene, eye eƒe ƒuwo le abe gakpɔti ene.
19
Eya nye Mawu ƒe nuwɔwɔwo ƒe gbãtɔ, eye ewɔla tsɔ yi de asi nɛ.
20
Elabena nuɖuɖu miena ɖe towo dzi ne eye gbemelãwo katã ɖia adzrɔ le afima.
21
Egbɔna ɖe eme le tɔŋgɔtrefe le, eye wòɣlana ɖe aƒlawo me le si me.
22
Aguŋgbawo ɖo vɔvɔli ɖe edzi, eye amutiwo ɖe to ɖee.
23
Kpɔ ɖa, ne tɔsisi ɖe ati ʋɔ me la, dzika metsoa eƒo o, eye ne Yordan le ƒoƒom ɖe nuti ŋu nɛ hã, enɔa anyi bɔkɔɔ.
24
De amea ɖe ate ŋu alée le ŋgɔdze, eye wòaƒo ka ɖe ŋɔti me nɛa?
25
Ɖe nate ŋu atsɔ ƒu aɖee loo, eye natsɔ ka amimi eƒe aɖe ɖe anyia?
26
Ɖe nate ŋu aƒo keti ɖe ŋɔti me nɛ, eye natsɔ ƒu aŋɔ alɔxatsa nɛa?
27
Ɖe wòaƒo koko na wò ʋuu, eye wòaƒo nu kpli wò kple gbe bɔlɔea?
28
De wòabla nu kpli wò, eye natsɔe awɔ ɖɔlae tegbeea?
29
Ɖe nafe le eŋu abe xevi ene, eye nade kae na wò nyɔnuviwoa?
30
Ɖe ɖɔkplɔlawo doa asi ɖe eŋu, eye womãnɛ ɖe asitsalawo domea?
31
Àte ŋu aŋɔ eƒe ayi kple akplɔ, eye naƒo ʋã ɖe eƒe ta?
32
Ka asi eŋu kpɔ, eye nanyae be, avu wòanye! Mãgawɔe evevea o.
← Chapter 39
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 41 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42