bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Samuel 13
1 Samuel 13
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 14 →
1
Saul xɔ ƒe…. esime wòdze fiaɖuɖu gɔme, eye wònɔ zi dzi le Israel ƒe…. kple eve.
2
Saul tia ŋutsu akpe etɔ̃ le Israel-dukɔa me wozu asrafowo. Wo dome ame akpe eve nɔ eƒe kpɔkplɔ te le Mixmas kple Betel nutowo me le togbɛawo dzi. Ame akpe ɖeka nɔ Yonatan te le Gibea le Benyamin-nutoa me. Ke Saul ɖe asi le ame mamlɛawo ŋu be wo dometɔ ɖe sia ɖe natrɔ yi eƒe nɔƒe.
3
Yonatan ɖu Filistitɔwo ƒe asrafo siwo le Geba la dzi, eye Filistitɔwo see. Tete Saul na woku kpẽ ɖe gbeƒã le dukɔ bliboa me be Hebritɔwo nasee.
4
Israelviwo katã see be Saul wu Filistitɔwo ƒe asrafo siwo nye dzɔlawo, eye wose hã be yewoƒe nu le dzi kum na Filistitɔwo. Tete woyɔ ameawo wova ƒo ƒu ɖe Saul gbɔ le Gilgal.
5
Filistitɔwo kpe ta be yewoawɔ aʋa kple Israel. Wotsɔ tasiaɖam akpe etɔ̃, sɔdola akpe ade kple asrafo afɔzɔla siwo sɔ gbɔ abe ƒutake ene la be yewoawɔ aʋa lae. Woho va ƒu asaɖa anyi ɖe Mixmas gbɔ le Bet-Aven ƒe ɣedzeƒe lɔƒo.
6
Wodze Israelviwo dzi hemimi wo, eye esi wokpɔ be nu le yewo glom la, wo dometɔ aɖewo sí yi ɖabè ɖe agadowo kple kpetowo me. Ðewo bè ɖe kpewo dome le ʋewo kple vudowo me.
7
Ame bubuwo tso Yordan-tɔsisi la yi Gad kple Gilead nutowo me. Ke Saul ya ganɔ Gilgal ko, eye ame siwo le eyome nɔ vɔvɔ̃m ale gbegbe.
8
Elala ŋkeke adrẽ sɔŋ abe ale si Samuel ɖo nɛ la ene, ke Samuel meva ɖo Gilgal kpɔ o. Tete eyomedzelawo de asi dzodzo me le egbɔ.
9
Ale Saul gblɔ be: “Mitsɔ lã si woame asa vɔe kple esiwo woatsɔ ada akpee la vɛ nam.” Eme lã la tsɔ va sa vɔe.
10
Esa vɔa vɔ teti ko Samuel nye esi va do. Saul do go yi ɖakpee hedo gbe nɛ.
11
Ke Samuel biae be: “Nu ka nèwɔ?” Saul ɖo eŋu be: “Ameawo nɔ dzodzom le gbɔnye, eye mèva ɖo abe ale si nègblɔ nam la ene o. Hekpe ɖe esia ŋu la, Filistitɔwo va ƒo ƒu ɖe Mixmas.
12
Ale mebu be wogbɔna mía dzi dze ge le Gilgal; evɔ la, nyemebia Aƒetɔ ƒe kpekpeɖeŋu o. Eya ta mezi ɖokuinye dzi hesa numemevɔ na Aƒetɔ.”
13
Samuel ɖo eŋu nɛ be: “Èwɔ movinu. Mèwɔ ɖe se si Aƒetɔ, wò Mawu la de na wò la dzi o. Ðe nèwɔ edzi la, anye ne Aƒetɔ ana wò fiaɖuɖu nali ke le Israel-nyigba dzi tegbee.
14
Ke azɔ la, wò fiaɖuɖu manɔ anyi ɖaa o. Aƒetɔ tia ame bubu si ƒe nu dze eŋu eye wòɖoe fiae ɖe eƒe dukɔ la nu, elabe mèlé nu si wòɖo na wò la me ɖe asi o.”
15
Tete Samuel trɔ tso Gilgal yi Gibea le Benyamin-nutome. Saul xlẽ ame siwo susɔ ɖe egbɔ la, eye wole asrafo alafa ade ko.
16
Saul kple via Yonatan kpakple asrafo siwo tsi eŋu la ƒu asaɖa anyi ɖe Geba le Benyamin-nutome. Ke Filistitɔwo ƒu asaɖa anyi ɖe Mixmas.
17
Filisti-srafowo ma ɖe aʋalɔgo etɔ̃ me, eye woyi ɖanɔ nu gblẽm le Israelviwo ŋu. Aʋalɔgo ɖeka ɖo ta Ofra le Sual-nyigba dzi.
18
Evelia yi Bet-Xoron-nutome eye etɔ̃lia ɖo ta liƒo si dzi nànɔ akpɔ Zeboim-bali me kple gbedadaƒo la.
19
Azɔ nutula aɖeke menɔ Israel-nyigba blibo la dzi o. Ale Filistitɔwo bu be, ne ɖe woli la, anye ne Israelviwo atu yi kple akplɔ na wo ɖokui.
20
Ale Israelviwo dome ame sia ame yia Filistitɔwo gbɔ ɖanyrea woƒe agblenuwo, hɛ gobɛwo, akplɔwo alo fíawo.
21
Woxea ga ɖuɖu suetɔ ɖeka ɖe agblenuwo kple hɛ gobɛwo ta, eye woxea eve ɖe fíawo kple akplɔwo ta.*
22
Ale gbe si gbe wokpe aʋa la, yi alo akplɔ menɔa Israel-srafo aɖeke si o, negbe Saul kple via Yonatan si ko wonɔna.
23
Filistitɔwo dɔ asrafoha aɖe ɖa be woaɖadzɔ Mixmas todomemɔ ŋu.
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 14 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31