bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Job 14
Job 14
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 15 →
1
Amegbetɔ nyanu tɔ dzidzia, eƒe agbe le kpuie, eye fuɖeɖe ti kɔ nɛ.
2
Edona abe seƒoƒo ene, eye wòyrɔna; esina abe vɔvɔli ene, eye metɔna ɖi o.
3
Esia tɔgbe ŋu nèke ŋku ɖo, eye nèkplɔm va wò ʋɔnuia?
4
Ɖe ame dzadzɛ ate ŋu atso ame madzamadza mea? Ɖeka pɛ hã o!
5
Ne woɖo eƒe ŋkekewo, eƒe dzinuwo ƒe xexlẽme le gbɔwò, eye nèdo liƒo nɛ, si dzi magbɔ o la,
6
ekema ɖe kɔ ɖa le eŋu, ne wòagbɔ ɖe eme, eye wòakpɔ dzidzɔ, abe alesi agbatedɔwɔla kpɔa dzidzɔ le eƒe ŋkeke ŋu ene!
7
Elabena mɔkpɔkpɔ li na ati; ne wolãe la, ekema egadzena yeye, eye eƒe alɔwo nu metsina o.
8
Ne eƒe kewo do xoxo le anyigba me, eye eƒe takpo ku le to me la,
9
tsi ƒe ʋeʋẽ nana be, wògadzena, eye wòtoa alɔ abe atilɔ mumu, si woɖo ene.
10
Ke ne ŋutsu ku la, emlɔa anyi drana ɖi, eye ne amegbetɔ mia nu la, afika wògale?
11
Tsi nona le ta me, tɔsisi miena, eye eme ƒuna;
12
ke ne amegbetɔ mlɔ anyi la, megafɔna o, ŋkeke alesi dziƒowo li la, menyɔna o, eye womenyɔnɛ tsoa eƒe alɔ̃dɔdɔa me o.
13
Oo, ne naxaɣlam ɖe tsiẽƒe, eye nadzram ɖo, vaseɖe esime wò dɔmedzoe nu nafa; naɖo ɣeyiɣi nam, eye naɖo ŋku dzinye emegbe ɖe!
14
Ne ŋutsu ku la, ɖe wògagbɔa agbea? Le nye aʋamenɔɣiwo katã la manɔ asiɖeɖe le ŋunye lalam.
15
Àyɔm, eye matɔ na wò, ne wò asinudɔwɔwɔ ƒe nu le dzrowòm.
16
Ke azɔ la èle nye afɔɖeɖewo xlẽm, eye mèto nye nuvɔ̃ ŋu yi o.
17
Wodzi nye dzidada ɖa nu me goŋgoŋ hetre enu, eye nègale nye voɖadawo ɖitsim.
18
Ke ne to ŋe dze eme la, etua wɔ, eye agakpe tena ɖa le eteƒe.
19
Tsi nyia kpewo, eye tsidzadza kplɔa anyigbakewo dzonae, ale nègblẽa amegbetɔ ƒe mɔkpɔkpɔ mee.
20
Edzea edzi kple ŋusẽ ɖaa, eye enu va yina, ètrɔa eƒe mo bubui henyãnɛ ɖona ɖa.
21
Ne bubu le viawo ŋu la, menyanɛ o, eye ne woɖi gbɔ la, medzea sii o.
22
Negbe eya ŋutɔ ƒe ŋutilã ƒe veve ko wòsena, eye eya ŋutɔ ƒe luʋɔ koe xaa nu.
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 15 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42