bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Job 33
Job 33
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 32
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 34 →
1
Azɔ, Hiob, se nye nyawo, eye naƒu to anyi ɖe nye nuƒoƒowo katã ŋu!
2
Kpɔ ɖa, meke nye nu, eye nye aɖe le nu ƒom le nye nu me.
3
Nye nyawo tso dzi dzadzɛ me, eye nunya, si tso nye nuyiwo me la dza.
4
Mawu ƒe gbɔgbɔe wɔm, eye ŋusẽkatãtɔ ƒe gbɔgbɔe gbɔ agbem.
5
Ne ele ŋuwò la, ɖo ŋu nam; bla akpa de ŋunye, eye nadze avu ɖi!
6
Kpɔ da, Mawu tae menye abe wò ke ene, eye tsue woka me nye hãe.
7
Kpɔ da, megana madzi ŋɔ na wò o, eye nye asi megale ɖe dziwò o!
8
Eƒo nu de nye to me, eye wò nyawo ɖi mese be:
9
„Medza, dzidada mele ŋunye o, ŋunye kɔ, eye vodada mele ŋunyie o:
10
kpɔ ɖa, ekpɔ nane le ŋunye, eye wòbum abe eƒe futɔ ene,
11
de ga nye afɔ ɖe atiboli ŋu, eye wolé ŋku de nye mɔwo katã ŋu.“
12
Kpɔ ɖa, mele eŋu ɖdom na wò be: Tɔwò medzɔ le esia me o, elabena Mawu kpe wu amegbetɔ.
13
Nukaŋuti nele dzra wɔm kplii, le esi medo wò nyawo katã ŋu na wò o taa?
14
Elabena Mawu ƒoa nu le mɔ si kple mɔ keme dzi, ke womedzea sii o.
15
Le drɔ̃ekuku kple zã me ŋu-tega me, ne amewo yi alɔ̃ me, eye wole alɔ̃ dɔm le aba dzi la,
16
eʋua to na amegbetɔwo, eye wòɖoa kpe woƒe tohehe dzi,
17
ne woate amegbetɔ da le eƒe nuwɔwɔ ŋu, eye wòaɖe dàdaa le ŋutsu la me,
18
ne wòaxɔ eƒe luʋɔ tso yɔdo si me, eye eƒe agbe magatsi aŋutrɔ nu o.
19
Wotsɔa vevesese hã hea to nɛ le eƒe aba dzi, eye eƒe ƒuwo nɔa eɖum ƒuƒuƒu.
20
Nuɖuɖu nyɔa ŋu nɛ, eye eƒe luʋɔ nyɔa ŋu eƒe nuɖuɖu lɔlɔ̃a.
21
Lã vɔ le eŋu, ale be meganya le kpɔkpɔm o, eye eƒe ƒu, siwo medzena tsã o la, tsi go glaŋglaŋ;
22
ale be eƒe luʋɔ gogo yɔdo, eye eƒe agbe gogo saɖagatsi.
23
Ke ne dɔla ɖeka, si nye nyaxɔlaɖakɔtɔ, tso akpewo dome la va, be yeaɖe nusi nye amegbetɔ ƒe dɔ la afiae,
24
eye wòve enu hegblɔ bena: Ɖee, ne magayi yɔdo me o, elabena wolé avum la,
25
ekema dzo aɖo eƒe lãme abe ɖekakpui ene, eye wòagaɖo eƒe ɖekakpuiŋkekewo me.
26
Edo gbe ɖa na Mawu, eye wòve enu hekpɔ eƒe ŋku me dzidzɔtɔe, eye wòɖo amegbetɔ ƒe dzɔdzɔenyenye teƒe nɛ.
27
Adzi ha na amewo agblɔ bena: Mewɔ nuvɔ̃, eye metrɔ gbo nu dzɔdzɔe la, ke womeɖo eteƒe nam o.
28
Eɖe nye luʋɔ, ale be meyi yɔ me o, eye nye agbe kpɔ dzidzɔ le kekeli ŋu.
29
Kpɔ ɖa, nusiawo katã Mawu wɔna na ame zi eve kple zi etɔ̃,
30
ne yeaxɔ eƒe luʋɔ tso yɔdo si, eye agbe ƒe kekeli naklẽ nɛ.
31
Hiob, ɖo ŋku anyi, eye nalé to ɖe ŋunye! Lé wò nu, eye na maƒo nu!
32
Ne nya le asiwò la, ekema ɖo ŋu; ƒo nu, eye matso na wò kpoo:
33
ke ne mele alea o la, ekema lé to ɖe ŋunye, zi ɖoɖoe, eye mafia nunya wò!
← Chapter 32
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 34 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42