bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Job 18
Job 18
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 17
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 19 →
1
Tete Suaxtɔ Bildad ɖo ŋu gblɔ bena:
2
Ɣekaɣi miawɔ nyaʋa ase ɖo? Midze nunya gbã, emegbe hafi miaƒo nu!
3
Nukaŋuti wobu mí lãwoe, eye míenye bometsilawo le mía ŋku me?
4
Tsiã, wò amesi vuvu wò ŋutɔ ɖokuiwò le wò dɔmedzoe me, wò tae anyigba azu aƒeɖo, eye woate agakpe ɖa le eteƒea?
5
Ke ame vɔ̃ɖi ƒe akaɖi tsina, eye eƒe dzoƒaɖe meklẽna o.
6
Kekeli doa viviti le eƒe agbadɔ me, eye eƒe akaɖi tsina le eta me.
7
Eƒe afɔ legbe ɖeɖe tona ɖe eme, eye eya ŋutɔ ƒe adaŋudede ƒunɛ anyi.
8
Elabena wonyãnɛ wòtsɔa eƒe afɔ dea ɖɔ me, eye wòzɔa mɔ̃ka dzi.
9
Adoboli miãna ɖe afɔkpo dzi nɛ, eye mɔ̃ka ɖenɛ.
10
Wotrea ƒoɖetoe nɛ, eye wolia eƒe mɔ̃ de etoƒe.
11
Ŋɔdzidodowo doa dzikatsoƒoe nɛ, eye woyɔnɛ de nu kplikplikpli.
12
Eƒe dzɔgbevɔ̃e tsia dɔmeɣee de eŋu, eye gbegblẽ nɔa klalo de exa.
13
Eƒe ŋutilã ŋu nuwo duduna, eye ku ƒe ŋgɔgbevi ɖua eƒe ŋutilã ŋu nuwo.
14
Woaɖee ɖa le eƒe agbadɔ, si ŋu wòle ŋu ɖom ɖo la me, eye nu akplɔe aƒu fia dziŋɔla.
15
Nusi menye etɔ o la, nɔa eƒe agbadɔ me, eye wokɔa aŋɔ ɖe enɔƒe.
16
Eƒe kewo kuna ɖe to me, eye eƒe alɔwo yrɔna ɖe dzi me.
17
Womeɖoa ŋku edzi le anyigba dzi o, eye eƒe ŋkɔ buna le ablɔ me.
18
Wotua asii tsoa kekeli me dona ɖe viviti me, eye wonyãnɛ ɖa le xexeame.
19
Vi alo tɔgbuiyɔvia ɖeke manɔ esi le eƒe dukɔ dome o, eye amea ɖeke makpɔtɔ ɖe enɔƒe o.
20
Ɣetoɖoƒetɔwo ƒe nu aku le eƒe ŋkeke la ŋu, eye ɣedzeƒetɔwo ƒe tame able fu.
21
Alea nu madzɔmadzɔ wɔla ƒe nɔƒewo nɔna, eye alea amesi ŋlɔ Mawu be la, ƒe teƒe nɔna.
← Chapter 17
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 19 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42