bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Job 28
Job 28
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 27
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 29 →
1
Elabena klosalofɔƒe li, eye sika, si wolólona la, teƒe li.
2
Wokua ga yibɔ tso to me, eye kpe wolólona wòzua akɔbli.
3
Woɖo seƒe na viviti, eye wodi kpe, si le viviti tsiɖitsiɖi me la, le goawo katã me keŋkeŋ.
4
Woɖe do wòyi to ʋi tso dzitatɔwo gbɔ; amesiwo ku de ya me le agba sem le eme la, le adzɔge tso amewo gbɔ, eye afɔ sia afɔ ŋlɔ wo be.
5
Nuɖuɖu tsoa anyigba me, ke wowlua ete, abe alesi dzo wlua; nui ene.
6
Safir le eƒe kpewo me, eye afima wokpɔa sikawo le;
7
woawo nye mɔ, si hɔ̃ medze sii, eye aʋako ƒe ŋku mekpe kpɔ o;
8
mɔ, si dzi gbemelã ɖaɖadzrawo mele, eye dzata mezɔ kpɔ o.
9
Edo asi kpa sesẽwo dzi, eye wòwlu towo gome.
10
Eɖe toƒewo ɖe agakpewo me, eye eƒe ŋku kpɔ nu xɔasi vovovowo.
11
Exe mɔ na tsiwo, be womagaɖuɖu o, eye wòhe nusi ɣla le va kekeli nui.
12
Ke nunya le, afika wotunɛ le? Eye afika nye gɔmesese ƒe nɔƒe?
13
Amesi ɖeke menye egbɔ mɔ o, eye womekpɔnɛ le agbagbeawo ƒe anyigba dzi o.
14
Agume gblɔ be: Mele menye o! Eye atsiaƒu be: Mele gbɔnye o!
15
Womenaa sika nyuitɔ ɖe eta o, eye womedaa klosalo ɖe eƒe home nu o.
16
Womaɖae akpe ɖe Ofir-sika nyuitɔ, soham-kpe kple satir-kpe xɔasiwo ŋu o.
17
Womabu sika kple ahuhɔ̃e ɖe eŋu o, eye womatsɔ sikanuwo aɖɔ lii o.
18
Womayi sui kple gbloti ŋkɔ yɔ ge ɖe eŋu o, eye nunya ƒe emesinɔnɔ nyo wu adzagba.
19
Kus ƒe Topas-kpe meɖe enu o, eye womadae akpe ɖe sika dzɔdzɛtɔ ŋu o.
20
Afika gɔ̃e nunya dzɔ tso? Eye afika nye gɔmesese nɔƒe?
21
Eɣla ɖe agbagbeawo katã ƒe ŋkuwo, eye wòbe ɖe dziƒoxewo.
22
Aʋlime kple ku le gbɔgblɔm be: Miele hũhũhũ sem le eŋu kple míaƒe towo.
23
Mawu nya egbɔ mɔ, eye wòdze si enɔƒe.
24
Elabena ele kekeke anyigba ƒe mlɔeanu kpɔm, eye wòkpɔa nusi le dziƒo blibo la te,
25
ne wòana yia ƒe kpekpemee, eye wòado dzidzeme na tsi.
26
Esi wòɖo seƒe na tsidzadza, eye wòɖo toƒe na dziɖegbe ƒe dzokeke la;
27
ekpɔe, eye wòɖee fia, eɖoe te, eye wòdzro eme kpɔ hã,
28
hegblɔ na amegbetɔwo be: Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la vɔvɔ̃ enye nunya, eye vɔ̃tsitsri enye gɔmesese.
← Chapter 27
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 29 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42