bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Job 21
Job 21
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 20
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 22 →
1
Tete Hiob ɖo ŋu gblɔ bena:
2
Oo, misee, mise nye nuƒoƒo dzro, eye esia anye miaƒe akɔfaname.
3
Migbɔ dzi ɖi nam, ne maƒo nu vɔ, hafi miaɖe alɔme le ŋunye.
4
Amewo ŋue mele konyi fam ɖo loo, eye nukaŋuti magbɔ dzi ɖi ɖo?
5
Mitrɔ ɖe ŋunye, eye miaƒe nu neku, eye mitsɔ asi ɖo nu!
6
Hm, ne meɖo ŋku edzi la, vɔvɔ̃a ɖoam, eye nye lãme blea fu.
7
Nukaŋuti ame vɔ̃ɖiwo tsia agbe, wokua amegã, eye woƒe ŋusẽ dzina ɖe edzi?
8
Wo viwo lia ke le wo gbɔ kple woƒe dzidzimeviwo le wo ŋku me.
9
Woƒe aƒewo nɔa ŋutifafa me, ŋɔ medzia wo o, eye Mawu ƒe atam mevaa wo dzi o.
10
Eƒe nyitsu yɔa asi, eye menyea dzodzro o; eƒe nyinɔ dzia vi, eye fu megena le eƒo o.
11
Woɖea woƒe ŋutsuviwo doa goe abe lãha ene, eye wo viwo nɔa adzrɔ ɖim.
12
Wonɔa ha dzim ɖe gakogoe kple gakasaŋku ŋu, eye wonɔa dzidzɔ kpɔm ɖe dze ƒe ɖiɖi ŋu.
13
Woɖua woƒe ŋkekewo le dzidzɔ me, eye le adahaƒoƒo ɖeka me woɖoa agu yia tsiẽƒe.
14
Ke wogblóna na Mawu be: Te ɖa le mía gbɔ, míele naneke dim, be míanya le wò mɔwo ŋu o.
15
Ameka nye ŋusẽkatãtɔ, ne míasubɔe, eye viɖe ka wònye na mí, ne míaɖe kuku nɛ?
16
Kpa ɖa, woƒe dzɔgbenyuie mele wo si me o; eyata ame vɔ̃ɖiwo ƒe adaŋudede nede megbe xaa tso gbɔnye!
17
Zi nenie ame vɔ̃ɖiwo ƒe akaɖi mehetsina, eye woƒe gbegblẽ mehevaa wo dzi o? Emãa woƒe gome na wo le eƒe dɔmedzoe me,
18
be woanɔ abe gbe ƒuƒu le ya nu ene, abe tsro, si ahom kplɔna dzonae ene.
19
Mawu ɖo nuxi dzɔgbevɔ̃e ɖi na viawo. Aɖo eteƒe nɛ, be wòa ʋẽe ase!
20
Eƒe ŋkuwo akpɔ eya ŋutɔ ƒe gbegblẽ, eye wòano ŋusẽkatãtɔ ƒe dziku heliheli la.
21
Elabena eƒe aƒe me nya ka tsɔ egbɔ le emegbe, nenye be, wotsi eƒe dzinuwo ƒe xexlẽme nu?
22
Ɖe wobe, yewoafia nunya Mawu, eya amesi drɔ̃a ʋɔnu dziƒotɔwoa?
23
Amea ɖe ku, esime wole dzɔgbenyuie geɖe me, esime wòɖe dzi ɖi, eye wòli bɔkɔɔ;
24
eƒe zewo yɔ fũ kple notsi, eye ami yɔ eƒe ƒuto me.
25
Ke ame bubu ku, esime eƒe luʋɔ le nu xam, eye mede nu nu nyui ŋu kpɔ o.
26
Wo kple eve la womlɔ wo nɔewo gbɔ le ke me, eye nyẽwo ɖi ba ɖe wo dzi.
27
Kpɔ ɖa, menya miaƒe susuwo kple tame vɔ̃, siwo ɖom miele ɖe ŋunye.
28
Ne miele gbɔgblɔm be, afika ŋutasẽla ƒe aƒe le, eye afika agbadɔ, si me ame vɔ̃ɖiwo nɔ la, le hã la,
29
ɖe miebia mɔzɔlawo se, eye mielé to ɖe woƒe nuteƒekpɔkpɔwo ŋu be,
30
wokpɔa ame vɔ̃ɖi ta le gbegblẽɣi, eye wotsonɛ ɖi le dɔmedzoedogbe oa?
31
Ameka agblɔ eƒe zɔzɔme ɖe ŋku me nɛ kaŋ, eye ne eƒo nu la, ameka aɖo eteƒe nɛ?
32
Emegbe wokplɔnɛ ɖo yia yɔdo gbɔe, eye woganɔa eƒe yɔɖo ŋu dzɔm.
33
Bali me anyikɔwo vivi enu, eye xexeame katã tsɔ eƒe afɔ, abe alesi wodo ŋgɔ nɛ bibibi ene.
34
Aleke mianɔ akɔ fam nam ɖe ya me? Miaƒe ŋuɖoɖowo la, alakpa ɖeɖe ko wonye.
← Chapter 20
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 22 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42