bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Samuel 10
1 Samuel 10
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 11 →
1
Tete Samuel tsɔ amigoe eye wòkɔ ami ɖe tame na Saul. Egbugbɔ nu nɛ hegblɔ be: “Aƒetɔ si ami na wò be nàzu amegã ɖe yeƒe dukɔ Israel dzi. Àɖu dukɔa dzi eye àʋli wo ta tso woƒe futɔwo katã si me. Dzesi si le kpe ɖom esia dzi be Aƒetɔ si ami na wò be nànye amegã ɖe yeƒe domenyinu dzi lae nye be:
2
Ne èdzo le gbɔnye egbe la, àkpɔ ame eve le Raxel ƒe yɔdo gbɔ le Zelzax le Benyamin-nyigba dzi. Woagblɔ na wo be: ‘Wokpɔ tedzinɔ siwo di ge nèyi la. Fifia la tɔ́wò megatsi dzi ɖe wo ta o, ke boŋ etsi dzimaɖi ɖe tawò le gbɔgblɔm be: ‘Nya ka dzɔ ɖe vinye dzi?’
3
Ne ètso le afi ma la, àva ɖo logotia gbɔ le Tabor. Ŋutsu etɔ̃ siwo yina vɔ sa ge na Mawu le Betel la ava do go wò le afi ma. Ðeka alé gbɔ̃vi etɔ̃ ɖe ta, evelia atsɔ abolo etɔ̃ eye lãgbalẽgolo si me wain le la anɔ etɔ̃lia si.
4
Woado gbe na wò ahana abolo eve wò. Xɔ wo le wo si.
5
Emegbe àva Gibea-Elohim, afi si Filistitɔwo da dzɔlawo ɖo. Ne èle gegem ɖe dua me la, àdo go Mawu ƒe gbeƒãɖelawo ƒe ha aɖe si ɖi tso vɔsaƒea la gbɔna. Kasaŋku, axatsɛ, dze kple saŋkuwo anɔ ɖiɖim le wo ŋgɔ eye woanɔ gbeƒã ɖem.
6
Enumake eƒe gbɔgbɔ adze dziwò, àtrɔ zu ame bubu sãa eye wò hã àde asi gbeƒãɖeɖe me kpli wo.
7
Azɔ ne dzesi siawo le me vam la, wɔ nu sia nu si nèlɔ̃ elabe Mawu li kpli wò.
8
Ekem do ŋgɔ nànɔ Gilgal yim. Megbɔna gbɔwò ava eme nu, eye masa ŋutifafavɔ na Mawu. Lalam ŋkeke adrẽ va se ɖe esime mava gblɔ nu si nàwɔ la na wò.”
9
Esi Saul trɔ be yeadzo le Samuel gbɔ la, Mawu na Saul ƒe nɔnɔme trɔ, eye dzesi siwo ŋu Samuel ƒo nu le la va eme gbe ma gbe.
10
Azɔ esi wòva toa dzi la, kpɔ ɖa, Mawu ƒe gbeƒãɖelawo ƒe ha aɖe va do goe. Enumake Mawu ƒe gbɔgbɔ dze edzi kple ŋusẽ eye wòɖe gbeƒã le wo dome.
11
Ke esi ame siwo katã dze sii tsã la kpɔe wòle gbeƒã ɖem le Mawu ƒe gbeƒãɖelawo dome la, wobia wo nɔewo be: “Nu kae le Kis vi la wɔm? Saul hã ye le Mawu ƒe gbeƒãɖelawo domea?”
12
Ŋutsu aɖe si tso dua me la bia be: “Ame ka gɔ̃e nye ame siawo tɔ́?” Esia va zu lo wodona le wo dome ɖaa be: “Saul hã ye le Mawu ƒe gbeƒãɖelawo domea?”
13
Esi wòɖe gbeƒãa vɔ la, eyi vɔsaƒea.
14
Saul nyrui kpɔ eya kple eƒe dɔla la eye wòbia wo be: “Afi ka mietso?” Saul ɖo eŋu be: “Míetso tedzinɔawo di ge. Esi míele wo kpɔm o la, míeyi Samuel gbɔ.”
15
Saul nyruia bia be: “Nya ka wògblɔ na mi?”
16
Saul gblɔ nɛ be: “Egblɔ na mí kɔtɛe be wokpɔ tedziawo xoxo.” Gake megblɔ nya siwo Samuel gblɔ nɛ tso eya ŋutɔ ƒe fiaɖuɖu ŋu ya la, ƒe ɖeke nɛ o.
17
Azɔ Samuel yɔ Israel-dukɔ la ƒo ƒu hena ŋkekenyui ɖuɖu le Mizpa,
18
eye wògblɔ na wo be: “Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la be: ‘Mekplɔ mi do go tso Egipte-nyigba dzi, eye meɖe mi tso Egiptetɔwo si me. Nye kee ɖe mi tso dziɖula siwo nɔ mia tem ɖe anyi la hã si me.
19
Ke egbe la, miegbe nye, miaƒe Mawu, si ɖe mi tso miaƒe dzɔgbevɔ̃ewo kple hiãwo katã me la, eye miebiam be maɖo fia na yewo. Eya ta miva ɖo ɖe Aƒetɔ ŋkume ɖe miaƒe towo kple ame akpeakpeawo nu.’ ”
20
Ale Samuel na Israel-toawo katã te va ŋgɔ, eye wodzidze nu. Nudzidze la dze Benyamin-to la dzi.
21
Ena Benyamin-to la me tɔwo do va ŋgɔ ɖe woƒe ƒomeawo nu, eye wodzidze nu wòdze Matri ƒe ƒome la dzi. Esi wodzidze nu ɖe ƒomea me nɔlawo dzi la, nudzidze la dze Saul, Kis vi dzi. Wodii, ke womekpɔe o.
22
Ale wogabia nu Aƒetɔ be: “Ɖe ame la va afi siaa?” Aƒetɔ ɖo eŋu be: “Kpɔ ɖa, Saul bè ɖe agbaawo totro me.”
23
Ale woƒu du yi ɖakplɔe tso afi ma vɛ. Esi wòtsi tsitre ɖe ameawo dome la, ame kɔkɔtɔwo se abɔta nɛ.
24
Azɔ Samuel gblɔ na dukɔ la be: “Ame si Aƒetɔ tia lae nye esi! Ame aɖeke mesɔ kplii le dukɔa me o.” Tete ameawo katã do ɣli hoo be: “Fia nenɔ agbe tegbee!”
25
Azɔ Samuel xlẽ fiaɖuɖu ŋuti kɔnuwo katã fia dukɔ la. Eŋlɔ wo ɖe agbalẽ me hetsɔ da ɖe Aƒetɔ ŋkume. Emegbe Samuel ɖe asi le ame sia ame ŋu wòtrɔ yi eƒeme.
26
Saul hã trɔ yi enɔƒe le Gibea. Kalẽtɔ aɖewo, siwo ƒe dzi Mawu ʋã la yi kplii.
27
Ke ame vlo aɖewo gblɔ be: “Ale ke ame sia ate ŋu axɔ na mí?” Wodo vloe eye wometsɔ nunana aɖeke vɛ nɛ o. Ke elé eɖokui kpoo abe ɖe mesee o ene.
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 11 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31