bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Job 38
Job 38
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 37
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 39 →
1
Eye Yehowa ɖo ŋu na Hiob le dziya me gblɔ bena:
2
Amekae tsɔ nuƒoƒo, si nunyaa ɖeke mele eme o la, blu aɖaŋuɖoɖo mee?
3
Tso, nasa avɔ ɖe ali abe ŋutsu ene; mabia nya wò, eye nafia num!
4
Afika nènɔ, esime meɖo anyigba gɔme anyi? Ne nunya le tagbɔ na wò la, ekema gblɔe!
5
Ameka ɖo eƒe dzidzeme? Enyae tso! Alo ameka da dzidzeka nɛ?
6
Nuka dzi wodo egɔme anyi do, eye ameka ɖo eƒe dzogoedzikpe,
7
esime ŋukeɣletiviwo katã le aseye tsom, eye Mawu ƒe viwo katã gli kple dzidzɔa?
8
Ameka tso ʋɔtruwo xe mɔ na atsiaƒu, esime wòdo tso vidzidɔ me?
9
Esime metsyɔ alilikpo nɛ, eye medzii goŋgoŋ ɖe blukɔ me;
10
meɖo liƒo nɛ, eye mede gameti kple agbo enu
11
hegblɔ bena: Afii nava se ɖo, eye mayi ŋgɔ o; eye afii wò tsotsoe kpakawo aƒo ɖoa?
12
Le wò agbe me ŋkekewo me la, ɖe nèɖe se na ŋɖi kpɔ, eye néfia agudzedze ƒe nɔƒee,
13
ne wòalé anyigbatoga aʋuʋu ame vɔ̃ɖiwo ɖa le eŋua?
14
Etrɔna abe tsu, si wonyã ene, eye nɔnɔmewo tsia anyi abe avɔ ene.
15
Woaxɔ kekeli le ame vɔ̃ɖi si, eye woaŋe abɔ, si woɖo ɖe dzi la.
16
Ɖe nede atsiaƒu dzɔƒe, eye nèzɔ egɔme kpɔa?
17
De woʋu ku ƒe agbo na wò, eye nekpɔ blukɔ tsiɖitsiɖi ƒe agbo kpɔa?
18
Ekpɔ anyigba ƒe kekemea? Ne enya nusiawo katã la, gblɔe!
19
Kekeli gbɔ mɔ ɖe, eye afika nye viviti ƒe nɔƒe,
20
ne nakplɔ wo ayi woƒe liƒo dzii, eye nanya woƒe aƒe gbɔ mɔa?
21
Enyae tso, elabena ɣemaɣi wodzi wò, eye wò ŋkekewo ƒe xexlẽme sɔ gbɔ!
22
Ɖe nède afisi wodzra sno ɖo, eye nèkpɔ afisi woƒo dzikpewo nu ƒu do,
23
esiwo metu do ɖe xaxaɣi, avuwɔgbe kple aʋakpegbe ŋua?
24
Mɔ ka kekeli mãna tona, eye afika ɣedzeƒeya tona kakana ɖe anyigba dzi?
25
Ameka ɖo toƒe na tsidzadza gãwo kple mɔ na dziɖegbe kple dzikedzo,
26
ne tsi nadze ɖe anyigba, si dzi amegbetɔ mele o, kple gbedadaƒo, afisi amea ɖeke mele o,
27
ne woana tagba kple gbegbe naɖi kɔ, eye gbe mumu namie?
28
Ɖe fofo li na tsidzadza, eye zãmũ ƒe tagegewo la, ameka dzi wo?
29
Ameka ƒe dɔ mee tsi babla tso, eye ameka dzi dziƒo ƒe miãtsi bablawo?
30
Tsiwo lía abe kpe ene, eye tɔwo ŋgɔ bla ɖekae.
31
Wòe saa atifieŋuwo ƒe ka, alo wòe ɖea ka avũ kple avũtɔa?
32
Wòe kplɔa ŋukeɣletivi doa goe, eye wòe kplɔa koklovinɔ kple viawoa?
33
Enya dziƒo ƒe sewoa, alo wòe ɖoa eƒe dziɖuɖu ɖe anyigba dzia?
34
A le ŋu aɖe gbe na alilikpo be, tsi geɖe nanyẽ atsyɔ dziwòa?
35
Ate ŋu ada dzikedzowo, eye woayi ava gblɔ na wò be: Míawoe nye esia?
36
Ameka tsɔ nunya ɖo alilikpo tsiɖitsiɖi me, eye ameka na gɔmesese yamenuwo?
37
Ameka tsɔ nunya xlẽ alilikpowoe, eye ameka trɔ dziƒotsigoewo ƒo ɖe anyi,
38
ale be anyigba wɔ agbi heƒuna, eye anyikɔwo léna ɖe wo nɔewo ŋu?
39
Wòe kaa ade na dzatanɔ, eye nèfaa dɔwuame nu na dzataviwo,
40
ne wotsyɔ akɔ anyi ɖe dowo me, eye wode xa ɖe avedodoewo mea?
41
Ameka ɖaa nuɖuɖu na akpaviã, ne viawo le ɣli dom na Mawu, eye wole tsa glãla tsam nuɖuɖu makpɔmakpɔe?
← Chapter 37
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 39 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42