bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Samuel 25
1 Samuel 25
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 24
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 26 →
1
Samuel ku, eye Israelviwo katã va kpe ta fa konyi nɛ. Emegbe woɖii ɖe eƒeme le Rama. Azɔ la, David yi gbedadaƒo si le Paran.
2
Ke ŋutsu aɖe nɔ Moan, ame si ƒe dɔwɔƒe le Karmel. Enye kesinɔtɔ si si alẽ akpe etɔ̃ kple gbɔ̃ akpe ɖeka le. Eɖanɔ fu kom na eƒe alẽwo le Karmel.
3
Ŋutsua ŋkɔe nye Nabal, eye srɔ̃a ŋkɔe nye Abigail. Nyɔnua sea nu gɔme nyuie, eye wòdze tugbe; ke ŋutsua nye ŋlɔmeetɔ, eye meɖɔ ʋu o. Etso Kaleb-ƒome me.
4
David se le gbedadaƒoa be Nabal va le fu kom na eƒe alẽwo.
5
Ale David dɔ ɖekakpui ewo tso eƒe ameawo dome be woayi Karmel-dua me aɖadi Nabal, eye woado gbe nɛ na ye.
6
Egblɔ na wo be woaɖagblɔ na Nabal be: “Xɔ̃wò David be yedo gbe na wò. Èdɔa? Aƒewòmetɔwo dɔa? Wò nuwo katã li nyuiea?
7
Ese be èle fu kom na wò alẽwo, eye wòdi be nànya be esime wò lãkplɔlawo va le mía gbɔ la, míewɔ vɔ̃ aɖeke wo o. Woƒe naneke hã mebu o va se ɖe fifi.
8
Wò ya bia wo ko, wole egblɔ ge na wò. Eya ta ve wò ɖekakpuiawo nu elabe ŋkekenyui dzie míeva. Meɖe kuku, nà nu si nàte ŋui la wò dɔlawo kple xɔ̃wò David.”
9
David ƒe dɔlaawo yi ɖagblɔ nya la na Nabal le David ŋkɔ me, eye wole esi nu kpɔm.
10
Ke Nabal ɖo nyaa ŋu azɔ na amedɔdɔawo be: “David hã? Ame ka wònye? Isai vi? Nyemese eŋkɔ kpɔ o! Kluvi geɖe le sísim le woƒe aƒetɔwo gbɔ le ŋkeke siawo me.
11
Nu ka tae matsɔ nye nuɖuɖu kple tsi kpakple lã si mewu na ame siwo le fu kom na nye alẽwo la ana ame siwo tso afi si nyemenya o?”
12
David ƒe amewo trɔ yi egbɔ eye wogblɔ nya si Nabal gblɔ na wo la nɛ.
13
Tete David ɖe gbe na wo be: “Ame sia ame nekpla eƒe yi!” Wo katã wowɔ ɖe edzi; David ŋutɔ hã kpla etɔ eye wòdze mɔ kple ame alafa ene. Ame alafa eve tsi woƒe nuwo gbɔ.
14
Nabal ƒe dɔlawo dometɔ ɖeka gblɔ na Nabal srɔ̃ Abigail be: “Kpɔ ɖa, David dɔ amewo tso gbedadaƒo ɖo ɖe míaƒe aƒetɔ gbɔ be woava do gbe nɛ, ke ɖeko wòda gbe ɖe wo gbɔ.
15
Evɔ la esime míele yiyim kpli wo le gbea dzi la, wonyo dɔme na mí ŋutɔ. Womeɖe fu na mí o, eye míaƒe nu suetɔ kekeake hã mebu o.
16
Esime míele alẽha kplɔm le wo gbɔ la, wokpɔ mía ta eye wole na mí abe gli si ƒo xlã mí ene, zã kple keli.
17
Eya ta azɔ la, bu tame le nu si nàwɔ la ŋuti, elabe woɖo nugbe ɖe míaƒe aƒetɔ kple eƒe ƒomea katã ŋuti. Míaƒe aƒetɔ la, ame vɔ̃ɖi wònye eya ta ame aɖeke mate ŋu ate ɖe eŋuti agblɔ nya aɖeke nɛ wòasee o.”
18
Tete Abigail wɔ kaba tsɔ abolo alafa eve wain lãgbalẽgolo eve, alẽ memee atɔ̃, bli tɔtɔe kilo wui adrẽ, waintsetse ƒuƒu bolo alafa ɖeka kple gbotsetsebolo alafa eve, eye wòtsɔ wo do agbae na tedziwo.
19
Egblɔ na eƒe dɔlawo be: “Mido ŋgɔ nam. Mele mia yome dze ge.” Ke megblɔ nya aɖeke na srɔ̃a Nabal o.
20
Esi wòdo tedzi ɖi abu ɖo toa xa yina la, edo go David kple eƒe amewo wogbɔna ekpe ge.
21
David gblɔ be: “Menye dɔ vlo nye esi mewɔ oa? Mekpɔ ŋutsu sia ƒe nuwo dzi nɛ le gbea dzi, eye eƒe nu suetɔ kekeake hã mebu o. Ke azɔ la, etsɔ vɔ̃ le nyui si mewɔ nɛ la teƒe ɖom nam.
22
Nenye be ŋu ke ŋdi, eye megblẽ eƒe amewo dometɔ ɖeka ɖi nyemewu o la, Mawu netsrɔ̃ nye amewo keŋkeŋ; ɖeka hɔ̃ hã megasusɔ o.”
