bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Samuel 20
1 Samuel 20
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 19
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 21 →
1
Azɔ David sí le Nayot le Rama. Eva Yonatan gbɔ va bia be: “Nu ka gɔ̃ mewɔ? Vo ka meda? Nu vɔ̃ ka mewɔ ɖe tɔ́wò ŋu hafi wòdi be yeawum?”
2
Yonatan ɖo eŋu nɛ be: “Gbeɖe! Mèle kuku ge o. Kpɔ ɖa, eɖanye nu gã aɖe alo nu sue aɖe wònye o, tɔ́nye mewɔa ɖeke ne megblɔe nam o. Nu ka ta tɔ́nye aɣla nya siam? Mele eme o.”
3
Ke David gblɔ nɛ be: “Tɔ́wò nya nyuie be mèlɔ̃a nu le gbɔnye o. Eƒe susu anye be, ‘Mele be Yonatan nase nya sia o. Ne menye nenema o la, ava xa nu.’ Gake, le nyateƒe me la, metà Aƒetɔ gbagbe la be, nye kple ku dome megadidi o.”
4
Esia ta Yonatan do ŋugbe na David be: “Nu sia nu si nàbia la mawɔe na wò.”
5
Ale David gblɔ na Yonatan be: “Kpɔ ɖa, etsɔ anye dzinu yeye eye nyemate ŋu agbe nuɖuɖu kple fia la o. Gake na masí yi ɖabè ɖe gbedzi va se ɖe etɔ̃a gbe ƒe fiẽ.
6
Ne tɔ́wò de dzesii be nyemeli o la, ekema gblɔ nɛ be: ‘David bia mɔ be yeayi wo de Betlehem, ale be yeanɔ ƒome blibo la ƒe ƒè sia ƒe vɔsa teƒe.
7
Ne egblɔ be: ‘Enyo, mesee’ la, ekema wò dɔla ŋu fa. Gake ne edo dziku la, ekema nànyae be eɖo tame vɔ̃ aɖe ɖe ŋunye.’
8
Eya ta meɖe kuku, ve wò dɔla nu, elabe mí kpakple eve la míebla nu le Mawu ŋkume. Gake ne mewɔ vɔ̃ aɖe la, ekema wò ŋutɔ wum. Nu ka ta wòahiã be nàkplɔm ayi ɖade asi na tɔ́wò?”
9
Yonatan gblɔ nɛ be: “Gbeɖe, esia mava eme o. Ne menyae be tɔ́nye ɖo nugbe ɖe ŋuwò la, ɖe nyemagblɔe na wò oa?”
10
David bia Yonatan be: “Ame ka nu masee le ne tɔ́wò do dziku ɖe ŋuwò?”
11
David gblɔ na Yonatan be: “Va míyi gbedzi.” Ale wo kple eve la yi gbedzi.
12
Eyi edzi gblɔ be: “Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu nenye ɖasefo na mí! Etsɔ alo nyitsɔ ɣe alewo ɣi ne meté tɔ́nye ƒe nu me se, eye mekpɔ be eƒe dɔme trɔ ɖe ŋuwò la, madɔ ame ɖa wòava gblɔe na wò.
13
Evɔ ne wònye vɔ̃ tɔ́nye ɖo be yeawɔ wò la, ekema Aƒetɔ nefia Yonatan eye wòagafiam ɖe edzi, ne nyemegblɔe na wò eye mena nèsí yi le ŋutifafa me o fĩi. Aƒetɔ nenɔ kpli wò abe ale si wònɔ kple tɔ́nye tsã ene.
14
Ne megale agbe la, ekema nàɖe ale si Aƒetɔ lɔ̃a ame la fiam bene nyemagaku o.
15
Mègana ŋugbe si nèdo na nye aƒe be yeawɔ nyui nɛ la nabu gbeɖe o. Ne Aƒetɔ tsrɔ̃ David ƒe futɔwo dometɔ ɖe sia ɖe le anyigba dzi hã la,
16
megagblẽ nubabla si le Yonatan kple David ƒe aƒe la ya dome o. Aƒetɔ ŋutɔ nebia hlɔ̃ David ƒe futɔwo.”
17
Ale Yonatan na David gaka atam ɖe lɔlɔ̃ si wòtsɔ nɛ la dzi, elabe elɔ̃e abe eya ŋutɔ ɖokui ene.
18
Tete Yonatan gblɔ nɛ be: “Etsɔ anye Dzinu Yeye Ŋkeke Nyui. Woabia tawò le nua ɖuƒe elabe wò nɔƒe aɖi gbɔlo.
19
Le etɔ̃a gbe la, nàɖe abla ayi afi si nèbè ɖo tsã ma, eye nànɔ kpe siwo, wofɔ li kɔe le afi ma la godo.
20
Mele aŋutrɔ etɔ̃ da ge ɖo ɖe kpekɔ la gbɔ lɔƒo, abe nane medzidze da ene.
21
Emegbe madɔ ɖekakpui aɖe ɖa agblɔ nɛ be: ‘Heyi, ɖadi aŋutrɔawo.’ Ne megblɔ na ɖekakpuia be, ‘Kpɔ ɖa, aŋutrɔawo le megbewò afii. Fɔ wo vɛ’ la, ekema nàdo va, elabe ŋuwò fa eye vɔ̃ aɖeke madzɔ ɖe dziwò o. Metà Aƒetɔ gbagbe la na wò.’
