bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Samuel 16
1 Samuel 16
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 15
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 17 →
1
Aƒetɔ gblɔ na Samuel be: “Va se ɖe ɣe ka ɣi nàfa konyi le Saul ŋu? Megbe be magaɖu fia ɖe Israel dzi o. Kpɔ ɖa, ku ami ɖe wò lãdzo me eye nàdze mɔ ayi Betlehem. Mele dɔwòm ɖe Isai gbɔ le afi ma elabe mekpɔ fia ɖi na ɖokuinye le viawo dome.”
2
Samuel bia be: “Ale ke mawɔ ayi? Ne Saul see la, awum.” Aƒetɔ gblɔ nɛ be: Kplɔ nyivi ɖeka ɖe asi yii, eye nàgblɔ be: ‘Meva vɔ sa ge na Aƒetɔ’.
3
Kpe Yese va vɔsaƒea eye mafia nu si nàwɔ la wò. Ame si ŋkɔ mayɔ na wò la, si ami nɛ nam wòazu fia.”
4
Samuel wɔ nu si Aƒetɔ gblɔ nɛ eye wòyi Betlehem. Dumemegãwo va do goe. Vɔvɔ̃ ɖo wo eye wobia be: “Ehe nya nyui aɖe vɛ na mía?”
5
Samuel ɖo eŋu na wo be: “Ẽ, nya nyui mehe vɛ. Meva be masa vɔ na Aƒetɔ eya ta mikɔ mia ɖokui ŋu ne miava vɔsaƒea.” Ekɔ Yese kple viawo ŋu eye wòkpe wo va vɔsaƒe lae.
6
Esi wova kpe ta eye wòkpɔ Eliab la, ebu tame gblɔ na eɖokui be: “Ðikeke aɖeke meli o, Aƒetɔ ƒe ame si tututu wòbe masi ami na lae nye esi do ɖe eŋkume.”
7
Gake Aƒetɔ gblɔ na Samuel be: “Mègakpɔ eƒe dzedzeme kple eƒe atsudzɔdzɔ o, elabe megbee. Aƒetɔ mekpɔa nu abe ale si amegbetɔ kpɔnɛ la ene o; gota gome ƒe dzedzeme ko amegbetɔ kpɔna, ke ame ƒe dzime ke Aƒetɔ ya kpɔna.”
8
Ale Yese yɔ via Abinadab vɛ wòtsi tsitre ɖe Samuel ŋkume. Samuel gblɔ be: “Aƒetɔ metia eya hã o.”
9
Yese kplɔ Sama va to Samuel ŋkume. Samuel gblɔ be: “Aƒetɔ metia eya hã o.”
10
Ale Yese kplɔ via adrẽawo dome ame sia ame va to Samuel ŋkume yi, ke Samuel gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ metia wo dometɔ aɖeke o.”
11
“Viwòawo katãe nye esi le afi sia?” Yese ɖo eŋu be: “Ðevitɔ koe susɔ. Eya kplɔ alẽwo yi gbedzi.” Samuel gblɔ na Isai be: “Dɔ ame ɖa ne woaɖakplɔe vɛ, elabe míate ŋu anɔ afii anɔ lalam ʋuu va se ɖe esime eya ŋutɔ agbɔ o.”
12
Tete Yese dɔ ame ɖa woyi ɖakplɔe vɛ. Ebiã, dze ɖeka eye eƒe ŋkuwo nyakpɔna. Aƒetɔ gblɔ na Samuel be: “Tso, nàsi ami nɛ, elabe eyae.”
13
Samuel tsɔ lãdzo si me ami le, eye wòsi ami nɛ le nɔviawo katã ŋkume. Tso gbe ma gbe dzi la, Aƒetɔ ƒe Gbɔgbɔ ge ɖe David me kple ŋusẽ. Samuel tso, trɔ yi Rama.
14
Azɔ Aƒetɔ ƒe Gbɔgbɔ do le Saul me, eye gbɔgbɔ vɔ̃ tso Aƒetɔ gbɔ va wɔa funyafunyae.
15
Ale Saul ƒe subɔlawo gblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa, Mawue na mɔ gbɔgbɔ vɔ̃ wòva le fu wɔm wò.
16
Míaƒe aƒetɔ, dɔ mí ne míayi aɖadi ŋutsu aɖe si nya kasaŋkuƒoƒo aɖaŋutɔe la vɛ na wò. Ale be ne gbɔgbɔ vɔ̃ la dze dziwò la, wòaƒo kasaŋkua ne nàhaya.”
17
Tete Saul gblɔ na eƒe dɔlawo be: “Miyi ɖadi ŋutsu si nya saŋkuƒoƒo nyuie la, miakplɔ vɛ nam.”
18
Subɔlawo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Kpɔ ɖa, menya ŋutsuvi aɖe si nya kasaŋkuƒoƒo nyuie. Tɔ́a ŋkɔe nye Isai eye wòtso Betlehem. Ŋutsuvia nye aʋawɔla kalẽtɔ si nya nuƒoƒo eye wòdze ɖeka. Aƒetɔ li kplii.”
19
Ale Saul dɔ dɔlawo ɖe Yese gbɔ be woagblɔ nɛ be: “Ðo viwò David, alẽkplɔla la ɖem.”
20
Tete Yese kplɔ tedzi ɖeka, eye wòtsɔ abolo kple wain lãgbalẽgolo ɖeka kpakple gbɔ̃vi ɖeka de David si ɖo ɖe Saul.
21
Ale David va Saul gbɔ va zu eƒe subɔla. Saul lɔ̃ David ƒe nya ŋutɔ eye wòwɔe wòzu eƒe adekplɔvi.
22
Emegbe Saul dɔ ame ɖo ɖe Yese be woagblɔnɛ be: “Medi be nàɖe mɔ na David wòatsi gbɔnye asubɔm, elabe eƒe nu nyo ŋunye.”
23
Ale ɣe si ɣi gbɔgbɔ vɔ̃ la nyadze Saul dzi ko la, David tsɔa kasaŋkua ƒona eye Saul gaɖoa ame me, hayana eye gbɔgbɔ vɔ̃a dzona le edzi.
← Chapter 15
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 17 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31