bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Job 34
Job 34
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 33
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 35 →
1
Eye Elihu xɔ dzi gblɔ bena:
2
Mi nunyalawo, mise nye nyawo, eye mi nugɔmeselawo, milé to ɖe ŋunye!
3
Elabena to doa nya kpɔna, abe alesi veme ɖɔa nuɖuɖu kpɔna ene.
4
Mina míahe nya dzɔdzɔe atu anyi, ne míadze si nusi nyo la le mía dome.
5
Elabena Hiob be: „Tɔnye dzɔ, gake Mawu gbe afiatsotso nam;
6
wobum aʋatsokalae, evɔ wònye tɔnye dzɔ hafi: gbedala meli na nye aŋutrɔbi o, evɔ wònye nyemeda vo o hafi.“
7
Afika amea de le abe Hiob ene, amesi le ɖiŋudoname nom abe tsi ene,
8
eya kple ame vlowo le ha bɔm, eye eya kple ame vɔ̃ɖiwo le afɔ ɖeka dzi?
9
Elabena egblɔ be: „Menye viɖe na amegbetɔ, ne edze xɔlɔ̃ kple Mawu o.“
10
Eyata, mi ŋutsu nunyalawo, milé to ɖe ŋunye! Nede megbe xaa be, Mawu nawɔ nu vɔ̃ɖi, eye ŋusẽkatãtɔ nawɔ nu madzɔmadzɔ;
11
ke boŋ eɖoa eteƒe na amegbetɔ le eƒe nuwɔwɔ nu, eye wònana wòvaa me na ŋutsu le eƒe zɔzɔme nu.
12
Nyateƒee, Mawu mewɔa nu vɔ̃ɖi o, eye ŋusẽkatãtɔ la metea nya dzɔdzɔe ɖe to o.
13
Ameka tsa anyigba ɖe asi nɛ, eye ameka ɖo xexeme godoo la gɔme anyi?
14
Ne edia eɖokui tɔ ko, eye wògbugbɔ eƒe gbɔgbɔ kple eƒe agbe gagbɔ ɖe eɖokui me la:
15
ekema ŋutilãwo katã nu ayi, eye amegbetɔ agazu ke.
16
Ne nunya le asiwò la, ekema se nya siawo, eye nalé to ɖe nye nyawo ƒe ɖiɖi ŋu!
17
Ɖe amesi lé fu nya dzɔdzɔe la, ale ŋu aɖu dzia? Eye ɖe nébe, yeabu fɔ dzɔdzɔetɔ, si nye ŋusẽtɔ la?
18
Ɖe wokpɔ mɔ agblɔ na fia be: yakame, eye na amegã be: ame vɔ̃ɖia?
19
Eya, amesi medea amegãwo dzi o, eye meɖia kesinɔtɔwo ƒe nya wua ame dahewo tɔ o, elabena wo katã la eƒe asinudɔwɔwɔ wonye.
20
Woku ɖe aɖabaƒoƒo ɖeka me, dukɔwo ƒe mo tsyɔ zi le zãtiƒe, eye wo nu vi: woɖe ŋusẽtɔwo ɖa, ke menye to amegbetɔwo ƒe asi dzi o.
21
Elabena etsɔ ŋku ɖo amegbetɔ ƒe mɔwo ŋu, eye wòle eƒe afɔɖeɖewo katã kpɔm.
22
Viviti kple blukɔa ɖeke meli, si me nu vɔ̃ɖi wɔla abe ɖo o.
23
Elabena meɖoa ŋkeke na amegbetɔ, be wòava ʋɔnu le Mawu ŋku me o.
24
Egbãa ŋusẽtɔwo gudugudu, eye wòtsɔa bubuwo ɖoa wo teƒe.
25
Esi wònya woƒe nuwɔnawo la, eyata wòtua asi wo ƒua anyi le zã me, eye woagbã gudugudu.
26
Eƒoa wo abe ame vɔ̃ɖiwo ene le dutoƒo;
27
elabena wode megbe le eŋu, eye womelé ŋku ɖe eƒe mɔwo ŋu o,
28
eye womehe ame dahewo ƒe ɣlidodo va eŋku me, ne wòase hiãtɔwo ƒe ɣlidodo o.
29
Ne ena gbɔɖeme va aƒe la, ameka abu fɔe? Eye ne eɣla eƒe mo la, ameka ate ŋu akpɔe? Ke eƒe ŋkn le dukɔwo kple amegbetɔwo katã ŋu,
30
be ame vlowo magaɖu dzi, eye woanye mɔ̃ka na dukɔ la o.
31
Ɖe amea ɖe gblɔ na Mawu kpɔ be: Mekpe fu, evɔ wònye nyemewɔ vɔ̃a ɖeke o hafia?
32
Nusi kpɔm nyemele o la, fiaem, eye ne mewɔ nu madzɔmadzɔa ɖe la, nyemagawɔe azɔ oa?
33
Ɖe wòaɖo eteƒe le wò susu nua? Wò ŋue nu mele dzedzem o, eyata kpɔ eme natsɔ, menye nye o. Eye ne ènya nane la, gblɔe!
34
Nugɔmeselawo kple nunyala, siwo le to ɖomem la agblɔ nam be:
35
„Nunya mele Hiob ƒe nuƒoƒo me o, eye tamebubua ɖeke mele eƒe nyawo me o.
36
Oo, ɖe woate Hiob akpɔ atraɖii le ŋuɖoɖo, si wòna abe eme vlowo ene la ta!
37
Elabena etsɔ vɔ̃ɖiwɔwɔ kpe ɖe eƒe nuvɔ̃wo ŋu, ele alɔme ɖem le mía dome, eye wòle nu geɖe ƒom ɖe Mawu ŋu.
← Chapter 33
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 35 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42