22
Gake ne megblɔ na ɖekakpuia be, ‘Kpɔ ɖa, aŋutrɔawo le ŋgɔwò afi mɛ’ la, ekema dzo, elabe Aƒetɔ ŋutɔ do mɔ wò.
23
Ke le nya si nye kpli wò míegblɔ ɖo kpe edzi gome ya la, kpɔ ɖa, Aƒetɔ ana míalé eme ɖe asi ɖaa.”
24
Eya ta David yi ɖabè ɖe gbea dzi. Esi Dzinu Yeye Ŋkeke Nyui la ɖo la, fia Saul va nuɖuƒea
25
eye wòbɔbɔ nɔ teƒe si wònɔna edziedzi le glia ŋu la. Yonatan tsi tsitre eye Abner bɔbɔ nɔ Saul xa. Ke David nɔƒe ɖi gbɔlo.
26
Gake Saul megblɔ nya aɖeke gbe ma gbe o. Eƒe susu koe nye be: “Nane dzɔ ɖe David dzi ale be eŋu mekɔ o. Ẽ, anye eŋutie mekɔ o.”
27
Le Dzinu Yeye Ŋkeke Nyui ƒe evea gbe ŋdi hã la, David nɔƒe gaɖi gbɔlo. Ale Saul bia via Yonatan se be: “Nu ka ta Isai vi la meva nuɖuƒea etsɔ kple egbe siaa o?”
28
Yonatan ɖo eŋu na Saul gblɔ be: “David bia mɔ be yeayi Betlehem.
29
Ebe, ‘Meɖe kuku, ɖe mɔ nam mayi elabe míaƒe ƒomea le vɔ sa ge le dua me, eye nɔvinyewo di vevie tso asinye be manɔ eteƒe. Azɔ, ne nye nu ve le ŋuwò tututu la, ekema nà mɔm mayi aɖakpɔ ƒonyemeawo.’ Esia tae mele kplɔ̃a ŋu kple fia la o.”
30
Tete Saul do dziku helihelĩ ɖe Yonatan ŋu, eye wògblɔ nɛ be: “Wò nyɔnu gbegblẽ dzeaglã ƒe vi! Ðe nèbu be nyemenya be nètia Isai vi la tsɔ do ŋukpe ɖokuiwò kple nɔwò ƒe ama me oa?
31
Eme nekɔ na wò be, zi ale si Isai vi la le agbe la, wò ŋutɔ kple wò fiaɖuƒe la miali ke o. Eya ta dɔ ame ɖa woaɖakplɔe vɛ nam, elabe edze be wòaku godoo.
32
Ale Yonatan bia tɔ́a Saul se be: “Nu ka ta wòle be wòaku? Nu ka wòwɔ?”
33
Enumake Saul da akplɔ Yonatan be yeawui. Tete Yonatan dze sii be ye tɔ́ ɖoe kplikpaa be yeawu David.
34
Yonatan do dziku, tso le kplɔ̃ la ŋu numaɖumaɖui le ŋkekenyuia ƒe evea gbe. Exa nu ɖe David ta elabe tɔ́a do ŋukpee.
35
Le ŋufɔke la, Yonatan kplɔ ŋutsuvi sue aɖe kpe ɖe eɖokui ŋu woyi gbea dzi afi si eya kple David woɖo ɖi be yewoakpe le.
36
Egblɔ na ŋutsuvia be: “Ƒu du yi ɖadi aŋutrɔ siwo da ge mala.” Esi ŋutsuvia de asi duƒuƒu me yina la, Yonatan da aŋutrɔ ɖo ɖe eŋgɔ.
37
Ke esi ŋutsuvia ɖo afi si Yonatan da aŋutrɔ wòva dze la, Yonatan do ɣli ɖe eyome biae be: “Menye aŋutrɔ lae nye ekem le ŋgɔwò afi mɛ ɖa oa?”
38
Eyi dzi gado ɣli ɖe eyome be: “Netsɔ, ɖe abla! Mègatɔ ɖe afi ma o!” Ale ŋutsuvia fɔ aŋutrɔawo eye wòtrɔ va eƒe aƒetɔ gbɔ.
39
Ke ŋutsuvia menya nu si le edzi yim o, negbe Yonatan kple David koe nya.
40
Tete Yonatan tsɔ eƒe aʋawɔnua de ŋutsuvia si eye wògblɔ nɛ be: “Trɔ nàtsɔ wo yi dua mee.”
41
Kasia ŋutsuvia nadzo la, David do go tso anyigbeme lɔƒo, de ta agu nɛ bɔbɔ zi etɔ̃. Wogbugbɔ nu na wo nɔewo hefa avi ɖe wo nɔewo ŋu vevie. Ke David ƒe avifafa nu sẽ wu.
42
Tete Yonatan gblɔ na David be: “Heyi le ŋutifafa me, elabe mí ame eve la míeka atam na mía nɔewo le Aƒetɔ ŋkɔ me be, ‘Aƒetɔ ƒe nubabla anɔ nye kple wò, nye dzidzimeviwo kple tɔwòawo dome tegbee.’ ” Ale David tso dze mɔ eye Yonatan gbugbɔ yi dua me.
← Chapter 19
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 21 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31