bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Job 30
Job 30
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 29
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 31 →
1
Azɔ nye tsɛwo, amesiwo fofowo medzem be, mana woade ha kple nye lãkplɔvũwo gɔ̃ hã o la, le koyem.
2
Nuka woƒe alɔkpa sesẽ nye nam? Tsitsinyenye bu ɖe wo.
3
Hiã kple dɔwuame na wolé ayi, eye wokuko gbegbe, si nye gbedzi ƒeƒle la.
4
Amesiwo ke aŋɔto le avekɔewo te, eye dɔli ƒe ke enye woƒe nuɖuɖu.
5
Wonyã wo le ha me, eye wole ɣli dom ɖe wo ta abe fiafitɔwo ene.
6
Wonɔa ne dziŋɔwo, dowo kple agadowo me.
7
Wole xɔxlɔ̃m le avekɔewo dome, eye woƒo ta kpli de aŋɔkawo te.
8
Bometsilawo kple ame ɖigbɔwo ƒe viwo wonye, amesiwo wotsɔ atam nya ɖa le anyigba dzi.
9
Azɔ metrɔ zu lodonu na wo, eye mezu alɔmeɖenu na wo.
10
Wole ŋu nyɔmem, wodea megbe le ŋunye, eye womegbea taɖeɖe ɖe mo nam o.
11
Elabena atso nye daka, eye wòbɔbɔm ɖe anyi, eye wòna woɖaa ɖadzra le ŋkunye me.
12
Ɖevi vloewo tsia tre ɖe ŋunye le ɖusi me, wotutua nye afɔ ɖa, eye wotaa mɔ ɖe ŋunye, be yewoagblẽm.
13
Wogblẽa nye toƒe, eye wo, amesiwo xɔnamelɔa ɖeke meli na o la, kpea asi ɖe nye dzɔgbevɔ̃e ŋu.
14
Wogbã gli gbawoo hegbɔna, eye wole nu gblẽm hezɔna ɖe eme.
15
Ŋɔdzidodo trɔna ɖe ŋunye; woyɔa nye bubu ɖe nu abe ya ene, eye nye dzɔgbenyuie nu yina ahe alilikpo ene.
16
Azɔ nye luʋɔ lólo gbanaa ɖe dɔme nam, eye hiãŋkekewo lém.
17
Wowlua nye ƒuwo me le zã heɖea wo ɖa le ŋunye, eye ɖunyelawo megbɔna ɖe eme o.
18
Kuɖiɖi na nye awu gblɔ ɖe ŋunye, eye wole ŋunye abe nye awutewui ƒe kɔme ene.
19
Wotsɔm ƒu gbe ɖe ba me, eye mele abe ke kple afi ene.
20
Medoa ɣli yɔa wò, ke mètɔna nam o; metsia tre ɖi, eye mèléa ŋku de ŋunye o.
21
Etrɔ zu ŋutasẽla de ŋunye, eye nètsɔa wò asi sesẽ wɔa avu kplim.
22
Ekɔam ɖe dzi mezɔa ya me, eye nènana menyina de ahom me keŋkeŋ.
23
Elabena menyae be, àkplɔm ade asi na ku, eye mayi xɔ, si me agbãgbeawo katã ƒoa ta kpli do la me.
24
Ke ne wole to yim la, ɖe wo meɖoa asi ɖe dzi oa? Eye ne woɖo dzɔgbevɔ̃e me la, ɖe womeɖoa boboe oa?
25
De nyemete avi ɖe amesi ɖo ɣeyiɣi sesẽ me la ŋu kpa oa? Eye ɖe nye luʋɔ mexa nu ɖe ame dahe ŋu kpɔ oa?
26
Elabena mekpɔ mɔ na nyui, ke vɔ̃ va; mekpɔ kekeli sinu, ke viviti do.
27
Nye dɔkaviwo le tòtom klɔklɔklɔ atraɖii, eye hiãŋkekewo ƒo ɖe dzinye.
28
Menyɔ tsiɖitsiɖi le yiyim, evɔ menye ɣee fiãm o; metso le takpekpe me hele boboe dom.
29
Mezu agbotoewo nɔvi kple hati na golowo.
30
Nye ŋutigbalẽ nyɔ tsiɖitsiɖi heflo le ŋunye, eye dzoxɔxɔ na nye ƒuwo fiã.
31
Nye gakasaŋku do konyifagbe, eye nye dze ƒe ɖiɖi zu avigbe.
← Chapter 29
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 31 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42