bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Job 13
Job 13
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 14 →
1
Mikpɔ ɖa, nusiawo katã mekpɔ kple nye ŋkuwo, nye to see, eye wòdzrae ɖo.
2
Nu alesi nu mienya la, nye hã menyae; míe kple miawo la kpo ɖeka dzi míele.
3
Ke medi be, maƒo nu kple ŋusẽkatãtɔ, eye wòle dzroyem be, mía kple Mawu míahe nya akpa.
4
Ke miawo la, ami ɖem miele ɖe aʋatso, eye gbedala dzodzrowo mienye.
5
Oo, ne miazi ɖoɖoe dzro de; ekema woabu esia nunyae na mi.
6
Mise ɖokuinye nuɖeɖe dzro, eye milé to ɖe nye nuyiwo ƒe nyaʋiʋli ŋu!
7
Ɖa miebe, yewoagblɔ nu madzɔmadzɔ ahatsɔ di Mawu ƒe nyonyo, eye miaka aʋatso ahatsɔ ɖi eƒe nyonyoa?
8
Ɖe miebe, yewoade edzia? Alo ɖe miebe, yewoawɔ dzre ɖe Mawu nua?
9
Ne edzro mia me kpɔ la, ɖe eteƒe akɔa? Alo ɖe miebe, yewoaflui, abe alesi woflua amegbetɔ enea?
10
Ahe to na mi kokoko, ne miele ame dzi dem le adze me.
11
Ɖe eƒe gãnyenye mado ŋɔdzi na mi, eye eƒe vɔvɔ̃ malé mi oa?
12
Miaƒe nye tsitsiwo nye tofloko, eye miaƒe aʋakpoƒuƒuwo nye anyi ɖeɖe.
13
Miɖe nu ɖa le ŋunye, ne maƒo nu, eye nusi be, yeava dzinye la, neva!
14
Malé nye ŋutilã ɖe aɖu nu, eye matsɔ nye luʋɔ aɖo nye asi me.
15
Kpɔ ɖa, ele wu ye ge tsã, eya ko sinu kpɔm mele; ke ɖeko mebe, maʋu go nye zɔzɔme ɖe ŋku me nɛ,
16
eye esia nye nye dziɖuɖu xoxo, elabena ame vloa ɖeke medona ɖe eŋku me o.
17
Mise nye nyawo dzro, eye nye nyameɖeɖe nede to me na mi!
18
Kpɔ ɖa, medzra ɖo ɖe dzrenya la ŋu, eye menyae be, tɔnyee le dzɔdzɔ ge.
19
Ameka ate ŋu akpe kplim? Eya ko hafi mazi ɖoɖoe, eye maku.
20
Negbe nu eve ko megawɔm o, ekema nyemaɣla ɖokuinye ɖe ŋkuwò me o:
21
Te wò asi ɖa le ŋunye, eye wò ŋɔdzi megade dzikatsoƒoe nam o!
22
Ekema yɔm, eye matɔ, alo nyea maƒo nu, eye nado eŋu nam!
23
Vodada kple nuvɔ̃ nenie le ŋunye? Na manya nye dzidadawo kple nye nuvɔ̃wo!
24
Nukaŋuti nèɣla wò ŋku me dem, eye nèle buyem wò futɔe?
25
Ɖe nèbe yeado vodi na aŋgba, si nu ya, alo nayɔ ahɔ̃liti ƒuƒu ɖe nua?
26
Hafi nètsɔ vevesesewo ɖo dzinye, eye nèna mele nye ɖevime vodadawo ƒe dome nyim;
27
ède ga nye afɔwo ɖe atiboli ŋu, èle ŋudzɔ hã na nye mɔwo katã, eye nèɖo liƒo na nye afɔƒome;
28
evɔ wònye menyunyɔ abe nu ŋɔɖua kple avɔ, si agbagblaʋui du la, ene hafi.
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 14 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42