23
Esi Abigail kpɔ David la, ewɔ kaba ɖi le tedzi la dzi eye wòbɔbɔ de ta agu.
24
Edze klo ɖe David ƒe afɔnu eye wògblɔ nɛ be: “Nye amegã, nye vodadae. Meɖe kuku, ɖo to nàse nya si le asinye.
25
Nye amegã, meɖe kuku, mègade nu eme na Nabal o tɔɔ. Ame vɔ̃ɖi wònye; eƒe ŋkɔ ɖe wòɖi eŋu. Ŋkɔa gɔmee nye movitɔ. Esi wò dɔlaawo va la, nyemekpɔ wo o.
26
Aƒetɔ xe mɔ na wò be mègawu wò futɔwo tsɔ bia hlɔ̃e o. Azɔ la metà Aƒetɔ gbagbe la na wò be ne womehe to na wò futɔwo kple ame siwo katã ɖo vɔ̃ ɖe ŋuwò abe Nabal ene o la fĩi.
27
Meɖe kuku, wòe metsɔ nunana sia vɛ na. Xɔe nàtsɔ na ame siwo kplɔ wò ɖo la.
28
Taflatsɛ, ne meda vo aɖe ɖe ŋuwò la, tsɔe kem. Aƒetɔ le nana ge naɖu fia godoo, eye wò dzidzimeviwo hã ava nɔ wò zi dzi elabe eya ŋutɔ ƒe aʋa wɔm nèle. Dzɔgbevɔ̃e aɖeke madzɔ ɖe dziwò le wò agbe me ŋkekewo katã me o.
29
Ne ame aɖe tso ɖe ŋuwò le yowòme tim be yeawu wò la, Aƒetɔ, wò Mawu la, aʋli tawò, abe ale si woʋlia ame ƒe kesinɔnu ta ene, eye ànɔ dedie. Ke wò futɔwo la, ada wo abe ale si wodea kpe aŋetu me dana ene.
30
Ne Aƒetɔ na nu nyui siwo katã ŋugbe wòdo na wò la wò pɛpɛpɛ, eye wòtsɔ wò ɖo fiae ɖe Israel nu la,
31
megave wò be yewu ame madzemadzee alo yebia hlɔ̃ na ye ɖokui o. Ne Aƒetɔ na nu nyo na wò la, meɖe kuku, ɖo ŋku dzinye.”
32
David gblɔ nɛ be: “Mikafu Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu si dɔ wò ɖa nèva do gom egbe.
33
Akpe na Mawu be wòna nunya wò le nu si nèwɔ nam egbe la ta. Elabe èva xe mɔ nam ale be nyemewu ame alo bia hlɔ̃ na ɖokuinye o.
34
Aƒetɔ xe mɔ nam be magawɔ vɔ̃ aɖeke wò o. Evɔ la metà Israel ƒe Mawu gbagbe la be, ne ɖe mèɖe abla va kpem o la, anye ne Nabal ƒe ame aɖeke masusɔ o; mawu wo katã hafi ŋu nake.”
35
David xɔ nu siwo keŋ wòtsɔ vɛ la eye wògblɔ nɛ be: “Yi aƒe le ŋutifafa me. Kpɔ ɖa, mese wò nyaawo. Mawɔ nu si nèdi la.”
36
Esi Abigail gbɔ va aƒe la, Nabal ɖo nuɖukplɔ̃ gã aɖe abe fia ene henɔ dzidzɔ kpɔm ale si wòate ŋui. Emu aha nɔ dzidzɔ kpɔm ale gbegbe be Abigail mete ŋu gblɔ nya aɖeke nɛ gbe ma gbe o.
37
Esi ŋu ke ŋdi la, Nabal ƒe mo kɔ eye Abigail gblɔ nya sia nya nɛ. Tete Nabal ƒe dzika tso enumake eye eƒe lã me tu.
38
Anɔ abe ŋkeke ewo megbe ene la, Aƒetɔ ƒo Nabal eye wòku.
39
Esi David se be Nabal ku la, egblɔ be: “Mikafu Aƒetɔ! Ebia hlɔ̃ Nabal le esi wòdzum ta, eye wòxe mɔ na nye, eƒe dɔla be magawɔ vɔ̃ aɖekee o. Aƒetɔ he to na Nabal le nuvɔ̃ɖi si wòwɔ la ta.” Emegbe la, David dɔ ame ɖa be woaɖaƒo nu kple Abigail na ye ne yeaɖe.
40
David ƒe amedɔdɔawo yi egbɔ le Karmel eye wogblɔ nɛ be: “David dɔ mí ɖe gbɔwò. Ebe míkplɔ wò vɛ nàva zu ye srɔ̃.”
41
Abigail bɔbɔ tsyɔ mo anyi gblɔ be: “Eƒe nyɔnudɔla menye. Mele klalo be maklɔ eƒe dɔlawo ƒe afɔ.”
42
Etso enumake eye wòde eƒe tedzi dzi. Nyɔnu subɔla atɔ̃ kpe ɖe eŋu eye wòdze mɔ kple David ƒe dɔlaawo eye wòyi ɖazu David srɔ̃.
43
Do ŋgɔ la, David ɖe Axinoam tso Yezreel, eye Abigail hã va zu srɔ̃a kpe ɖe eŋu.
44
Le ɣeyiɣi sia me la, Saul tsɔ via nyɔnu Mixal, ame si nye David srɔ̃ tsã la na Palti wòɖe. Palti nye Lais vi tso Galim.
← Chapter 24
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 26 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31