bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Job 31
Job 31
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 30
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 32 →
1
Mebla nu kple nye ŋku, eye aleke lawɔ malé ŋku ɖe ɖetugbi ŋu?
2
Nuka ahanye nye gome mo Mawu gbɔ le dzi me, kpakple nye domenyinu tso ŋusẽkatãtɔ gbɔ le dziƒo ʋi ma?
3
Ɖe gbegblẽ mevaa ame vɔ̃ɖi dzi, eye dzɔgbevɔ̃e vaa nu vɔ̃ɖi wɔlawo dzi oa?
4
Ɖe mele nye mɔwo kpɔm, eye wòxlẽa nye afɔɖeɖewo katã oa?
5
Nenye ɖe metsɔ aʋatsokaka ɖo dɔe, eye nye afɔ tsona ɖe alakpadada ŋu la,
6
ekema nedam le nudanu nyuitɔ dzi, eye Mawu nadze si nye fɔmaɖimaɖi.
7
Ne nye afɔ da le mɔ dzi, nye dzi dze nye ŋku yome, eye ɖinuwɔwɔa ɖe le ɖe asi ŋu nam la,
8
ekema maƒã nu, eye ame bubu naɖui, eye woaho nye nu miemiewo kple ke.
9
Ne woflu nye dzi ɖe nyɔnu ŋu, eye mede xa ɖe hanyevi ƒe ʋɔtru nu la,
10
ekema srɔ̃nye netu wɔ na ame bubu, eye ame tutɔ nedɔ egbɔ.
11
Elabena ŋukpenanu enye esia, eye se me dzedze wònye le ʋɔnudrɔ̃lawo ŋku me.
12
E, dzo wònye, si abi nu vaseɖe tsiẽƒe ke, eye wòafiã nye agblemenuwo katã kple ke.
13
Ne nye dɔlaŋutsu kple nye dɔlanyɔnu do nya me kplim, eye megbe woƒe nya dzɔdzɔe la,
14
nuka mawɔ, nenye be, Mawu tso? Eye ne edzro eme kpɔ la, aleke made eŋu nɛ?
15
Ɖe menye amesi mem ɖe vidzidɔ me la, me eya hã, eye ame ɖekae wɔ mí ɖe dɔme oa?
16
Ɖe mete ame dahewo ƒe nudidi wo, eye mene nu ti kɔ na ahosiwo ƒe ŋkuwoa?
17
Ɖe nye ɖeɖe meɖu nu, eye nyemena tsyɔ̃evi ɖul kplim oa?
18
Kpao, ke boŋ enɔ gbɔnye tsi tso nye ɖevime abe fofoa gbɔ ene, eye tso keke danye ƒe dome ke mefia mɔnui.
19
Ne mekpɔ ame ɖoko avɔ mele eŋu o, eye nutsyɔtsyɔ mele ame dahe si o la,
20
ɖe eƒe alime meyram, eye nye alẽwo ƒe tu de dzo lãme nɛ oa?
21
Ne menye nye asi de tsyɔ̃evi ŋu, le esi xɔnamelɔ le asinye le dua me ta la,
22
ekema nye abɔta nege le abɔgba ŋu, eye nye abɔ netu ɖa le ekpeƒe!
23
Elabena gbegblẽ, si tso Mawu gbɔ la, do ŋɔdzi nam, eye nyemate ŋu anɔ te de eƒe gãnyenye nu o.
24
Ne meɖo dzi ɖe sika ŋu, eye megblɔ na sika nyuitɔ be: wò ŋue mele ŋu ɖom ɖo;
25
ne mekpɔ dzidzɔ be, nye kesinɔnuwo sɔ gbɔ, eye nye alɔ wɔ dɔ kpɔ nu geɖe;
26
ne mekpɔ alesi ɣe le keklẽmi, kple alesi dzinu le yiyim le atsyɔ̃ mee,
27
eye woflu nye dzi le adzame megbugbɔ nye asi ŋu na wo la,
28
ekema esia hã anye se me dzedze le ʋɔnudrɔ̃lawo ŋku me; elabena meda alakpa na Mawu le dzi.
29
Ɖe mekpɔ dzidzɔ le nye ketɔ ƒe dzɔgbevɔ̃e ŋu, eye meti kpo, esime vɔ dzɔ ɖe edzia?
30
Kpao, nyemena nye nu wɔ nuvɔ̃ o, eye nyemedi eƒe ku to ɖiŋudodo nɛ me o.
31
Ɖe aƒenye me tɔwo menɔa gbɔgblɔm bena: Amekae meɖu eƒe lã ɖi ƒo oa?
32
Amedzro metsia xexe dɔna o, ke boŋ meʋua nye ʋɔ na mɔzɔla.
33
Ɖe metsyɔ nu nye dzidadawo dzi abe amegbetɔ ene, eye meɣla nye fɔɖiɖi ɖe akɔnua?
34
Ɖe menɔa ame geɖewo vɔ̃m, eye ƒomewo ƒe vlododo nɔa ŋɔ dzim nam, eyata ɖoɖoe zina le ŋunye, eye nyemedona ɖe ʋɔtru nu oa?
35
Oo, ɖe amea ɖe naɖo tom! Kpɔ ɖa, nye nuŋɔŋlɔ enye si, ŋusẽkatãtɔ neɖo eŋu nam! Nye adikãtɔ ƒe nuŋɔŋlɔ ɖe?
36
Vavã, malée ɖe abe, eye maxatsae ɖe ta abe atsyɔ̃ɖonu ene.
37
Mato nye afɔɖeɖewo ƒe xexlẽme nɛ, eye mate ɖe eŋu abe amegã ene.
38
Ne nye agble nɔa ɣli dom ɖe ŋunye, eye eƒe boliƒowo kalã nɔa avi fam,
39
ne meɖu eme nu femaxemaxe, eye mene gbɔgbɔ ɖo le agbletɔ me la,
40
ekema ŋu nemie ɖe lu teƒe, eye gbe vɔe nemie ɖe ƒo teƒe! Hiob gblɔ eƒe nya vɔ.
← Chapter 30
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 32 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42