bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Job 39
Job 39
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 38
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 40 →
1
Ènya agamegbɔ̃ewo ƒe vidziɣia? eye ɖe nèdze si ɣeyiɣi, si fu ɖua zinɔwoa?
2
Exlẽ dzinu, alesi fu nɔa wo ƒom eye ènya ɣeyiɣi, si wodzia via?
3
Wodzea klo heda wo viawo ɖi, eye wovona tso woƒe vevesesewo me.
4
Ŋusẽ ɖoa wo viawo ŋu, eye wotsina le gbe me, wodzona, eye womegagbɔna vaa wo gbɔ o.
5
Ameka na ablɔɖe gbetedzi? Eye ameka tu ka gbetedzi,
6
si metsɔ gbegbe wɔ aƒe na, eye metsɔ dzeƒe wɔ eƒe nɔƒee?
7
Du me howɔwɔ le kokoe ɖim nɛ, eye mele kplɔla ƒe ɣlidodo sem o.
8
Ele ŋu tsam na gbeɖuƒe le towo dzi, eye wòle gbe mumu ɖesiaɖe yome mɔ dim.
9
Ɖe tò alɔ̃ asubɔ wò kpoo, eye wòatsi wò lãto gbɔ adɔa?
10
Ɖe àte ŋu ade ka tò ɖe agbleŋlɔnu ŋu, alo wòagudu bali me le yowòmea?
11
Ɖe naɖo ŋu ɖe eŋu, le esi ŋusẽ kako le esi ta, eye natsɔ wò dɔ agblẽ ɖe esi mea?
12
Ɖe naɖo dzi ɖe eŋu be, atsɔ wò agblemenuwo ava aƒee, eye wòaƒo wo nu ƒu ɖe wò ava mea?
13
Golonɔ ƒoa aʋala kpakpakpa, ke damixe ƒe aʋala kple fu ye wònyea?
14
Kpao, hafi boŋ eɖaa eƒe azi ɖe anyigba, eye wònana ke dzodzoe ƒoa wo;
15
ke eŋlɔnɛ be, be woaɖo afɔ edzi, eye gbemelãwo agbãe.
16
Esẽa ŋuta le viawo ŋu, abe menye eto wonye o ene; eye ne eƒe agbagbadzedze zu dzodzro ha la, ŋɔ medzinɛ o.
17
Elabena Mawu na nunya bu ɖee, eye mena gɔmesesea ɖekee o.
18
Ne edzo ʋanana la, ekoa sɔ kple edola.
19
Wòe na ŋusẽ sɔa, eye wòe tsa kɔdza tsyɔ kɔ ŋu nɛa?
20
Wòe na wòdzoa kpo abe ʋetsuvi enea? Eƒe gbagba fuxefuxe enye ŋɔdzi.
21
Ele anyigba kam, ekpɔa dzidzɔ le eƒe ŋusẽ ŋu, eye wòyina ɖakpea akpablalawo.
22
Vɔvɔ̃ ɖoa nukokoe ne, ŋɔ medzinɛ o, eye metrɔa megbe dea yi o.
23
Daku, akplɔ kple tunuhlo le zi dom ɖe eŋu.
24
Enyrã, eye wòdze agbo heka anyigba le dadam, eye ne kpẽ di hã la, metɔna o.
25
Ne kpẽ ɖi la, exlɔ̃na be: Eɖo dzi loo! Aʋa kple aʋafia ƒe gbedeɖe kpakple aʋaɣli ƒe ya le edzi dzem tso adzɔge ke!
26
Wò nunya nue aʋako dzona, eye wòkekea eƒe aʋala ɖoa ta dziehe lena?
27
Ɖe hɔ̃ dzona le wò nya nu, eye wòwɔa eƒe atɔ de kɔkɔƒea?
28
Enɔa agakpewo dzi, eye wòwɔa atɔ ɖe agakpewo to kple towo ƒe tsutsuèaƒe.
29
Afima wòtsaa ŋu nuɖuɖu tsona, eye eƒe ŋku kpɔa keke didiƒe ke.
30
Viawo noa ʋu, eye afisi ame tsiaʋawo le la, afima wònɔna.
← Chapter 38
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 40 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42