bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Samuel 29
1 Samuel 29
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 28
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 30 →
1
Filistitɔwo ƒo woƒe aʋakɔwo katã nu ƒu ɖe Afek, esime Israelviwo ƒu asaɖa anyi ɖe vudo si le Yezreel-bali me la gbɔ.
2
Filistitɔwo ƒe aʋakplɔlawo zɔ kple woƒe amewo hatsotso alafalafa kple hatsotso akpeakpe va yi. Ke David kple eƒe amewo ho le megbe kple fia Axis.
3
Esi Filistitɔwo ƒe aʋakplɔlawo kpɔ wo la, wobia be: “Nu ka dim Hebritɔ siawo va le le afii?” Axis ɖo eŋu be: “Miedze si David oa? David, Israel-fia Saul ƒe dɔlae. Eva le gbɔnye ƒè geɖee nye esi. Tso esime wòʋu va le gbɔnye va se ɖe egbe la, mewɔ nu masɔmasɔ aɖeke mekpɔ kpɔ o.”
4
Ke Filistitɔwo ƒe aʋakplɔlaawo do dziku ɖe eŋu gblɔ nɛ be: “Gbugbɔe ɖo ɖe du si nètsɔ nɛ la me. Mele be wòayi aʋa la kpli mí o, elabe ate ŋu atrɔ ɖe mía ŋu le aʋaa me. Nu ka wòadi be yeawɔ adze yeƒe aƒetɔ ŋu? Ðe menye esi wòatso míaƒe ta atsɔ ayi nɛ lae oa?
5
Evɔ la, ɖe menye David si nyɔnuwo dzi ha kafu be: ‘Saul wu akpe, eye David wu akpe ewowo’ lae nye esia oa?”
6
Tete Axis yɔ David tà nu gblɔ be: “Metà Aƒetɔ gbagbe la be le nye gome la, ènye nuteƒewɔla eye àte ŋu aho aʋa kplim, míayi agbɔ, elabe tso gbe si gbe nèva gbɔnye va se ɖe egbe la, mèwɔ nu masɔmasɔ aɖeke mekpɔ kpɔ o. Ke aʋakplɔlaawo medi be nàyi kpli mí o.
7
Eya ta gbugbɔ yi aƒe le ŋutifafa me, eye mègawɔ naneke si aɖia wo nu o.”
8
David ɖo eŋu be: “Nu ka mewɔ? Nu ka nèkpɔ le ŋunye tso gbe si gbe meva gbɔwò va se ɖe fifia si wɔe be nyemate ŋu ayi kpli wò, nye aƒetɔ kple nye fia, aɖawɔ aʋa kple wò futɔwo na wò o?”
9
Axis ɖo eŋu nɛ be: “Le gbɔnye la, ɖe nèle nam abe mawudɔla ene; mokaka aɖeke mele ŋuwò o, ke fia bubuawo le gbɔgblɔm be medze be nàyi aʋa la kpli mí o.
10
Eya ta etsɔ la, wò kple wò ameawo katã mifɔ ŋdi kanya miadzo hafi ɣe nadze.”
11
Tete David kple eƒe ameawo fɔ ŋdi kanya eye wodze mɔ hegbugbɔ yi Filistitɔwo ƒe anyigba dzi; ke Filistitɔwo ho yi Yezreel.
← Chapter 28
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 30 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31